Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMOWO 135-141

Wowɔ Mí Nukutɔe

Wowɔ Mí Nukutɔe

David de ŋugble tso kpeɖodzi siwo dze le Mawu ƒe nuwɔwɔwo me siwo ɖee fia be nɔnɔme nyuiwo le Mawu si la ŋu. David subɔ Yehowa kple kakaɖedzi le eƒe agbe me.

Esi David de ŋugble tso nuwɔwɔwo ŋu vevie la, eʋãe wòkafu Yehowa gblɔ be:

139:14

  • “Mekafu wò, elabena ale si nèwɔm la dzi ŋɔ eye wòwɔ nuku”

139:15

  • “Nye ƒuwo mele ɣaɣla ɖe wò esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, esime wolɔ̃ nye ŋutinuwo ɖe wo nɔewo me le anyigba tume o”

139:16

  • “Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe; eye woŋlɔ eŋu nuwo katã ɖe wò agbalẽ me”