Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ne Ðevie Va Ʋu Ʋɔa

Ne Ðevie Va Ʋu Ʋɔa

Ne ɖevi aɖee va ʋu ʋɔa la, ele be míagblɔ nɛ be wòayɔ edzilawo vɛ. Esia fia be míede bubu edzilawo ŋu. (Lod 6:20) Ne ɖevia gblɔ be míge ɖe eme la, mele be míage ɖe eme o. Ne edzilawo mele aƒea me o la, míatrɔ ayi ɣebubuɣi.

Ne ɖevia tsi, ɖewohĩ exɔ ƒe 15 va ɖo 19 gɔ̃ hã la, asɔ be míabia be míaƒo nu kple edzilawo gbã. Ne edzilawo meli o la, míate ŋu abiae nenye be edzilawo ɖea mɔ nɛ wòtiaa agbalẽ siwo wòdi be yeaxlẽ. Ne woɖea mɔ nɛ la, ekema míate ŋu atsɔ míaƒe agbalẽawo dometɔ aɖe anɛ alo ahe eƒe susu ayi jw.org dzi.

Ne míetrɔ yi sɔhɛ aɖe si tsɔ ɖe le nyaa me gbɔ la, ele be míabia be míaƒo nu kple edzilawo gbã. Esia aʋu mɔ na mí be míaɖe susu si ta míeva wo gbɔ me na edzilawo eye míatsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le le Biblia me si aɖe vi na ƒomewo la afia wo. (Ps 119:86, 138) Ne míebu edzilawo ŋu hede bubu wo ŋu alea la, anye ɖaseɖiɖi nyui na wo eye wòaʋu mɔ bubuwo na mí be míagblɔ nya nyuia na ƒomea.—1Pe 2:12.