Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMO 119

‘Nɔ Agbe Ðe Yehowa Ƒe Se La Nu’

‘Nɔ Agbe Ðe Yehowa Ƒe Se La Nu’

Hafi míate ŋu anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe se la nu la, ele be míaɖe mɔ Mawu ƒe sea nafia mɔ mí. Abe hakpalaa ene la, Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo hã ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe se la ŋu henɔ agbe ɖe enu la ŋu.

Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe se la nu ye nana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ

119:1-8

Yosua ka ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi bliboe. Enya be hafi yeakpɔ dzidzɔ kple dzidzedze la, ele be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo

Mawu ƒe Nya la naa dzideƒo si míehiã be míanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu la mí

119:33-40

Dzi nɔ Yeremiya ƒo eye wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Enɔ agbe tsɛ eye wòdo dzi wɔ dɔ siwo Mawu de esi

Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ naa dzi nɔa mía ƒo míeɖea gbeƒã

119:41-48

Paulo mevɔ̃ be yeagblɔ Mawu ƒe gbedeasia na amewo o. Eka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpe ɖe ye ŋu esi wònɔ gbeƒã ɖem dzinɔameƒotɔe na Nutodziɖula Felike

Teƒe siawo dometɔ kae mahiã dzideƒo le be mate ŋu aɖe gbeƒã?

  • Suku

  • Dɔ me

  • Ƒometɔwo dome

  • Teƒe bubuwo