Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

October 21-27

PSALMO 100-102

October 21-27

Hadzidzi 37 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Ŋu

(10 min.)

Wɔ nu siwo ana nàlɔ̃ Yehowa vevie (Ps 100:5; w23.03 12 ¶18-19)

Mègawɔ naneke si agblẽ wò kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa me o (Ps 101:​2, 3; w23.02 17 ¶10)

Ƒo asa na ame siwo gblẽa Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu (Ps 101:5; w11 7/15 16 ¶7-8)

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Ðe ale si mezãa Internet dzi hahoo kadodowo ate ŋu awɔe be magblẽ nye kple Yehowa dome ƒomedodoa mea?’

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 102:6—Nu ka tae hakpalaa tsɔ eɖokui sɔ kple aluge? (mwbr24.09 10 ¶3, 4)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 3)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(5 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amea gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 9 ƒe xexlẽdzesi 4)

6. Wò Dzixɔsewo Me Ðeɖe

(4 min.) Wɔwɔfia. ijwbq 129—Tanya: Ðe Wotrɔ Biblia Me Nyawoa? (th nusɔsrɔ̃ 8)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 137

7. ‘Meku Ðe Ŋuwò Eye Èvàm Goŋgoŋ’

(15 min.)

Numedzodzro. Na woaɖe VIDEOA. Eyome nàbia nya siawo:

  • Aleke Ana ɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o fia?

  • Aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) bt ta 17 ¶1-7

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 96 Kple Gbedodoɖa