Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

October 7-13

PSALMO 92-95

October 7-13

Hadzidzi 84 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Nu Vevitɔ Si Míawɔ Le Agbe Mee Nye Be Míasubɔ Yehowa!

(10 min.)

Yehowa dze be míasubɔe (Ps 92:​1, 4; w18.04 26 ¶5)

Enaa nunya eƒe amewo be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ tiatia nyuiwo (Ps 92:5; w18.11 20 ¶8)

Edea asixɔxɔ ame siwo subɔnɛ le woƒe tsitsime gɔ̃ hã la ŋu (Ps 92:​12-15; w20.01 19 ¶18)

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Nu kae le mɔ xem nam be va se ɖe fifia, nyemetsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ haɖe o?’

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 92:5—Aleke kpukpui sia ɖɔ Yehowa ƒe nunyae, eye nu kae esia fia mí? (cl 176 ¶18)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(4 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Ne èle dze ɖom kple amea la, dze agbagba nàto mɔ aɖe dzi agblɔ ale si nèvae fiaa Biblia amewo la nɛ. (lmd nusɔsrɔ̃ 5 ƒe xexlẽdzesi 3)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(3 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe si gbe tsã be woagasrɔ̃ nu kple ye o la gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 8 ƒe xexlẽdzesi 4)

6. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

(5 min.) Dzro nu me kple Biblia nusrɔ̃vi aɖe si mele ŋgɔ yim o. (lmd nusɔsrɔ̃ 12 ƒe xexlẽdzesi 5)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 5

7. Ne Sɔhɛwo Tsi Dzimaɖi Vevie

(15 min.) Numedzodzro.

Yehowa subɔlawo hã tea ŋu tsia dzimaɖi. Le kpɔɖeŋu me, David tsi dzimaɖi zi geɖe le eƒe agbe me, eye nenema kee mía nɔvi geɖewo hã tsia dzimaɖi egbea. (Ps 13:2; 139:23) Nublanuitɔe la, sɔhɛwo gɔ̃ hã tsia dzimaɖi. Ɣeaɖewoɣi la, gbe sia gbe dɔwo abe sukudede alo kpekpeawo dede ene gɔ̃ hã tia kɔ na wo. Dzimaɖitsitsi ate ŋu ana woatsi dzodzodzoe alo woadi be yewoawu yewo ɖokui.

Mía nɔvi sɔhɛwo, ne edzɔ be mietsi dzimaɖi vevie la, migblɔe na mia dzilawo alo nɔvi aɖe si tsi eye wòate ŋu akpe ɖe mia ŋu. Azɔ hã, dze agbagba nàdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. (Flp 4:6) Eye ka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò. (Ps 94:​17-19; Yes 41:10) Bu Steing ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.

Na woaɖe VIDEOA: Yehowa Léa Be Nam. Eyome nàbia nya siawo:

• Mawunyakpukpui kae kpe ɖe Steing ŋu, eye nu ka tae?

• Aleke Yehowa lé be nɛ?

Dzilawo, miate ŋu akpe ɖe mia viwo ŋu woanɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu ne miegbɔa dzi ɖi ɖoa to wo nyuie, ne mieɖenɛ fiana wo be mielɔ̃ wo, eye miekpena ɖe wo ŋu be woaka ɖe edzi be Yehowa hã lɔ̃ wo. (Tit 2:4; Yak 1:19) Bia Yehowa be wòana akɔfafa kple ŋusẽ si nèhiã la wò be nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu.

Ðewohĩ mímanya ne nɔvi aɖe le hamea me tsi dzimaɖi vevie o, eye ne míeganya hã la, ɖewohĩ mímanya ale si tututu wòle sesem le eɖokui me o. Gake míate ŋu akpe ɖe ame siwo katã le hamea me ŋu woakpɔe be míelɔ̃ yewo eye yewole vevie.—Lod 12:25; Heb 10:24.

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 81 Kple Gbedodoɖa