Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

September 16-22

PSALMO 85-87

September 16-22

Hadzidzi 41 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Gbedodoɖa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi

(10 min.)

Bia Yehowa be wòana nàkpɔ dzidzɔ (Ps 86:4)

Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ nuteƒe (Ps 86:​11, 12; w12 5/15 25 ¶10)

Ka ɖe edzi be Yehowa aɖo wò gbedodoɖawo ŋu (Ps 86:​6, 7; w23.05 13 ¶17-18)


BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Ne mele nɔnɔme sesẽwo me tom la, ɖe medoa gbe ɖa ɣeyiɣi didi eye medonɛ ɖa enuenu wu tsã?’—Ps 86:3.

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 86:11—Nu kae David ƒe gbedodoɖa ɖe fia tso míaƒe dzia ŋu? (mwbr24.09 3 ¶5)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amea gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 3 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(4 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ame aɖe si nèɖo dze kplii va yi eye wòtsi dzi ɖe nyadzɔdzɔ aɖe ŋu la gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 7 ƒe xexlẽdzesi 4)

6. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

(5 min.) lff nusɔsrɔ̃ 15 ƒe numedzodzro 5. Màte ŋu ava srɔ̃ nu kple wò nusrɔ̃via le kwasiɖa si gbɔna me o. Dzro ɖoɖo si nèwɔ ɖe eƒe nusɔsrɔ̃a ŋu la me kplii. (lmd nusɔsrɔ̃ 10 ƒe xexlẽdzesi 4)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 83

7. Mègana Ta O!

(5 min.) Numedzodzro.

Na woaɖe VIDEOA. Eyome nàbia nya siawo:

  • Nu ka tae míedina be míana ta ɣeaɖewoɣi le gbeƒãɖeɖedɔa me?

  • Nu ka tae mele be míana ta o?

8. Yi Edzi Nànɔ Biblia Nusɔsrɔ̃ Dom Ðe Amewo Gbɔ!

(10 min.) Numedzodzro.

Le ɣleti sia ƒe gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa me la, ɖe nèzã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadzaa tsɔ dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖea? Ne nenemae la, ke ɖikeke mele eme o be esia de dzi ƒo na gbeƒãɖela bubuwo eye wòna wò ŋutɔ hã nèle dzidzɔ kpɔm. Gake ne mèkpɔ dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖeke haɖe o la, ɖewohĩ àsusu be yeƒe dɔa mele ku tsem o. Nu kae nàte ŋu awɔ ne esia na dzi ɖe le ƒowò?

Na woaɖe WƆWƆFIA ƑE VIDEOA: ‘Míeɖenɛ Fiana Be Míenye Mawu Subɔlawo Ne Míegbɔa Dzi Ði’—Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me. Eyome nàbia nya siawo:

  • Ne edze abe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa mele ku tsem o ene ɖe, aleke 2 Korintotɔwo 6:​4, 6 akpe ɖe mía ŋu?

  • Ne ewɔna na wò abe ke ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple amewo zu dzodzro ene la, asitɔtrɔ kawoe nàte ŋu awɔ?

Ðo ŋku edzi be menye ame agbɔsɔsɔ si míesrɔ̃ Biblia kplii ye ana míakpɔ dzidzɔ o. Ke boŋ enyanya be míaƒe agbagbadzedzewo dzea Yehowa ŋu ye nana míekpɔa dzidzɔ. (Lk 10:​17-20) Eya ta yi edzi nàkpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa me bliboe, esi nènyae be “[yeƒe] agbagbadzedze le Aƒetɔ la me menye dzodzro o”!—1Ko 15:58.

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 39 Kple Gbedodoɖa