Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

September 2-8

PSALMO 79–81

September 2-8

Hadzidzi 29 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Lɔ̃ Yehowa Ƒe Ŋkɔ Gã La

(10 min.)

Mègawɔ naneke si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ o (Ps 79:9; w17.02 9 ¶5)

Yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la (Ps 80:18; ijwbv 3 ¶4-5)

Yehowa aɖo eteƒe na ame siwo ɖoa toe le esi wolɔ̃ eƒe ŋkɔ la ta (Ps 81:​13, 16)

Be míaƒe agbenɔnɔ nakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu la, ele be míana amewo nanya be eƒe Ðasefowoe míenye

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 80:1—Nu ka tae wozãa Yosef ƒe ŋkɔ tsɔ ɖɔa Israel-toawo ɣeaɖewoɣi? (mwbr24.09 1 ¶4, 5)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(1 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amea gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 4 ƒe xexlẽdzesi 4)

5. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amea gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 4 ƒe xexlẽdzesi 3)

6. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(2 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amea gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 3 ƒe xexlẽdzesi 3)

7. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(5 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ame aɖe si tsɔ ɖe le eme gake melɔ̃ tsã be woasrɔ̃ Biblia kple ye o la gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 8 ƒe xexlẽdzesi 3)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 10

8. “Woakɔ Nye Ŋkɔ Ŋu”

(15 min.) Numedzodzro.

Satana dze Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu gbegblẽ gɔme tso Eden-bɔa me ke. Tso ɣemaɣi la, Yehowa ƒe ŋkɔa ta ʋiʋli ye nye nya vevitɔ si dze ŋgɔ amegbetɔwo kple mawudɔlawo.

Bu alakpanya vɔ̃ɖi siwo Satana gblɔ tso Yehowa ŋu la dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ. Etso Yehowa nu be enye dziɖula malɔ̃ame si ƒe nya me sẽ. (1Mo 3:​1-6; Hio 4:​18, 19) Egblɔ be ame siwo subɔa Yehowa la melɔ̃e ŋutɔŋutɔ o. (Hio 2:​4, 5) Ena ame miliɔn geɖewo xɔe se gɔ̃ hã be menye Yehowae wɔ nu dzeani siwo le xexea me o.—Ro 1:​20, 21.

Aleke alakpanya mawo nana nèsena le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be, wonana nèdina be yeaʋli Yehowa ta! Yehowa nyae be yeƒe amewo adi be yewoakɔ yeƒe ŋkɔa ŋu. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 29:23.) Aleke nàwɔ esiae?

  • Kpe ɖe amewo ŋu be woava nya Yehowa ahalɔ̃e. (Yh 17:​25, 26) Nɔ dzradzraɖo ɖi be nàkpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be Mawu li eye woade dzesi eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo.—Yes 63:7

  • Lɔ̃ Yehowa kple wò dzi blibo. (Mt 22:​37, 38) Wɔ Yehowa ƒe sewo dzi, menye le esi woaɖe vi na wò ta ko o, ke boŋ le esi nèdi be yeado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ta.—Lod 27:11

Na woaɖe VIDEOA: Wò Lɔlɔ̃ Nu Megatsi Gbeɖe O . . . Ne Èle Ame Mavɔ̃mawuwo Dome Le Suku Gɔ̃ Hã. Eyome nàbia nya siawo:

  • Aleke Ariel kple Diego ʋli Yehowa ƒe ŋkɔa tae?

  • Nu kae kpe ɖe wo ŋu be wote ŋu ʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta?

  • Aleke nàte ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua?

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 90 Kple Gbedodoɖa