Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

September 23-29

PSALMO 88-89

September 23-29

Hadzidzi 22 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Yehowa Ƒe Dziɖuɖue Nye Nyuitɔ

(10 min.)

Yehowa ƒe dziɖuɖu doa dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ɖe ŋgɔ (Ps 89:14; w17.06 28 ¶5)

Yehowa ƒe dziɖuɖu ana amewo nakpɔ dzidzɔ vavãtɔ (Ps 89:​15, 16; w17.06 29 ¶10-11)

Yehowa ƒe dziɖuɖu anɔ anyi tegbee (Ps 89:​34-37; w14 10/15 7 ¶14)

Ŋugbledede le ale si Yehowa ɖua dzi le mɔ nyuitɔ kekeake nu ŋu akpe ɖe mía ŋu be ne woƒoe ɖe mía nu be míade dunyaheha aɖe dzi la, míawɔe o

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 89:37—Vovototo kae le nyateƒetɔnyenye kple nuteƒewɔwɔ dome? (cl 281 ¶4-5)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ame aɖe si menye Kristotɔ o la gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 5 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(4 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Gblɔ na amea be yedi be yeawɔ ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewo wòakpɔ. (th nusɔsrɔ̃ 9)

6. Wò Dzixɔsewo Me Ðeɖe

(5 min.) Nuƒo. ijwbq 181—Tanya: Nu Ka Ŋue Biblia Ƒo Nu Tsoe? (th nusɔsrɔ̃ 2)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 94

7. Yehowa Ƒe Nudidiwoe Nye Nyuitɔ

(10 min.) Numedzodzro.

Ame geɖewo bua Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo le gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu be wonye blemanyawo eye wole kpaɖii akpa. Ðe wò ŋutɔ nèka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ aɖe vi na wò ɣesiaɣia?—Yes 48:​17, 18; Ro 12:2.

Biblia fia mí be ame siwo ŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe sewo dzi la “[manyi] Mawu Fiaɖuƒe la dome o.” (1Ko 6:​9, 10) Gake vɔvɔ̃ na esia ta koe wòle be míawɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzia?

Na woaɖe VIDEOA: Nu Si Tae Xɔse Le Asinye—Mawu Ƒe Nudidiwo Alo Tɔnye? Eyome nàbia be:

  • Aleke Mawu ƒe nudidiwo kpɔa mía tae?

8. Miaƒe Nuhiahiãwo

(5 min.)

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) bt ta 15 ¶15-20

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 133 Kple Gbedodoɖa