Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋudodo Na Ame—Wohe Nya le Eŋu Ɣeyiɣi Didi Aɖe

Ʋudodo Na Ame—Wohe Nya le Eŋu Ɣeyiɣi Didi Aɖe

Ʋudodo Na Ame—Wohe Nya le Eŋu Ɣeyiɣi Didi Aɖe

“Nenye atike yeyee ʋumenugbagbevi dzĩwo nye egbea la, anye ne asesẽ ŋutɔ be woaɖe mɔ ɖe ezazã ŋu.”—Ðk. Jeffrey McCullough.

LE ƑE 1667 ƒe vuvɔŋɔli me la, wokplɔ aɖaʋatɔ vloe aɖe si ŋkɔe nye Antoine Mauroy va Jean-Baptiste Denis si nye France Fia Louis XIV ƒe atikewɔla xɔŋkɔ gbɔe. Denis kpɔ “dɔdamɔnu” nyuitɔ na Mauroy ƒe dɔlélea—edo nyivi ƒe ʋu, si wòbu be ana yeƒe dɔnɔa ƒe mo nakɔ nɛ. Gake Mauroy ƒe mo mekɔ o. Ke esi wodo ʋu nɛ zi evelia la, eƒe nɔnɔmea ka ɖe eme. Gake eteƒe medidi o, Franse-ŋutsu sia gadze aɖaʋa ake eye wòku emegbe kpuie.

Togbɔ be wova kpɔe emegbe be aɖi wuame aɖee wu Mauroy hã la, lã ƒe ʋu si Denis do na amegbetɔ la na nyahehe sesẽ aɖe do mo ɖa le France. Mlɔeba le ƒe 1670 me la, woxe mɔ ɖe atikewɔmɔnu ma nu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Englandtɔwo ƒe Sewɔtakpekpe, kple papa gɔ̃ hã va tsi tre ɖe eŋu. Ʋudodo na ame va bu kloe le ƒe 150 siwo kplɔe ɖo me.

Afɔku Gbãtɔwo

Wogatrɔ ɖe ʋudodo ŋu le ƒe alafa 19 lia me. Amesi xɔ ŋgɔ wogadze egɔmee nye Englandtɔ vixexeŋutinunyala James Blundell. Le esi aɖaŋu kple dɔwɔnu deŋgɔwo nɔ Blundell si—eye wòte tɔ ɖe edzi be amegbetɔwo ƒe ʋu ko woazã ta la—egagbugbɔ ʋudodo vɛ.

Gake le ƒe 1873 me la, F. Gesellius, si nye ɖɔkta tso Poland de dzesi nane si na ŋɔdzi lé amewo, si wɔe be womegatsia dzi ɖe ʋudodo ŋu ale o: Amesiwo wodoa ʋu na dometɔ siwo wu afã kuna. Esi atikewɔla xɔŋkɔwo se nya sia la, wodze nuƒoƒo tsi tre ɖe atikewɔmɔnua ŋu gɔme. Ame geɖe megadina be woado ʋu na yewo o.

Azɔ le ƒe 1878 me la, Georges Hayem si nye atikewɔla tso France to dzetike aɖe si wògblɔ be woate ŋu azã ɖe ʋudodo teƒe vɛ. Kuxi aɖeke mele dzetike sia ŋu abe esiwo le ʋu ŋu ene o, meblana o, eye etsɔtsɔ zɔ mɔe le bɔbɔe. Mewɔ nuku o be ame geɖe va dze Hayem ƒe dzetike sia zazã gɔme. Nukutɔe la, eteƒe medidi hafi amewo gava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe ʋu ŋu wu o. Nukatae?

Le ƒe 1900 me la, dɔléleŋutinunyala Karl Landsteiner si tso Austria va de dzesii be ʋu ƒe hatsotso vovovoe li, eye wòkpɔe be menye ɣesiaɣie ʋu ƒe hatsotso ɖeka sɔna kple bubu o. Mewɔ nuku o be ame geɖe siwo wodo ʋu na va yi la ku! Fifia woate ŋu atrɔ nɔnɔmea, ne wonya kpɔ egbɔ be amesi le ʋua nam la ƒe ʋu sɔ kple amesi woadoe na tɔ ko. Esi atikewɔlawo va nya nusia ko la, wogava ka ɖe ʋudodo dzi—le Xexemeʋa I wɔɣi tututu.

Ʋudodo Kple Aʋawɔwɔ

Le Xexemeʋa I wɔɣi la, ɖeko wodoa ʋu na asrafo siwo xɔ abi faa. Enye nyateƒe be ʋu blana kaba, eye tsã la anye ne manya wɔ be woatsɔ ʋua ayi aʋagbedzi o. Gake le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze me la, Ðk. Richard Lewisohn, si le Mount Sinai Kɔdzi le New York City, te ŋu do atike aɖe si naa ʋu meblana o si woyɔna be sodium citrate (enye tomenu si ɖi dze) kpɔ eye wòwɔ dɔ. Ðɔkta aɖewo bu nu yeye sia si ŋu woke ɖo la be enye nukunu. Ðk. Bertram M. Bernheim, si nye atikewɔla xɔŋkɔ le eƒe ŋkekea me ŋlɔ be: “Ðeko wòwɔ abe ɖe wona ɣe la tɔ ɖi ene.”

Ʋubiabia tso amewo si va dzi ɖe edzi le Xexemeʋa II wɔɣi. Woklã agbalẽwo ɖe teƒe geɖe siwo dzi woŋlɔ nyawo ɖo be “Ðe Ʋu Fifia,” “Wò Ʋu Ate Ŋu Axɔ Ame Ðe Agbe,” kple “Etsɔ Eƒe Ʋu Na. Ðe Nàtsɔ Tɔwò Anaa?” Ame geɖe wɔ ɖe ʋunana ŋuti yɔyɔ sia dzi. Le Xexemeʋa II wɔɣi la, wona ʋu si ƒe agbɔsɔsɔme anɔ unit 13,000,000 le United States. Wobui be le London la, woxɔ ʋu si wu galɔŋ 68,500 hedo na amewo. Gake afɔku geɖe nɔ ʋudodo me abe alesi wòva dze ƒã emegbe kpuie ene.

Ʋumedɔlélewo

Le Xexemeʋa II megbe la, ŋgɔyiyi si wowɔ le atikewɔwɔ me wɔe be wote ŋu wɔa dɔ aɖewo ƒomevi si meva tame na ame kpɔ o. Eva wɔe be wova ɖo xexeame katã ƒe adzɔha si me wowɔa ga dɔlar biliɔn geɖe le la le ƒe ɖeka me, be wòana ʋu woatsɔ ado na amewo, si atikewɔlawo va dze egɔme nɔ bubum be enye atikewɔmɔnu si dzi woda asi ɖo.

Gake eteƒe medidi o dɔléle siwo tsoa ʋudodo me va de vɔvɔ̃ amewo me. Le kpɔɖeŋu me, le Korea-ʋa la wɔɣi la, amesiwo wodo ʋutsi na dometɔ 22 kloe le alafa me xɔ aklãdɔ—wode amesiwo xɔ dɔa le Xexemeʋa II lia me la teƒe etɔ̃ kloe. Kaka ƒe 1970 ƒeawo naɖo la, United States ƒe Dɔléle Nutsitsi Dɔwɔƒe bui be amesiwo aklãdɔ si woxɔ to ʋudodo me wu la ade 3,500 ƒe sia ƒe. Ame aɖewo bui be xexlẽmea wu ema zi gbɔ zi ewo.

Le ʋudodokpɔmɔnu deŋgɔ kple alesi woɖɔa ŋu ɖo le ʋunalawo tiatia me ta la amesiwo xɔa aklãdɔ si nye hepatitis-B ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ. Gake aklã me dɔlékui yeye ƒomevi aɖe si vɔ̃ɖi wu—si nye hepatitis C—va gblẽ nu ale gbegbe. Wobui be Amerikatɔ siwo ade miliɔn ene xɔ dɔlélea, eye wo dometɔ akpe alafa geɖe xɔe to ʋudodo me. Ne míagblɔe la, ʋu dodokpɔ ƒe mɔnu deŋgɔwo wɔe be hepatitis C dzi va ɖe kpɔtɔ mlɔeba ya. Gake ame aɖewo vɔ̃na be afɔku yeyewo ado mo ɖa, gake kaka woava nya la, ke etsi megbe akpa.

Afɔku Bubu: Ʋu Si Me HIV Le

Le ƒe 1980 ƒeawo me la, wova kpɔe be HIV, si nye dɔlékui si naa AIDS la ate ŋu anɔ ʋu me. Le gɔmedzedzea me la, ʋudzraɖoƒe dɔwɔlawo melɔ̃ ɖe edzi kura be dɔlékuiwo ate ŋu anɔ yewoƒe ʋuawo me o. Le gɔmedzedzea me la, wo dometɔ geɖe mexɔe se koŋ be HIV ate ŋu anɔ ʋu me o. Ðk. Bruce Evatt gblɔ be, “ɖeko wòle abe alesi ame aɖe natso tsatsaƒe le dzogbe ko ava gblɔ be, ‘mekpɔ mawudɔla’ ene. Wosee, gake womexɔe se kura o.”

Gake afɔkuwo dzɔ le dukɔ vovovowo me si ɖee fia be HIV le ʋuawo me. Wobu akɔnta be le France la, amesiwo ƒe xexlẽme ade 6,000 va ɖo 8,000 ye xɔ HIV to ʋudodo me tso ƒe 1982 vaseɖe 1985 me. Wobu akɔnta be ʋudodo mee amesiwo xɔa HIV le Afrika dometɔ 10 le alafa me kple amesiwo xɔ AIDS le Pakistan dometɔ 40 le alafa me xɔnɛ le. Egbea le dukɔ deŋgɔwo me la, ʋudodokpɔ ƒe mɔnu siwo de ŋgɔ wɔe be HIV xɔxɔ to ʋudodo me megabɔ o. Gake dɔxɔxɔ to ʋudodo me gakpɔtɔ nye kuxi le dukɔ madeŋgɔ siwo si ʋudodokpɔ ƒe mɔnuwo mele o la me.

Eyata eme kɔ be le nyitsɔ laa ƒewo me la, ame geɖe va le ŋudzedze kpɔm ɖe atikewɔwɔ kple dɔwɔwɔname ʋumazãmazãe ŋu. Gake ɖe esia nye atikewɔmɔnu bubu si me afɔku mele oa?

[Aɖaka si le axa 6]

Ʋudodo—Dzidzenu Aɖeke Mele Atikewɔlawo Si O

Le United States ɖeɖe la, wodoa ʋumenugbagbevidzĩ siwo wu unit 11,000,000 na dɔnɔ 3,000,000 ƒe sia ƒe. Le agbɔsɔsɔme gbogbo ma ta la, esɔ be woasusui be dzidzenu si dzi woazɔ ɖo pɛpɛpɛ anɔ atikewɔlawo si le ʋudonyawo me. Gake The New England Journal of Medicine gblɔ be ewɔ nuku be nuŋlɔɖi gobii aɖeke meli “si afia mɔ nyametsotso siwo woawɔ le ʋudonyawo me o.” Le nyateƒe me la, vovototo gã aɖe le alesi wozãa ʋui me, menye le ʋu si ƒomevi tututu woado ɖeɖe dzaa kple agbɔsɔsɔme si woado me ko o, ke boŋ nenye be ehiã be woado ʋua kura gɔ̃ hã. Atikewɔmagazine si nye Acta Anæsthesiologica Belgica gblɔ be “ɖɔktae atso nya me le ʋudodo ŋu, ke menye dɔnɔa o.” Le nya si le etame ta la, mewɔ nuku o be wode dzesii le numekuku aɖe si woŋlɔ ɖe The New England Journal of Medicine me be “wodoa ʋu na ame 66 le alafa me madzemadzee.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Wovanɔ ʋu biam geɖe wu le Xexemeʋa II wɔɣi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Imperial War Museum, London

U.S. National Archives photos