Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameléle Sesẽe—Egbɔkpɔnu aɖe Lia?

Ameléle Sesẽe—Egbɔkpɔnu aɖe Lia?

Ameléle Sesẽe—Egbɔkpɔnu aɖe Lia?

ESIME Chechnya dumegãwo ƒe tatɔ nɔ ŋugbe dom be yeatsi kuxia nu le eƒe Russia dukɔ si me ameléle sesẽe bɔ ɖo me la, egblɔ be: “Aboyoɖeɖeame va wu tsɔtsɔ na dukɔ bliboa, eye ele be dukɔa katã naho aʋa ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia ŋu.”

Woatsi ameléle sesẽe nua? Taɖodzinu nyui aɖee ma, gake biabiae nye, Aleke?

Agbagba Siwo Dzem Wole

Colombia dziɖuɖumegãwo ɖo adzameme 2,000, dziɖuɖua ƒe senyala 24, kple amesi akpɔ habɔbɔ siwo tsi tre ɖe ameléle sesẽe ŋu ƒe dɔwɔnawo dzi gɔ̃ hã be woatsi ameléle sesẽe nu. Le Rio de Janeiro, Brazil la, amesiwo anɔ 100,000 lɔ gbɔ tsɔ tsi tre ɖe ameléle sesẽe si do agbogbo le dua me ŋu. Le Brazil kple Colombia la, asrafohawo yi ɖalé amedzidzelawo ƒe ƒometɔwo sesẽe tsɔ wɔ wɔɖenui. Philippinestɔ aɖewo trɔ ɖe tohehe le ame ɖokui si ŋu—woƒoa amedzidzelawo wokuna!

Guatemala dziɖulawo tsɔ kufiatsotso hea toe na amedzidzelawo, eye dukplɔlaa wɔ ɖoɖo na asrafohaa be woatsi ameléle sesẽe si le dzidzim ɖe edzi la nu. Le Italy la, dziɖuɖua wɔ afɔɖeɖe sesẽwo be woatsɔ axe mɔ ɖe ameléle sesẽe nu, wode se ɖe tafexexe nu, eye wozia ga kpakple nunɔamesiwo dzi be woana ƒometɔwo nadzudzɔ tafe xexe. Italy dziɖuɖumegãwo ƒo adegbe be afɔɖeɖe siawo wɔe be ameléle sesẽe dzi ɖe kpɔtɔ. Gake tsitretsiɖeŋulawo gblɔ be ɖeko esia na be ƒometɔwo dzea agbagba be yewoakpɔ nyawo gbɔ le adzame eye esia wɔnɛ be ameléle sesẽe ŋu nya siwo ɖoa setɔwo gbɔ ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ. Dedienɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖola siwo le wo ɖokui si bu akɔnta be le nyateƒe me la, ameléle sesẽe le Italy ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve tso ƒe 1980 ƒeawo me.

Aɖaŋuɖoɖoawo Sɔ Gbɔ—Nu Ʋɛ aɖe Ko Gbɔe Wokpɔ

Le amesiwo wolé sesẽe ƒe ƒometɔ geɖe gome la, mɔnu ɖeka koe dze abe awɔ dɔ ene—si nye be woaxe fea ne woaɖe asi le woƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu kaba. Gake eŋutinunyalawo xlɔ̃ nu be ne tafea kɔ mo dzi eye woxee kaba la, amedzidzelawo abu ƒomea be vɔvɔ̃ mele wo ŋu o eye woagava dze wo dzi zi evelia. Alo ɖewohĩ woagabia tafe bubu hafi aɖe asi le amesi wolé la ŋu.

Ƒome aɖewo xe tafe siwo kɔ mo dzi hafi va nya be amea ku xoxo. Eyata eŋutinunyalawo gblɔ be mele be woaxe tafe alo aƒo asi kpli wo hafi ava kpɔ kpeɖodzi be amesi wolé la le agbe o. Kpeɖodzi mawo ate ŋu anye be amesi wolé naɖo biabia aɖe si wonya be eya koe ate ŋu aɖo eŋu la ŋu. Ƒome aɖewo biana be yewoakpɔ foto si me amesi wolé la lé nyadzɔdzɔgbalẽ yeye aɖe ɖe asi le.

Ke xɔxɔ na amea ya ɖe? Zi geɖe afɔku gãwo nɔa eme. Brian Jenkins, si nye ameléle sesẽe ŋutinunyala, gblɔ be: “Wowu ame 79 le alafa me le amesiwo katã wolé sesẽe dome esime amewo te kpɔ be woaxɔ wo le Latin America.” Gake ɣeaɖewoɣi la, wote ŋu xɔa ameawo dzidzedzetɔe.

Mewɔ nuku o be, mɔxexe ɖe ameléle sesẽe nue nye egbɔkpɔnu si ŋu ame geɖe trɔna ɖo. Menye dziɖuɖumegãwo ɖeɖekoe dzea agbagba be yewoaxe mɔ ɖe ameléle sesẽe nu o. Nyadzɔdzɔgbalẽwo fiaa amewo alesi woaƒo asa na wo léle sesẽe, alesi woadzo le ʋu si le zɔzɔm la me, kple alesi woatsɔ aɖaŋudzedze asi le amedzidzelawo nui. Avuwɔwɔ srɔ̃ƒewo naa hehe amewo le alesi woaʋli wo ɖokui ta ne wodze wo dzi me. Adzɔhawo dzraa dzesifiamɔ̃ sue aɖe si xɔ dɔlar 15,000, si woate ŋu ade ɖeviwo ƒe aɖuwo dome be wòakpe ɖe kpovitɔwo ŋu woati ɖeviawo yome ne wolé wo dzoe sesẽe. Ʋuwɔlawo wɔ ʋu siwo ate ŋu anɔ te ɖe “amedzidzedze” nu, siwo ŋu aɖiyakakamɔ̃wo, tudaƒewo, fesre siwo me tukpe metona o, ʋufɔti siwo nu meŋɔna bɔbɔe o, kple mɔ̃memiwumɔ̃wo le, be amesiwo ate ŋui naƒle.

Kesinɔtɔ aɖewo bui be ameŋudzɔlawo anye egbɔkpɔnu. Gake Francisco Gomez Lerma si nye dedienɔnɔŋutinunyala gblɔ le alesi nɔnɔmea le le Mexico ŋu be: ‘Viɖe aɖeke mele ameŋudzɔlawo ŋu o elabena wohea amewo ƒe susu vaa ame dzi eye kadodo ate ŋu anɔ woa kple amedzidzelawo dome.’

Ameléle sesẽe ƒe kuxia lolo eye wòxɔ anyinɔ ale gbegbe be edze abe naneke meli si ameƒomea ate ŋu awɔ atsɔ aɖee ɖa o ene. Ke ɖe wòfia be egbɔkpɔnu ŋutɔŋutɔ aɖeke meli oa?

Egbɔkpɔnu Li

Magazine sia hea susu yia nusi nye kuxi siawo katã si me tom amegbetɔwo le gbɔ kpɔnu adodoetɔ ɖeka kolia dzi enuenu. Egbɔkpɔnu mae nye esi dzi Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, he susu yi esime wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:10.

Edze kɔte be míehiã na xexemedziɖuɖu dzɔdzɔe si akpɔ anyigbadzitɔ vovovoawo katã ƒe nyawo gbɔ—ẽ, Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe. Esi amegbetɔwo mete ŋu ɖo dziɖuɖu ma anyi o ta la, nunya anɔ eme be míakpɔ mɔ na mía Wɔla, Yehowa Mawu. Eƒe Nya, Biblia, gblɔ be eɖo tame be yeawɔ nusia tututu.—Psalmo 83:19.

Nyagblɔɖila Daniel ŋlɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo ɖi be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Biblia ɖɔ alesi Mawu ƒe dziɖuɖu sia aɖe hlɔ̃nuwɔnawo katã, si me ameléle sesẽe hã le, ɖa vivivi.

Hehenana si Sɔ Hiã

Ðikekemanɔmee la, àlɔ̃ ɖe edzi be gɔmeɖose nyuiwo ƒaƒã ɖe amewo me nye nu vevi aɖe le ameléle sesẽe ƒe kuxia gbɔ kpɔkpɔ me. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugblẽ tso nusi ado tso eme na amegbetɔƒomea ne amesiame awɔ ɖe Biblia me nuxlɔ̃ame sia dzi ŋu kpɔ, be: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu.” (Hebritɔwo 13:5) “Miganyi naneke ƒe fe le ame aɖeke si o, negbe mia nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko.”Romatɔwo 13:8.

Àte ŋu akpɔ alesi agbe anɔ ne èlé ŋku ɖe hehenadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le le dukɔ siwo wu 230 me le xexeame katã la ŋu. Hehenadɔ sia kpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame geɖe siwo nye ŋuklẽla alo nye adzogliwo tsã la dzi. Ame aɖe si nye amedzidzela tsã gblɔ be: “Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva kpɔe be hafi madze Mawu ŋu la, ehiã be maɖe nye amenyenye xoxoa ɖa eye matsɔ yeyea ado—amenyenye si fatu eye wòɖi Kristo Yesu tɔ.”

Gake hehenadɔ nyui gɔ̃ hã mate ŋu atrɔ nuvlowɔlawo katã o, ɖewohĩ mate ŋu atrɔ ame akpa gãtɔ gɔ̃ hã o. Nukae adzɔ ɖe amesiwo gbe dzimetɔtrɔ dzi?

Nuvɔ̃wɔlawo Ðeɖe Ða

Womaɖe mɔ na amesiwo ɖoe koŋ wɔa nuvɔ̃ la be woanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo o. Biblia gblɔ be: “Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔlawo . . . kple ŋubiãlawo . . . kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, . . . ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi.”Lododowo 2:21, 22.

Mawu ƒe Se si nɔ anyi le blema gblɔ be woawu amedzidzela matrɔdzimewo. (Mose V, 24:7) Ŋubiãla, siwo me amedzidzelawo hã le, makpɔ gome aɖeke le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me o. Egbegbe hlɔ̃nuwɔlawo ate ŋu asi le amegbetɔwo ƒe setɔwo nu, gake womate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu o. Ele be nuvɔ̃wɔla siwo katã di be yewoanɔ agbe le Yehowa ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea te natrɔ woƒe agbenɔnɔ.

Edze ƒã be, ne nɔnɔme siwo hea hlɔ̃nuwɔnawo vɛ akpɔtɔ anɔ anyi la, nuvlowɔwɔ nu mayi o. Gake Mawu ƒe Fiaɖuƒea maɖe mɔ le ema ŋu o, elabena Biblia do ŋugbe be: “Eƒe fiaɖuƒe . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo,” hekpe ɖe amesiwo katã tsɔ nugbegblẽwɔwɔ ɖo dɔe ŋu. Biblia me nyagblɔɖi sia yi edzi gblɔ be Mawu ƒe Fiaɖuƒea anɔ anyi tegbee. (Daniel 2:44) Wò ya bu tɔtrɔ siwo gbegbe ava ŋu kpɔ!

Dzɔdzɔenyenye Xexe Yeye

De ŋugble tso Biblia me nyagblɔɖi bubu ŋu kpɔ. Eyae nye esi ɖɔ etsɔme nyuie le nya siawo me be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”Yesaya 65:21, 22.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔwo ava ɣletinyigba blibo la dzi. Agbenɔlawo katã ase vivi na agbe bliboe, woawɔ ŋgɔyiyi le woƒe dzɔdzɔmeŋutetewo me to dɔwɔna siwo me dzidzeme le wɔwɔ kple modzakaɖeɖe tuameɖowo me. Nɔnɔmewo ade ame dzi le xexeame katã ale gbegbe be ame aɖeke mabu ehavi léle sesẽe ŋu gɔ̃ hã o. Dedienɔnɔ akuakuae anɔ anyi. (Mixa 4:4) Eyata Mawu ƒe Fiaɖuƒea ana ameléle sesẽe si le ŋɔdzi dom na ame le xexeame godoo egbea nazu ŋutinya aɖe si nu va yi si dzi ame aɖeke magaɖo ŋkui akpɔ gɔ̃ hã o.—Yesaya 65:17.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

‘Ame aɖeke mado voɖi na wo o.’—Mixa 4:4