Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameléle Sesẽe—Nusiwo Henɛ Vɛ

Ameléle Sesẽe—Nusiwo Henɛ Vɛ

Ameléle Sesẽe—Nusiwo Henɛ Vɛ

AMELÉLE sesẽe va zu egbeŋkekea me dɔvɔ̃. Gake nenema ke wòle le amewuwu, amegbɔdɔdɔ sesẽe, fififi, ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu, kple ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa gɔ̃ hã gome. Nukata ŋɔdzi va le agbe me alea gbegbe, si wɔe be zi geɖe amewo vɔ̃na na dodo le aƒeme le zã me?

Nusiwo hea hlɔ̃nuwɔna siawo ƒe bɔbɔ, si me ameléle sesẽe hã le vɛ do ƒome kple nɔnɔme manyomanyo aɖewo siwo ƒo ke ɖe to le amegbetɔƒomea me. Ðe nènya be ƒe 2,000 kloe nye si va yi la, Biblia gblɔ ɣeyiɣi vɔ̃ siawo ɖia? Taflatse de ŋugblẽ tso nusi wogblɔ ɖi le Timoteo II, 3:2-5 ŋu kpɔ.

“Amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.”

Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe dzi be nya siawo siwo woŋlɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye sia ɖɔ alesi nɔnɔmea le egbea wòsɔ pɛpɛpɛ. Le míaƒe ŋkekea me la, nɔnɔme gbegblẽ siwo le amegbetɔƒomea me gado fievo ɖe edzi ale gbegbe. Eyata esɔ be ŋgɔdonya siwo wotsɔ ʋu amegbetɔƒomea ƒe nɔnɔme wɔnublanui si woɖɔ fifia nui le Biblia mee nye: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ la ava.” (Timoteo II, 3:1, NW) Mina míade ŋugble tso ameƒomea ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ gã siwo he ameléle sesẽe ƒe dɔvɔ̃a vɛ dometɔ etɔ̃ ko ŋu kpɔ.

Sea Ŋudɔwɔwɔ Ŋuti Kuxiwo

“Esi afia menya tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.”Nyagblɔla 8:11.

Dɔwɔnuwo mele kpovitɔwo ƒe ha geɖe si be woatsɔ anɔ te ɖe hlɔ̃nuwɔnawo nui o. Eyata le dukɔ geɖe me la, ameléle sesẽe nye nuvlowɔwɔ si me ga le. Le ƒe 1996 me la, Colombiatɔ siwo katã léa ame sesẽe dometɔ ʋɛ si nye alafa memama 2 ko ŋue wotsɔ nya ɖo. Le Mexico la, ne mede ɖeke o hã la, woxe ga dɔlar miliɔn 200 teti wònye tafe le ƒe 1997 me. Amedzidzela siwo le Philippines dometɔ aɖewo gɔ̃ hã xɔ gaxɔgbalẽvi siwo wotsɔ xe tafee.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɣeaɖewoɣi, nufitifitiwɔwɔ le sedɔwɔƒewo wɔnɛ be womete ŋu kpea akɔ kple nuvlowɔwɔ wòdzea edzi o. Wotsɔ nya ɖe habɔbɔ siwo tsi tre ɖe ameléle sesẽe ŋu siwo wona hehe tɔxɛe ƒe tatɔwo ŋu le Mexico, Colombia, kple dukɔ siwo nɔ tsã Soviet Union me la ŋu be woawo ŋutɔ hã léa amewo sesẽe. Blas Ople, si nye Philippines Sewɔtakpekpegã ƒe zimenɔla gblɔ le Asiaweek magazine me be akɔntabubu si tso dziɖuɖua gbɔ ɖee fia be kpovitɔwo alo asrafo siwo gale dɔ me alo esiwo xɔ dzudzɔ kpɔ gome le ameléle sesẽe siwo katã dzɔ le Philippines la dometɔ alafa memama 52 me. Wogblɔ le Mexicotɔ amedzidzela aɖe si ame geɖe nya ŋu be “ena zãnu dumemegãwo, kpovitɔwo ƒe amegãwo kple dziɖuɖua ƒe setɔwo eye wotsɔ wo ɖokui ɖo gli ƒo xlãe.”

Hiãkame Kple Hadome Numadzɔmadzɔwɔwɔ

“Eye megaɖe ŋku ɖe ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.”—Nyagblɔla 4:1.

Egbea la, ame geɖe ƒe ganyawo kple hadomegbenɔnɔ wɔ nublanui ŋutɔ, eye zi geɖe la, woawoe léa amewo sesẽe. Eyata le xexe sia si me kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome dometsotsoa le kekem ɖe enu ɖaa eye enuenu la gakpɔkpɔ to mɔ si sɔ nu mebɔ o me la, ameléle sesẽe akpɔtɔ adzro ame. Zi alesi ameteteɖeanyi li la, ameléle sesẽe anye mɔ si dzi woato awɔ wɔɖenu ahe susu yi nɔnɔme si wobu be ewu tsɔtsɔ na ame dzi.

Ŋukeklẽ Kple Amemalɔ̃malɔ̃

“Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.” (Timoteo I, 6:10) “Le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.”Mateo 24:12.

Le ŋutinya katã me la, galɔlɔ̃ na be amewo wɔ nu dziŋɔwo. Ðewohĩ wometsɔa nuwɔna vlo siwo naa amegbetɔ tsia dzi, xaa nu, eye mɔkpɔkpɔ buna ɖee dometɔ aɖeke tsaa asii de ameléle sesẽe nu o. Le ame geɖe gome la, ŋukeklẽ—si nye galɔlɔ̃—ye ƒonɛ ɖe wo nu be woasẽ ŋuta awɔ funyafunya amedzro ahawɔ fu eƒe ƒomea ŋutasesẽtɔe hena kwasiɖawo, ɣletiwo, eye ɣeaɖewoɣi hena ƒewo.

Edze ƒã be nane gblẽ le amegbetɔƒome si tea gbe ɖe ga dzi eye womebua amegbetɔ ɖe nemi me o la ŋu vevie. Ðikekemanɔmee la, nɔnɔme sia dea hlɔ̃nuwɔna ƒomevi ɖesiaɖe, si me ameléle sesẽe hã le ƒe dzi ƒo.

Ðe esia fia be míele ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” mea? Ne nenemae la, nukae esia afia na anyigba la kple míawo? Ðe kuxi dziŋɔ siawo siwo me tom amegbetɔƒomea le, si me ameléle sesẽe hã le, gbɔ kpɔnu aɖe lia?

[Aɖaka si le axa 18]

Menye Numadzɔkpɔ O

Wotsoa kufia na amesiwo léa ame sesẽe le Mose ƒe Sea te le keke ƒe alafa 15 lia D.M.Ŋ. me ke. (Mose V, 24:7) Wolé Julius Caeser sesẽe hebia tafe ɖe eta le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me, eye nenema ke wònɔ le Richard I, si nye England-fia, Kalẽtɔ la, hã gome le ƒe alafa 12 lia M.Ŋ. me. Tafe gbogbotɔ kekeake si woxe kpɔe nye sika kple klosalo tɔn 24 si Inkatɔwo tsɔ na Francisco Pizarro, si nye Spaintɔwo ƒe aʋadziɖula, be woaɖe asi le woƒe fia Atahuallpa si wolé la ŋu le ƒe 1533 me. Gake aʋadziɖulaawo tro ve nɛ wòku.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Togbɔ be kpovitɔwo li hã la, ameléle sesẽe bɔ