Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameléle Sesẽe—Wotsɔe Le Ga Wɔmee le Xexeame Katã

Ameléle Sesẽe—Wotsɔe Le Ga Wɔmee le Xexeame Katã

Ameléle Sesẽe—Wotsɔe Le Ga Wɔmee le Xexeame Katã

LE ƑE ewo siwo va yi me la, ameléle sesẽe dzi ɖe dzi ale gbegbe le xexeame katã. Nyatakaka aɖe gblɔ be tso ƒe 1968 vaseɖe 1982 me la, wolé amesiwo ƒe xexlẽme ade akpe ɖeka kloe sesẽe le dukɔ 73 sɔŋ me. Gake le ƒe 1990 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, wobu akɔnta be woléa amesiwo ade 20,000 va ɖo 30,000 sesẽe ƒe sia ƒe.

Edze abe ameléle sesẽe nye nusi va le tsia dzi na nuvlowɔla siwo le xexeame godoo tso keke Russia va do ɖe Philippines ene, eye amedzidzelawo nɔa klalo be yewoadze nusianu si me agbe le dzi. Le nudzɔdzɔ aɖe me la, wotsɔ vidzĩ si xɔ ŋkeke ɖeka ko dzoe sesẽe. Le Guatemala la, wolé nyagãɖeɖi si xɔ ƒe 84 si nɔ bunɔkeke me la dzoe sesẽe gbe asiɖeɖe le eŋu ɣleti eve sɔŋ. Le Rio de Janeiro la, ablɔdzidzoblasuwo le amewo lém sesẽe le ablɔ dzi, eye ɣeaɖewoɣi la, wobiana tafe si nye dɔlar 100 ko.

Lãwo gɔ̃ hã mele dedie o. Ƒe aɖewoe nye si va yi la, Thailand nuvlowɔla dzegowo lé dɔwɔtiglinyi si ƒe kpekpeme nye tɔn ade sesẽe eye wobia tafe si nye dɔlar 1,500 hena asiɖeɖe le eŋu. Wogblɔ le Mexico nuvlowɔhawo ŋu be wodea dzi ƒo na amesiwo ge ɖe eme yeyee be woadze egɔme kple ameŋulãwo kpakple aƒemelã bubuwo léle be woasu te nyuie hafi adze amewo ŋutɔŋutɔ léle gɔme.

Tsã la, kesinɔtɔwo koŋue amedzidzelawo tɔ ŋkui, gake fifia nɔnɔmewo trɔ. Reuters ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ameléle sesẽe va zu gbesiagbe nudzɔdzɔ le Guatemala, afisi amewo gaɖoa ŋku tsãɣeyiɣi siwo me aglãdzeha siwo tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu tɔ ŋku kesinɔtɔ ʋɛ siwo nye asitsalawo ko la dzi. Fifia ya la, kesinɔtɔ kple hiãtɔ, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, va zu nuléle na amedzidzehawo.”

Zi geɖe la, nyakakamɔnuwo ƒoa nu tso amedzidzedze siwo gbɔ eme ŋu wòdea didiƒe alesi dze, gake wokpɔa ameléle sesẽe siwo dzɔna dometɔ akpa gãtɔ gbɔ gbeƒã maɖemaɖe tso wo ŋui. Le nyateƒe me la, le susu geɖewo ta la, dukɔ aɖewo “meɖea gbeƒã ameléle sesẽe ŋu nya o.” Nyati si kplɔe ɖo adzro susu mawo dometɔ aɖewo me.

[Anyigbatata si le axa 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

MEXICO

Esi wònye woléa amesiwo ade 2,000 lɔƒo sesẽe ƒe sia ƒe ta la, wona ŋkɔ ameléle sesẽe be “dɔwɔƒe sue.”

GREAT BRITAIN

Ameléle sesẽe ŋuti nugblẽfexedɔwɔƒe si nye Lloyd’s le London la dzi eƒe nugblẽfexexe ƒe adzɔ ɖe edzi alafa memama 50 ƒe sia ƒe tso ƒe 1990 me.

RUSSIA

Le anyiehe Russia nuto si nye Caucasus me ɖeɖe dzaa la, amesiwo wolé sesẽe ƒe xexlẽme yi dzi tso 272 le ƒe 1996 me va ɖo 1,500 le ƒe 1998 me.

PHILIPPINES

“Asiaweek” gblɔ be, “ewɔ abe Philippines ye nye afisi woléa amewo sesẽe le wu le Asia.” Amedzidzelawo ƒe ha siwo wu 40 ye le dɔ dzi le afima.

BRAZIL

Woka nya ta tso amedzidzela siwo le afima ŋu be ga home si woxɔ wònye tafe le ƒe ɖeka mee nye dɔlar biliɔn 1.2.

COLOMBIA

Le nyitsɔ laa ƒe ƒeawo me la, woléa ame akpe geɖe dzonae sesẽe ƒe sia ƒe. Le May 1999 me la, aglãdzelawo lé hamevi alafa ɖeka le Misa aɖe wɔɣi dzoe sesẽe.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.