Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atikewɔwɔ Gɔmetolawo

Atikewɔwɔ Gɔmetolawo

Atikewɔwɔ Gɔmetolawo

WOGBLƆ na José si xɔ ƒe 61 tso Belgium ƒe du sue si nye Oupeye me be ehiã be woaɖe ame bubu ƒe aklã ade nɛ. Egblɔ be: “Dzidzi meƒom alea gbegbe kpɔ o.” Anɔ ƒe blane siwo va yi ko me la, womebu eŋu kpɔ gɔ̃ hã be woaɖe ame aɖe ƒe aklã ade na ame bubu o. Le ƒe 1970 ƒeawo me gɔ̃ hã la, amesiwo tsia agbe le dɔwɔwɔ ma me anɔ ame 30 le alafa me ko. Gake egbea la, aklã dede na amewo va bɔ, eye wole dzidzedze geɖe wu kpɔm.

Gake kplamatsedonu sesẽ aɖe gakpɔtɔ li. Esi wònye ʋu geɖe dona le ame ŋu ne wole aklã dem na ame ta la, zi geɖe ɖɔktawo doa ʋu na ame le dɔa wɔwɔ me. Le José ƒe subɔsubɔdzixɔsewo ta la, medi be woado ʋu na ye o. Gake edi be woade aklãa na ye. Manya wɔ oa? Ame aɖewo asusui nenema. Gake amekolagã la susui be ye kple yeƒe dɔwɔlawo yewoate ŋu awɔ dɔa wòadze edzi ʋumazãmazãe. Eye wowɔe wòdze edzi hã! Le dɔa wɔwɔ na José ƒe ŋkeke 25 pɛ ko megbe la, etrɔ yi srɔ̃a kple vianyɔnu gbɔ le aƒeme. *

Le amesiwo Time magazine yɔ be “atikewɔla xɔŋkɔwo” ƒe bibi ta la, atikewɔwɔ kple dɔwɔwɔname ʋumazãmazãe va bɔ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Gake nukatae ame geɖe va le ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu nenema? Be míaɖo biabia ma ŋu la, mina míalé ŋku ɖe ʋudodo na ame ŋuti nya siwo do mo ɖa va yi ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Yehowa Ðasefowo bua dɔwɔwɔ siwo me woɖea ame bubu ƒe ŋutinuwo ade na ame be enye nyametsotso si amesiame anɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe dzitsinya dzi awɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Le xexeame godoo la, ɖɔkta siwo wu 90,000 na wonya be yewoalɔ̃ faa awɔ atike na Yehowa Ðasefowo ʋumanɔmee