Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋu Na Amesiwo Wowɔ Funyafunyae

Kpekpeɖeŋu Na Amesiwo Wowɔ Funyafunyae

Kpekpeɖeŋu Na Amesiwo Wowɔ Funyafunyae

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE DENMARK GBƆ

“ELE BƆBƆE BE WOAYƆ DƆ ƑU SIWO GBÃ WU DƆYƆYƆ DZI SIWO GBÃ.”—Ðk. Inge Genefke.

ÐEKAKPUI aɖe nɔ tsa ɖim to ablɔ aɖe si dzi tomefafa le la dzi le Europa dugã aɖe me, eye wòtɔ sẽ be yeakpɔ adzɔnu siwo woɖo ɖe fiase aɖe me ɖa. Kasia, eƒe asiwo ƒo tititi. Eƒe klowo ʋuʋu. Elé ve na eɖokui abe nue de ve lé ge nɛ ene. Ðeko wòkpɔ kpovitɔ eve siwo le woƒe awuwo me ƒe dzedzeme to fesrea mee nye ma. Ðekakpuia meda se aɖeke dzi o, eye mewɔ naneke si ta wòle be wòavɔ̃ o. Gake kpovitɔ siwo le awu me kpɔkpɔ dzro ko, na wòɖo ŋku teƒe aɖe si le adzɔge ʋĩ kilometa geɖe kple ɣeyiɣi si nye ƒe geɖe va yi esime wowɔ funyafunyae la dzi.

Esia ate ŋu anye ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi miliɔn geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ. Ate ŋu anye ame aɖe si nènya ƒe nuteƒekpɔkpɔ. Amesi ŋu wosẽ ŋuta le vevie ate ŋu anye sitsoƒedila alo ame aɖe si ʋu va le wò nutome. Viawo ate ŋu anɔ suku dem kple viwòwo. Ðewohĩ ènyae be enye aƒelika nyanyɛ si fatu, ame ɖɔŋuɖo, ame ɖɔʋu aɖe si meƒoa nu o. Gake gotagome dzedzemewo ate ŋu aflu ame; woate ŋu atsyɔ nu ememe ƒe seselelãme si le fu ɖem na ame ma si wowɔ fui si le agbagba dzem be yeanɔ te ɖe ŋutilã kple susu me fu siwo wòkpe va yi nu, siwo dzi wòɖoa ŋkui la dzi. Nane si wòakpɔ—alo ase—ate ŋu ana wòaɖo ŋku ŋɔdzinu siwo dzɔ ɖe edzi va yi dzi. Amesiwo wowɔ fui dometɔ ɖeka ɖe eme be: “Ɣesiaɣi si mase vidzĩ ƒe avifafa la, amesiwo mese wonɔ avi fam le gaxɔa me ye vaa susu me nam. Ɣesiaɣi si mese gbe aɖe woɖi le yame ƒíam la, meɖoa ŋku atam si nɔ dzi yim nɔ anyi vam—ƒe gbe si ɖina teti hafi wòlɔam la dzi.”

Menye dunyahehe me zazɛ̃nyahelawo kple ŋɔdzidonamehawo koe wɔa funyafunya ame o. Le dukɔ geɖe me la, asrafowo kple kpovitɔwo hã wɔa funyafunya ame. Nukatae? Funyafunyawɔwɔ ame ate ŋu anye mɔ si dzi woato axɔ nyatakaka, ana woaʋu nuvɔ̃ me, axɔ agɔdzedze ŋuti ɖaseɖiɖi, alo abia hlɔ̃, si tsɔna eye wòwɔa dɔ. Ðk. Inge Genefke, si nye funyafunyawɔwɔ ame ŋutinunyala bibi, si tso Denmark, gblɔ be, le nudzɔdzɔ aɖewo me la, dziɖuɖuwo “to funyafunyawɔwɔ dzi va zi dzi eye woto edzi lé woƒe ɖoƒe ɖe te.” Ame aɖe si wowɔ fui gblɔe ale: “Wodi be yewoatu nu kplim be amewo nakpɔ nusi adzɔ ɖe wo dzi ne woƒo nu tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu.”

Le ame geɖe gome la, nukpɔsusu si nye funyafunyawɔwɔ ame haviwo nye Blukɔ Ɣeyiɣiwo me nuwɔna. Ne èbu eŋu kpɔ la, le ƒe 1948 me la Dukɔ Ƒoƒuawo da asi ɖe Xexeame Katã ƒe Gomenɔamesi Se dzi, si gblɔ be: “Mele be woawɔ funyafunya alo asẽ ŋuta, awɔ hlɔ̃donu alo asẽ tagbɔ alo ahe to na ame aɖeke gbɔɖiametɔe o.” (Sedede 5 lia) Gake eŋutinunyala aɖewo bui be, wowɔ funyafunya sitsoƒedila siwo le xexeame dometɔ siwo ade alafa memama 35. Nukata funyafunyawɔwɔ ame bɔ alea gbegbe? Aleke wògblẽa nu le amesiwo wowɔ fui ŋu, eye nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu?

Le Nudzɔdzɔa Megbe

Mewɔ nuku o be, ame geɖe siwo wowɔ fui ʋu le wo denyigba dzi va dze agbe gɔme le teƒe bubu. Gake togbɔ be nɔƒea trɔ hã la, vevesesea—ŋutilã kple susu me tɔ siaa—ya nu metsona o. Le kpɔɖeŋu me, amesi wowɔ fui ate ŋu anɔ fɔ bum eɖokui le esi mete ŋu kpɔ xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ta tso ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe wo ŋu me o ta. Azɔ̃ hã ava zu amesi magaka ɖe amewo dzi o ale gbegbe be, anɔ vɔvɔ̃m be amesiame si wòdo goe ate ŋu anye amegɔmezɔla. Agbalẽŋlɔla Carsten Jensen gblɔ be: “Amesi wowɔ fui anye amedzro tegbee. Magaka ɖe ame aɖeke dzi le xexeame akpɔ o.”

Emetsonue nye ŋutilã kple susu me bi ƒokpli si ate ŋu ado kplamatse amesi wowɔ fui kple amesiame si ate kpɔ be yeana kpekpeɖeŋui. Woate ŋu akpɔ ŋutilãmekuxiawo gbɔ bɔbɔe ɣeaɖewoɣi, gake mele nenema le susu me tɔawo gome o. Ðk. Genefke lɔ̃ ɖe edzi be: “Míebu le gɔmedzedzea me be, ‘Enyo, míada woƒe ŋutilãmedɔwo na wo—ekema woate ŋu ayi edzi anɔ agbe alesi dze.’ Gake eteƒe medidi o míeva kpɔe be veve si sem wole le dzi me lae le fu wɔm wo.” Ke hã la, Ðk. Genefke gblɔ be: “Ewɔ nuku na mí esi míeva kpɔe be míate ŋu ana gbɔdzɔe amesiwo wowɔ fui, ne ƒe geɖe va yi gɔ̃ hã.”

Le ƒe 1982 me, le Copenhagen Kɔdzi Gã la, Ðk. Genefke kple atikewɔla bubu siwo tso Denmark ɖo ƒuƒoƒo sue aɖe hena dɔdada na sitsoƒedila siwo wowɔ funyafunyae. Gɔmedzedze sue siae va keke ta zu xexeame katã ƒe kadodo si wotsɔ ŋkɔ na be Dukɔwo Dome Dɔdaƒe na Amesiwo Wowɔ Funyafunyae (IRCT). Dɔdaƒea ƒe ta si le Copenhagen, wɔa ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu le dɔdaƒe siwo wu 100 le xexeame katã. Esi ƒeawo va le yiyim la, dɔdaƒea va nya mɔ geɖe siwo dzi woato ada dɔ na amesiwo wowɔ fui.

Alesi Woana Kpekpeɖeŋui

Zi geɖe la, edea amesiwo wowɔ fui dzi be woaƒo nu tso woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu. IRCT dɔdaƒea ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Anye ƒe 20 enye si va yi la, amesiwo wowɔ fui nɔ fu kpem le susu eve ta. Gbã la, le esi wowɔ fu wo le ŋutilã alo susu me ta, eye evelia, le esi womete ŋu ƒoa nu tso eŋu o ta.”

Nyateƒee, enye nusi tena ɖe ame dzi be woaƒo nu tso tanya dziŋɔ ma gbegbe abe funyafunyawɔame ŋu. Gake ne fukpela aɖe di be yeagblɔ yeƒe nya na xɔlɔ̃ aɖe eye wògbe toɖoɖoe la, fukpelaa ate ŋu abu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ. Eyata ele vevie be woana kakaɖedzi fukpelaa be ame aɖe tsɔ ɖe le eme nɛ. Gake mele be ame aɖeke nanɔ gaglãsu dom ɖe ame bubu ƒe nya me o. Mlɔeba la, fukpela lae atso nya me le eƒe nyaa gbɔgblɔ, ɣeyiɣi si wòagblɔe, kple amesi woagblɔe na ŋu.—Lododowo 17:17; Tesalonikatɔwo I, 5:14.

Eŋutinunyala akpa gãtɔ kafui be woalé ŋku ɖe ŋutilã kple susu me kuxi siwo tsoa funyafunyawɔame me siaa ŋu. Le fukpela aɖewo gome la, eŋutinunyalawo ƒe kpekpeɖeŋu hiã le dɔa dada me. Dɔdamɔnu aɖewo bia be woafia alesi woagbɔ kple dzeɖoɖo ƒe mɔnu wo. * Zi geɖe la, ŋukpekpe ƒe seselelãme nɔa kuxi siwo gbɔ woakpɔ gbã la dome. Dɔdamɔnufiala aɖe gblɔ na nyɔnu aɖe si gbɔ wodɔ sesẽe eye woƒoe zi geɖe la be: “Ŋukpe si wònye na wò la sɔ eye gɔmesese le eŋu. Gake ɖo ŋku edzi be menye ŋukpe ye o. Amesiwo wɔ nusia ɖe ŋuwò ƒe ŋukpe ye.”

Amesiwo Tsi Agbe le Fuwɔamegaxɔ Me

Le Xexemeʋa II ŋɔli la, wowɔ gbɔɖiamenu dziŋɔwo ɖe ame miliɔn geɖe ŋu le Hitler ƒe fuwɔamegaxɔwo me. Yehowa Ðasefo akpe geɖe siwo yome woti le esi wogbe nugbegbe le woƒe subɔsubɔdzixɔsewo gbɔ ta hã nɔ amesiawo dome. Le nyateƒe me la, woƒe xɔse kpe ɖe wo ŋu wodo dzi le dodokpɔ ƒe nɔnɔme mawo me. Le mɔ ka nu?

Do ŋgɔ na Kristotɔ siawo dede ga me la, wonye Mawu ƒe Nya srɔ̃la ɖɔŋuɖowo. Eyata esi dodokpɔwo va la, wometɔtɔ o, azɔ hã womebu fɔ Mawu esi woƒe fukpekpewo mewu enu enumake o. To Ðasefoawo ƒe Biblia sɔsrɔ̃ me la, wonya nusita Mawu ɖea mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu kple alesi wòaɖee ɖa le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Biblia sɔsrɔ̃ na wonya be Yehowa “lɔ̃a nya dzɔdzɔe” eye be edoa dziku ne amewo te wo havi amegbetɔwo ɖe anyi.—Psalmo 37:28; Zaxarya 2:12, 13.

Gake ele na fuwɔamegaxɔ me gbetsila siawo dometɔ geɖe be woanɔ te ɖe woƒe nuteƒekpɔkpɔa me tsonu gbãdzinamewo nu le nudzɔdzɔa megbe. Le esia wɔwɔ me la, wokpɔ ŋusẽdodo geɖe hã to wɔwɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi me. Esime Paulo nɔ fu kpem le Roma-gaxɔ me, si nye nɔnɔme si ana wòatsi dzimaɖi vevie la, eŋlɔ agbalẽ na haxɔsetɔwo be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 1:13; 4:6, 7.

To Biblia sɔsrɔ̃ me la, nuteƒewɔla siawo srɔ̃e be Mawu do ŋugbe be yeawɔ anyigba wòanye paradiso, afisi gbɔɖiamenuwɔna veame siwo me funyafunyawɔame hã le nu ayi keŋkeŋ le mlɔeba.

Yehowa Ðasefowo le mɔkpɔkpɔ sia si wotu ɖe Biblia dzi la ŋu nya gblɔm na amesiwo le woƒe nutowo me le dukɔ siwo wu 230 sɔŋ me. Xexeame ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒe nɔnɔmewo na wova ke ɖe ame geɖe siwo kpe fu le amegbetɔ ƒe ŋutasesẽ le ehavi ŋu ta ŋu. Ne Ðasefoawo ke ɖe amesiwo wowɔ funyafunyae ŋu la, wodzea agbagba gblɔa Biblia ƒe ŋugbedodo le etsɔme nyui aɖe ŋu la ŋuti nya na wo. Aleke gbegbe dzi dzɔa woe nye si be yewoakaka nyanyuia le etsɔme ɣeyiɣi si me funyafunyawɔame nu ayi le ŋu!—Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Nyɔ! mekafua atikewɔmɔnu ƒomevi aɖe koŋ o. Ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be atikewɔwɔ si yewoatia metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]

“MELE BE WOAWƆ FUNYAFUNYA ALO ASẼ ŊUTA, AWƆ HLƆ̃DONU ALO ASẼ TAGBƆ ALO AHE TO NA AME AÐEKE GBƆÐIAMETƆE O.”—Sedede 5 lia, Xexeame Katã ƒe Gomenɔamesi Se

[Aɖaka si le axa 25]

ALESI NÀTE ŊU AKPE ASI ÐE EŊUI

NE ÈNYA AME AÐE SI WOWƆ FUI ETEƑE MEDIDI O LA, ÀTE ŊU AWƆ AÐAŊUÐOÐO SIWO GBƆNA ŊUDƆ:

● Se veve ɖe eti. Àte ŋu agblɔ be: “Menya be xaxa geɖe le dukɔ si me nètso la me. Aleke miele te nɔm ɖe wo nui?”—Mateo 7:12; Romatɔwo 15:1.

● Mègabia nyae le nusianu ŋu tsitotsito alo ate tɔ ɖe edzi be yeana kpekpeɖeŋui kokoko o. Ke boŋ ɖe lɔlɔ̃ kple ameŋububu fiae. Na amesi wowɔ fui nakpɔe be nèlɔ̃ faa be yeaɖo to.—Yakobo 1:19.

● Menye nusianu mee nàna kpekpeɖeŋui le o. Mègada fukpelaa ɖe anyi alo ade nu eƒe nyawo katã me o. Susuae nye be nàtsɔ fukpelaa ƒe agbawo ɖe eti, menye be nàte kpɔ be yeaxɔe atsɔ nɛ keŋkeŋ o.