Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kuxi Sesẽ Aɖe Na Vidada Siwo Ŋu AIDS Le

Kuxi Sesẽ Aɖe Na Vidada Siwo Ŋu AIDS Le

Kuxi Sesẽ Aɖe Na Vidada Siwo Ŋu AIDS Le

EVA hiã be Cynthia, * si nye nyɔnu aɖe le West Indies nawɔ tiatia le nonana via kple atukpa me nuɖuɖu nanae dome. Edze abe ele be nyametsotsoa wɔwɔ nanɔ bɔbɔe nɛ ene. Ne èbu eŋu la, ƒe bla nanewoe nye esia si lãmesẽŋutinunyalawo dea dzi ƒo na amewo be vidada ƒe notsie nye vidzĩwo ƒe “lãmesẽnuɖuɖu nyuitɔ kekeake.” Gakpe ɖe eŋu la, anɔ bɔbɔe be mitsinyedɔwo nawu vidzĩ siwo wonaa atukpa me nuɖuɖue le nuto siwo me ahedada le la zi gbɔ zi 15 wu esiwo wonaa noe. Le nyateƒe me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha (UNICEF) ka nya ta be kuxi siwo tsoa nuɖuɖu siwo wonaa ɖeviwo ɖe notsi teƒe me la wua ɖevi siwo ade 4,000 gbesiagbe.

Le Cynthia gome la, kuxi bubu kura ŋue nyametsotso si wòle be wòawɔ ku ɖe nonana via ŋu la ku ɖo. Exɔ dɔlékui si wua ŋutilã ƒe avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo ƒe ŋutete vivivi (si nye HIV), si naa AIDS la tso srɔ̃a gbɔ. Esi Cynthia dzi vi megbe la, wogblɔ nɛ be ate ŋu adzɔ bɔbɔe be vidzĩ 1 le 7 me naxɔ dɔa to dadaa si ŋu HIV le ƒe nonanae me. * Eyata nyametsotso ɖefuname aɖe dze ŋgɔe: ana no via wòahe afɔkuwo vɛ nɛ loo alo anae atukpa me nuɖuɖu si ahe kuxiwo vɛ nɛ.

Le xexeame ƒe akpa siwo AIDS dɔvɔ̃a xɔ aƒe ɖo wu la, HIV le nyɔnu funɔ 10 ɖesiaɖe dometɔ 2 alo 3 ŋu. Le dukɔ aɖe me la, dɔlélea nɔ nyɔnu funɔ siwo katã wodo kpɔ la dometɔ siwo wu afã ŋu. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Radiodɔwɔƒe ka nya ta be, “xexlẽme tsodzikaƒoname sia de du afɔ nu na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo be woadi egbɔkpɔnu.” Be woakpɔ ŋɔdzi sia gbɔ la, habɔbɔ ade siwo le Dukɔ Ƒoƒuawo me tsɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo, agbagbadzedzewo, kple gawo ƒo ƒu, heɖo habɔbɔ ɖeka si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe HIV/AIDS ƒe Ðekawɔɖoɖo, hena ŋkɔe be UNAIDS. * Gake nusi UNAIDS va kpɔe nye be AIDS kuxia gbɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe o.

Kuxi Gbogbowo Xe Mɔ na Alesi Woakpɔ Nyawo Gbɔ Bɔbɔe

Edith White si nye nonana kple ɖeviwo ƒe HIV xɔxɔ le wo dadawo ŋu ŋutinunyala gblɔ be, lãmesẽdɔwɔlawo le aɖaŋu ɖom na vidada siwo ŋu HIV le le dukɔ deŋgɔwo me be woagana no woƒe vidzĩwo o, elabena ema wɔwɔ ana wòanɔ bɔbɔe zi gbɔ zi eve be vidzĩawo naxɔ dɔa. Edze abe susu le eme be woana vidzĩwo ƒe nuɖuɖu ɖeviawo ene. Gake le dukɔ madeŋgɔwo me—afisiwo nɔnɔme sesẽwo wɔnɛ be nya siwo dze abe wo dzi anya wɔ bɔbɔe ene la menya wɔna le o la—esesẽna be woawɔ mɔnu bɔbɔe siawo ŋudɔ.

Kuxia ɖeka tso afisi ameawo le gbɔ. Le dukɔ siwo me nonana vidzĩwo bɔ le la, nyɔnu siwo naa atukpa me nuɖuɖu wo viwo ana amewo nabu be HIV le wo ŋu. Nyɔnu ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m be ne wova nya nu tso yeƒe dɔlélea ŋu la, woabu fɔ ye, agbe nu le ye gbɔ alo aƒo ye gɔ̃ hã. Nyɔnu aɖewo siwo le nɔnɔme sia me susui be naneke meli yewoawɔ tsɔ wu be yewoana no yewoƒe vidzĩa o, be amewo naganya be HIV le yewo ŋu o.

Mɔxenu bubuwo hã gali. Le kpɔɖeŋu me, bu Magaret si xɔ ƒe 20 la ŋu kpɔ. Womedoe kpɔ be HIV dɔlélea le eŋu hã o, abe alesi womedo Uganda nyɔnu siwo le kɔƒewo me, ne mede ɖeke o la, dometɔ 95 le alafa me kpɔ o ene. Gake kuxi aɖe le Magaret ŋu. Via gbãtɔ ku, eye evelia le beli, heléa dɔ kabakaba. Magaret naa no via etɔ̃lia zi ewo gbesiagbe, togbɔ be HIV ate ŋu anɔ eŋu hã. Egblɔ be, “nyemate ŋu ana vidzĩwo ƒe nuɖuɖu vinyea akpɔ o.” Nukatae? Magaret gblɔ be vidzĩwo ƒe nuɖuɖu si woana ɖevi ɖeka ƒe asi nye ga si ƒome ɖeka kpɔna le ƒe bliboa me le eƒe kɔƒea me la teƒe ɖeka kple afã. Ne wòva eme be nuɖuɖua li woaxɔ femaxee gɔ̃ hã la, kuxia aganye alesi woawɔ akpɔ tsi nyui atsɔ awɔe wòanye vidzĩ ƒe nuɖuɖu si le dedie. *

Woate ŋu akpɔ kuxi siawo dometɔ aɖewo gbɔ ne wokpe ɖe vidada siwo ŋu HIV le ŋu be woadzra woƒe nutoa me ɖo wòanɔ dzadzɛ, eye wona wo nuɖuɖu siwo woana ɖe notsi teƒe agbɔsɔsɔme si sɔ, tsɔ kpe ɖe tsi dzadzɛ ŋu. Exɔ asia? Edze nenema. Gake ewɔ nuku be nusi ko nu mawo gbɔ kpɔkpɔ biae nye be woatsɔ nusiwo le vevie wu aɖo nɔƒe gbãtɔ, tsɔ wu ga si woatsɔ awɔe la didi. Le nyateƒe me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ka nya ta be xexeame ƒe dukɔ siwo da ahe wu la dometɔ aɖewo zãa ga geɖe ɖe aʋawɔnuwo ŋu zi gbɔ zi eve wu esi wozãna ɖe lãmesẽnyawo kple sukudede ŋu.

Ke AIDS Tikewo Ya Ðe?

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ka nya ta be atike aɖe si bɔ, eye eƒe asi hã bɔbɔ si woyɔna be AZT ate ŋu aɖe vidzĩwo ƒe HIV xɔxɔ le wo dadawo ŋu dzi akpɔtɔ ŋutɔ. To UNAIDS ƒe kpekpeɖeŋu me la, woɖiɖi atikewɔwɔ sia ƒe asi va dɔlar 50. Gawu la, AIDS-ŋutinumekulawo ɖe gbeƒãe le ƒe 1999 ƒe July me be ne wozã dɔlar 3 pɛ ko tsɔ ƒle atike si nye nevirapine na vidada siwo ŋu HIV le kple wo viwo la, edze abe ewɔa dɔ wu alesi AZT xea mɔ na HIV xɔxɔ nu ene gɔ̃ hã. Lãmesẽ ŋutinunyalawo gblɔ be nevirapine ate ŋu akpɔ vidzĩ siwo ade 400,000 ta tso HIV xɔxɔ me ƒe sia ƒe.

Gake ame aɖewo ƒoa nu tsi tre ɖe atike mawo zazã ŋu, hegblɔna be esi wònye ɖeko woxea mɔ ɖe vidzĩwo ƒe dɔa xɔxɔ le wo dadawo ŋu nu ta la, AIDS ava wu dadaa mlɔeba eye ɖevia azu tsɔ̃evi. Dukɔ Ƒoƒuawo hã he nya be ne womezãe o la, ke ɖeko woaɖe asi le vidzĩ siawo siwo mele naneke nyam o ŋu woakpe fu ʋuu ahakui. Wogahea nya be vidada siwo ŋu HIV le la nɔa agbe ƒe geɖe. Bu Cynthia si ƒe nya míegblɔ va yi ŋu kpɔ. Wogblɔ nɛ be HIV le eŋu le ƒe 1985 me, esime wòdzi vi, gake ƒe enyi megbe hafi wòva dze dɔ. Azɔ togbɔ be HIV nɔ via ŋu esime wòdzii hã la, kaka wòaxɔ ƒe eve la, meganɔ eŋu o.

Biblia ƒe ŋugbedodo fakɔnamee nye be xexe si me dedienɔnɔ le, kple AIDS dɔvɔ̃a gbɔ kpɔnu vavãtɔ tu aƒe. (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Yehowa Mawu do ŋugbe be xexe yeye aɖe ava si me “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoagblɔ alesi woakpɔ kuxia gbɔ tegbee la ŋu nya na wò. Ne èdi nyatakaka geɖe la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo alo nàte ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe o.

^ mm. 3 UNICEF ka nya ta be vidzĩ siwo ade 500 va ɖo 700 xɔa HIV gbesiagbe to wo dada siwo ŋu dɔlélea le ƒe nonanae me.

^ mm. 4 Habɔbɔ adeawoe nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ŋgɔyidɔwo Dzikpɔƒe, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amewo ƒe Agbɔsɔsɔme Gbɔkpɔha, Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ, Xexeame ƒe Gadzraɖoƒegã, kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnu Nyawo Gbɔkpɔha. Woɖo UNAIDS le ƒe 1995 me.

^ mm. 8 Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be vidzĩwo ƒe nuɖuɖu tsɔtsɔ tsaka notsi ana wòanɔ bɔbɔe wu be ɖevia naxɔ HIV, eye anɔ eme be nugbagbevi siwo awu dɔlékuiwo anɔ notsia me siwo ate ŋu ana be dɔlékuia magase atike o. Ne esia nye nyateƒe la, ke edze abe notsi ɖeɖe dzaa nana—togbɔ be afɔkuwo anɔ eme hã—anyo wu ene. Gake womeɖo kpe numekuku sia dzi haɖe o.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

WHO/E. Hooper