Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Paya—Atikutsetse si me Wokpɔa Nu Vovovowo Tsona Vavã!

Paya—Atikutsetse si me Wokpɔa Nu Vovovowo Tsona Vavã!

Paya—Atikutsetse si me Wokpɔa Nu Vovovowo Tsona Vavã!

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Colombia gbɔ

ƑE ALAFA 16 lia me Spaintɔ aʋadziɖulawo mekpɔ etɔgbe kpɔ o. Eƒe lolome kple dzedzeme le abe paya gã ene, gake eƒe amadede kpɔtɔ nyea gbemu ne eɖi hã. Eŋutitsro le bɔlɔbɔlɔ hezrɔ̃, eye wòʋẽna ɖe ƒomevii. Mlɔeba la, wova yɔe le Eŋlisigbe me be avocado (si nye paya), si woɖe tso Aztekgbe me nya ahuacatl me.

Martín Fernández de Enciso ye tsɔ paya yi Europa nutowo me zi gbãtɔ le ƒe 1519 me. Enciso kpɔ atikutsetsea le afisi nye Santa Marta, Colombia fifia, le Spaintɔwo ƒe mɔzɔzɔ yi Anyiehe Amerika zi gbãtɔawo dometɔ ɖeka me. Le anyigbayeyedidi ƒe ƒe mawo me la, Europatɔwo ɖɔ nuɖuɖu yeye geɖe kpɔ zi gbãtɔ, le paya megbe, siwo dome chocolate, bli, kple yevute hã nɔ.

Gake nuɖuɖu mawo dometɔ aɖeke menye nu yeye ŋutɔŋutɔ o. Amesiwo le Ɣetoɖoƒe Nuto siwo me yame ƒe dzoxɔxɔ nu mesẽ le akpa o nya wo eye woɖua wo ƒe alafawoe nye sia. Amesiwo nɔ nutoawo me gbã la dometɔ aɖewo dea asixɔxɔ paya ŋu ale gbegbe be wozãnɛ wònyea nunana na alɔlélawo eye wotsɔnɛ doa dzaa na amedzrowo hã.

Payawo Dodo

Egbea la, wodea payagble le teƒe geɖe siwo yame ƒe dzoxɔxɔ nu sẽ le alo afisiwo dzoxɔxɔ nu mesẽ le tututu o, siwo dome Australia, Israel, Kenya, New Zealand, North kple South America, kpakple Philippines hã le. Enye anyigba xɔdzowo dzi tikutsetse vevi siwo ade 20 siwo wotsɔ tsaa asi le xexeame katã la dometɔ ɖeka.

Gake paya ƒomevi vovovowo kaka ɖe Amerika nyigba xɔdzowo dzi, wo dometɔ aɖewo ƒe lolome le abe koklozi ene eye ɖewo lolo abe adzametre si melolo akpa o, si ade kilogram 1.8 ene. Woƒe amadede te ŋu toa vovo, tso gbemu dzi va ɖo amadede si biã dzi, eye ɖewo ƒe ŋuti le ƒlatsaƒlatsa eye ade mele wo me o, eye bubuwo tɔ hã le falɛfalɛ hezrɔ̃. Gake woate ŋu ade payagble atrɔ asi le wo ŋu bene payawo ƒe dzedzeme kple nyonyome nanye ɖeka tɔgbe.

Ne payatiawo ƒo se la, wo me yɔna kple seƒoƒo aŋutiɖiɖi akpe geɖe. Gake seƒoƒo siawo dometɔ 1 le 5,000 me koe va zua paya. Nane si le seƒoƒo siawo ŋu si mebɔ o ye nye be akpa si wɔa ʋuʋudedi si naa ati te ŋu tsena kple akpa si kena xɔa ʋuʋudedia siaa le wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Esia ate ŋu ana wòatse ku le eɖokui si hafi, ne menye asitɔtrɔlenuŋumɔnu wɔnuku aɖee le payatia me si wɔnɛ be akpa eve siawo wɔa dɔ le ɣeyiɣi vovovowo me o.

Eyata ati aɖewo ƒe seƒoƒowo kena ɖi hexɔa ʋuʋudedi ne ɣe dze le ŋdi me, eye wotuna le ɣeɖota. Emegbe seƒoƒo siawo ke gakena heʋuʋua seƒoƒo ŋu ʋuʋudediwo le fiẽ me. Ati bubu siwo le nuto ma me ya ʋuʋua ʋuʋudedi ne ɣe dze eye wokena xɔa ʋuʋudedi le fiẽ boŋ. Kutsetse dzea egɔme ne ati si le seƒoƒo ŋu ʋuʋudedi wɔm gogo ati si le ʋuʋudedi xɔm le ɣeyiɣi ma ke me. Anyiwo alo nudzodzoe bubuwo hã wɔa akpa vevi aɖe le ʋuʋudedi lɔlɔ tso ati aɖe me yi bubu me me. Eyata nuwɔwɔ aduadu ƒe kadodo nyadri aɖe le ɣe ƒe keklẽ, dzoxɔxɔ, nudzodzoewo, ya, kple teƒe si wole dome si wɔnɛ be atikutsetse sia tsena.

Nunyiame le Eme eye Eɖea Vi Geɖe

Nunyiame le paya me ŋutɔ, protein, riboflavin, niacin, potassium, kple vitamin C, sɔ gbɔ ɖe eme ŋutɔ. Wogblɔ be ne mede ɖeke o hã la, vitamin 11 kple ŋutilãtuɖonu 14 ya teti le eme. Le Central America ƒe akpa aɖewo la, wobua paya ɖuɖu kple akpɔnɔ siwo me wode lãtutui, be enye nuɖuɖu adodoe. Ami geɖe hã le paya me, eye eƒe ami de sɔsɔ ge kple amiti ƒe ami le go sia me be ami matomato si le kpekẽ ye le eme. Wozãna eƒe ami tsɔ wɔa adzalẽ kple atsyɔ̃ɖomiwo hãe.

Viɖe le payati ƒe akpa ɖesiaɖe kloe ŋu. Wotsɔa atia doa dzoe. Wozãna eƒe ku tsɔ dea ama avɔ le South America, le esi tsi si le kua me ɖina ɖe nu me ɖikaa ta. Le Philippines ƒe akpa aɖewo la, wozãna eƒe aŋgbawo tsɔ wɔa tii. Wogblɔ be woate ŋu azã atia ƒe akpa atsɔ ade ama lãgbalẽe.

Atikutsetsea Ƒeƒle Kple Eɖuɖu

Ne èyi be yeaƒle paya le asime la, mègatsɔ woƒe ŋutitsro ƒe amadede akpɔ woƒe ɖiɖime o, elabena paya ƒomevi vovovoawo ƒe amadede to vovo. Mia atikutsetsea vie kpɔ. Ne ebɔbɔ vie la, ke eɖi. Ele be woada paya ɖe teƒe si mexɔ dzo akpa o, si ya ƒona tona nyuie, eye àte ŋu ana wòaɖi kaba ne èbla wo ɖe pepa me. Woate ŋu ade wo nufamɔ̃ me, ne wofee megbe gɔ̃ hã. Dɔŋutitsi fiafiã ɖe eme le efefe megbe ana be eme mabiã ne wodae ɖi o.

Ame geɖe lɔ̃a paya ɖuɖu kple aŋutiwo alo tomato. Woate ŋu ana woalé aɖe nyuie ne wotsɔ nuvivinu alo nuʋeʋĩwo de eme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, paya léa aɖe nyuie ne wotsɔe ɖu bɔlu alo agalã, eye woate ŋu ade paya salad vovovowo me. Ame aɖewo tsɔnɛ tsakana kple atikutsetse bubuwo tsɔ wɔa nunono nyui aɖee.

Ne wotsɔ paya tsaka kple nuɖuɖuvivinuwo kpakple atadiwɔnu bubuwo tsɔ ɖu akpɔnɔe la, eléa aɖe nyuie ŋutɔ. Gake esi dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o ye nye guacamole si ame geɖe meƒoa asi o, si wotsɔa paya, tomato, sabala, atadi mumu, kple nuɖuɖuvivinuwo wɔe. Woate ŋu atsɔ atikutsetsea aɖu nuɖuɖu siwo woɖa hã, wòanye nuɖuɖua ƒe akpa aɖe. Le ema gome la, wotsɔnɛ kpena ɖe nuɖuɖua ŋu ne nua bi vɔ be dzoxɔxɔ nagaɖo eme o.

Ðewohĩ paya nye wò nuɖuɖu ƒe akpa vevi aɖe xoxo. Gake le xexeame ƒe akpa aɖewo la, anye atikutsetse dzroame tɔxɛ aɖe si mebɔ o. Ne mèɖu paya kpɔ o la, nukata màɖɔe akpɔ ne èva ke ɖe ɖe ŋu ɣebubuɣi o. Àkpɔe be atikutsetse sia si me nunyiame vovovowo le la vivina hã nyateƒe!