Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 28. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)

1. Nya kae Yesu gblɔna edziedzi be yeatsɔ ana yeƒe nyaselawo naka ɖe edzi be yeƒe nyawo nye nyateƒe? (Mateo 5:18)

2. Amekawo ŋue wogblɔ nya sia le be: “Ame ɖagbitɔ ate ŋu akpe kple ame alafa, eye ame lolotɔ ate ŋu akpe kple ame akpe”? (Kronika I, 12:8-14)

3. Ameka ƒe ŋkɔe wolɔ̃a yɔyɔ tɔ ɖe Dawid ƒe aʋawɔla kalẽtɔ siwo nye Yoab, Abisai, kple Asahel ŋu? (Samuel II, 2:18)

4. Togbɔ be woalé fu ame le Yesu ƒe ŋkɔa ta hã la, nukae wògblɔ be ele be woawɔ bene woakpɔ ɖeɖe? (Marko 13:13)

5. Viŋutsu nenie nɔ Haman si, siwo katã wowu le eƒe fuléle Yudatɔwo ta? (Ester 9:10)

6. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ ka ƒomevie tsɔ kpe xɔdzo hẽ aɖe ka Yesaya ƒe nuyiwo ŋu bene wòate ŋu agblɔ nyagblɔɖi si wode esi la? (Yesaya 6:6)

7. Amekae nye Herodes ƒe “xɔnuvi,” si srɔ̃a nyɔnu Yohana, subɔ Yesu? (Luka 8:3)

8. Agbanɔamedzinɔƒe kae Paulo de dzi ƒo na ŋutsu siwo le hamea me be woaminyã? (Timoteo I, 3:1)

9. Tɔsisi ene siwo dze tso ‘tɔsisi si do tso Eden’ me la ƒe ŋkɔwo ɖe? (Mose I, 2:10-14)

10. Nukae Paulo gblɔ be amɔwɔ ʋaʋã vi aɖe ate ŋu awɔ? (Galatiatɔwo 5:9)

11. Noa ƒe viŋutsu etɔ̃, siwo me “anyigba blibo la katã” dzi tɔwo dzɔ tso la ƒe ŋkɔwo ɖe? (Mose I, 9:18, 19)

12. Amekae nye nyagblɔɖila Samuel fofo? (Samuel I, 1:19, 20)

13. Du si sɔ na aʋawɔwɔ, si dze ŋgɔ Yezreel Bali ka mee wowɔ aʋa siwo me akpa ɖeka ɖua dzi kokoko la le? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:19)

14. Esi wokpɔ nublanui na Gibeontɔwo le woƒe aɖaŋudzedze ta la, dɔ kae wode wo si be woawɔ? (Yosua 9:21)

15. Dzesideŋkɔ kae wona nusrɔ̃la 12 siwo Yesu ŋutɔ tia? (Mateo 10:2)

16. Dzesideŋkɔ siwo nye Yesu ɖeɖeko tɔ kae wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woagatsɔ ayɔ woe o? (Mateo 23:8, 10)

17. Dukɔ ka mee Paulo ŋlɔ Hebritɔwo ƒe agbalẽa le? (Hebritɔwo 13:24)

18. Nya kae Hiob gblɔ tsɔ fia be yeku kloe? (Hiob 19:20)

19. Le blemaɣeyiɣiwo me la, afikae woɖea nuku kple atsa ɖe vovo le? (Rut 3:3)

20. Nukatae Yosef nɔviŋutsuwo lé fui? (Mose I, 37:3-11)

Biabiaawo ƒe Ŋuɖoɖowo si le axa 28

Biabiaawo ƒe Ŋuɖoɖowo

1. “Vavã mele egblɔm na mi bena”

2. Gad-to la me ŋutsu siwo ɖea abla, eye wowɔa kalẽ siwo va Dawid gbɔ le gbe dzi esime wògakpɔtɔ nɔ gbe me le Fia Saul ta.

3. Wo dada Zeruya

4. Woado dzi vaseɖe nuwuwu

5. Ewo

6. Serafi

7. Kuza

8. “Dzikpɔladɔ”

9. Pison, Gixon, Xidekel, kple Frat

10. Ana amɔwɔ blibo la katã naʋã

11. Sem, Xam, kple Yafet

12. Elkana

13. Megido

14. Wozu “nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha blibo la kpakple hena Yehowa ƒe vɔsamlekpui la”

15. Apostolowo

16. Rabi kple Kplɔla

17. Italia

18. “Nye nyè koe kpɔtɔ”

19. Lugbɔƒe

20. Elabena fofoa lɔ̃e wu, kple le drɔ̃e siwo wòku ta