Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ekpe Ðe Ŋunye Medzro Ðokuinye Me’

‘Ekpe Ðe Ŋunye Medzro Ðokuinye Me’

‘Ekpe Ðe Ŋunye Medzro Ðokuinye Me’

NENEMAE nyɔnuvi ƒe 18 vi si ŋkɔe nye Maria tso dugã si nye Cherepovets me gblɔ le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ŋu. Eŋlɔ nya siwo gbɔna ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le St. Petersburg, Russia, si didi tso Cherepovets gbɔ anɔ kilomita 400.

“Agbalẽ sia kpe ɖe ŋunye melé ŋku ɖe ɖokuinye, nye taɖodzinuwo, kple amesiwo ƒo xlãm ŋu. Mekpɔ ŋuɖoɖowo na biabia siwo le vevie nam wu ɖesiaɖe. Ŋudzedzekpɔkpɔ na mefa avi esime menɔ agbalẽa xlẽm.”

Maria gblɔ kpee be: “Ewɔ nam abe motsyɔnu aɖee woɖe le ŋku dzi nam ene, si wɔe be wòʋu azɔ le dzidzɔ ta. Agbalẽ siae nye nyuitɔ kekeake si mexlẽ kpɔ le nye agbe me. Agbalẽ aɖeke mesɔ kplii o, elabena Biblia dzie wotui ɖo, eye Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖoe nye nyuitɔ kekeake.”

Ne wò hã èdi be nyatakaka siwo le Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa me naɖe vi na ye la, ɖeka ate ŋu asu asiwò, ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu ɖo eye nèɖoe ɖe adrɛs si dze le edzi alo nèzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Miɖo agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.