Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gelulũ

Gelulũ

Gelulũ

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE AUSTRALIA GBƆ

NE ŊUTSU zã aɖabaƒoƒo atɔ̃ gbesiagbe tsɔ lũa gee hena ƒe 50 la, azã ŋkeke 63 kple gaƒoƒo ʋɛ aɖewo le eƒe agbemeŋkekewo katã me atsɔ anɔ ge lũmee! Aleke ŋutsuwo bua gbesiagbe kɔnu siae?

Nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe si ame aɖewo wɔ le wo ɖokui si ɖe nya siawo ɖe go: “Medzea ŋunye o.” “Melé fui.” “Enye agbemefuɖenamenuwo dometɔ ɖeka.” “Enye nusi wòle be woaƒo asa na ne anya wɔ.” Ne etena ɖe ŋutsu aɖewo dzi be woalũ woƒe ge la, ke nukatae wolũnɛ? Mina míasrɔ̃ nu ʋɛ aɖewo tso gelulũ ŋu. Ðewohĩ míake ɖe ŋuɖoɖoa ŋu.

Tso Gomelã ƒe Gowo Dzi Va Ðo Gelũhɛwo Dzi

Àte ŋu akpɔ alesi gomelã ƒe go tsɔtsɔ lũ ge anɔ le susu mea? Agblolui ƒe aɖu ya ɖe? Alo ɖewohĩ kpe ɖaɖɛ aɖe hã ɖe? Amegbetɔ zã aɖaŋu le gelũnuwo tiatia me wòɖe dzesi ŋutɔ! Le blema Egipte la, ŋutsuwo zãa akɔbligelũhɛ si ƒe nɔnɔme ɖi fia tsɔ lũa gee. Nyitsɔ laa, le ƒe alafa 18 kple 19 lia me la, woto hɛ si wova yɔ le Eŋlisigbe me be cutthroats wɔwɔ vɛ le Sheffield, England. Zi geɖe la, wodoa atsyã na gagelũhɛ siawo siwo xa goba hele nyenyrẽ si wobina dea asiléƒea me ne womele ezãm o. Ele be woawɔ gelũhɛ sia ŋudɔ le ŋuɖɔɖo blibo me, eye ɖikekemanɔmee la, hafi woabi ɖe wo zazã me la, wodea abi ame ŋu. Le amesiwo mebi ɖe ezazã me tututu o gome la, eŋudɔwɔwɔ le gɔmedzedzea me agbã dzi na wo. Gake ƒe alafa 20 lia he gbɔdzɔe vɛ.

Le ƒe 1901 me la, ŋutsu aɖe si nɔ United States si ŋkɔe nye King Camp Gillette to gelũnu deamedzi aɖe si ƒe hɛ woate ŋu aɖe aƒu gbe le eŋudɔwɔwɔ vɔ megbe vɛ. Eƒe nutovɛa dze ame geɖe ŋu le xexeame eye mlɔeba wova wɔ eƒomeviwo ɖe atsyã vovovowo me, si me gelũhɛ siwo wotsɔ klosalo alo sika wɔ asiléƒe na hã nɔ. Yeye siwo wowɔ nyitsɔ laa dometɔ aɖewo nye gelũhɛ blibo siwo wotsɔ ƒua gbe le ezazã megbe, gelũhɛ siwo nu hɛ eve alo etɔ̃ gɔ̃ hã nɔna, kple gelũhɛ siwo ƒe asiléƒe woate ŋu atro.

Gake esi dzi mele be woaŋe aɖaba aƒui o enye elektrik-gelũnu, siwo wote zazã zi gbãtɔ le ƒe 1931 me. Woƒe dɔwɔwɔ nyuie kple woƒe ŋkɔxɔxɔ kaka kabakaba, gake gelũhɛ ɖaɖɛ dzea ame geɖe siwo di be yewoalũ gea ƒiaƒiaƒia la ŋu wu kokoko.

Geɖoɖo Kple Gemaɖomaɖo ƒe Liɖɔɖɔ Wo Nɔewo

Tso gɔmedzedzea me ke la, geɖoɖo kple gemaɖomaɖo ɖɔlia wo nɔewo le ameƒomea ƒe ŋutinya me. Agbalẽ si nye Everyday Life in Ancient Egypt gblɔ be, blema Egiptetɔwo “melɔ̃a geɖoɖo o, eye wodana be yewoƒe mo zrɔ̃, eye wozãa gelũhɛ siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie siwo wodea lãgbalẽkotoku dzadzɛwo me.” Kɔnu sia anya ɖe nusitae Hebri-vi gamenɔla Yosef lũ ge do ŋgɔ teti na eƒe dodo ɖe Farao ŋkume la me.—Mose I, 41:14.

Asiriatɔwo nye dukɔ si me ŋutsuwo ɖoa ge etɔxɛe. Woléa be na woƒe gewo hetsia dzi ɖe eŋu dadatɔe ale gbegbe be, wonana wogɔdɔnɛ, lɔ̃nɛ, eye wotrɔa asi le eŋu na wo atsyãtɔe.

Blema Israel-ŋutsuwo ɖoa ge siwo medidi akpa o, eye wozãa gelũhɛ tsɔ fɔna wo dzi wosɔna nyuie. Ke nukae Mawu ƒe Sea wɔnɛ esi wòde se na Israel-ŋutsuwo be ‘woagatso ako’ alo ‘afɔ ge dzi o’? Menye sedede ɖe ame ƒe ɖa alo ge dzi fɔfɔ nue esia nye o. Ke boŋ egbe na Israel-ŋutsuwo be woagasrɔ̃ trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe mawusubɔsubɔnuwɔna siwo gbɔ eme o. *Mose III, 19:27; Yeremya 9:24, 25; 25:23; 49:32.

Le blema Helatɔwo dome la, ŋutsuwo katã ɖoa ge negbe bubume, siwo zi geɖe wolũa ge ƒiaƒiaƒia la ko. Le Roma la, edze abe gelulũ dze egɔme tso ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. ene, eye le ƒe alafa geɖe megbe la, gelulũ gbesiagbe va zu woƒe kɔnu.

Gake le Roma-fiaɖuƒea ƒe anyidzedze megbe la, geɖoɖo gava bɔ ake, eye eyi edzi nenema ƒe 1,000 sɔŋ vaseɖe ƒe alafa 17 lia ƒe afã mamlɛa, esime gelulũ gava nɔ tsia dzi. Gelulũ ƒiaƒiaƒia nɔ anyi vaseɖe ƒe alafa 18 lia me. Gake kaka ƒe alafa 19 lia ƒe domedome vaseɖe eƒe nuwuwu naɖo la, nɔnɔmea gatrɔ eye geɖoɖo gava nɔ tsia dzi. Eyatae C. T. Russell, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ, kple hati Kristotɔ W. E. Van Amburgh ƒe fotowo fia be ŋutsu evea siaa ɖo ge si wodo atsyã na, eye wofɔ wo dzi wòsɔ nyuie, si ŋu wodea bubui eye wònye nusi sɔ le woƒe ɣeyiɣia me. Gake le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedzea me la, gelulũ gatrɔ va eye wòxɔ aƒe le dukɔ akpa gãtɔ me vaseɖe míaƒe ŋkekea me.

Ðe wò hã nènye ŋutsu miliɔn geɖe siwo zãa gelũhɛ hedzea ŋgɔ ahuhɔ̃e nɔa gbesiagbekɔnu ma wɔm dometɔ ɖeka? Ne nenemae la, ke ɖikeke mele eme o be àdi be yeawɔe vevesesemanɔmee, ʋu nagado o, eye wòanyo alesi dze. Be nàwɔe nenema la, àdi be yeade ŋugble le aɖaŋuɖoɖo siwo le aɖaka si nye “Gelũhɛ Tsɔtsɔ Lũ Gee Ŋuti Aɖaŋuɖoɖowo” me ŋu. Anɔ eme be èzãa aɖaŋuɖoɖoawo dometɔ aɖewo xoxo. Aleke ke wòɖale o—yi wò gelulũ wòaɖi ƒiaƒiaƒia dzi!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 266 kple 1021, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Gelũhɛ Tsɔtsɔ Lũ Gee Ŋuti Aɖaŋuɖoɖowo

Agbalẽ si nye Men’s Hair ɖo aɖaŋu siwo gbɔna le alesi woatsɔ gelũhɛ alũ gee nyuie ŋuti. *

1. Nana be wò geawo nabɔbɔ: Mɔ si ko dzi woate ŋu ato ana ge nabɔbɔ ŋutɔŋutɔe nye be woazã tsi dzodzoe geɖe. Ne anya wɔ la, lũ ge le tsilele megbe teti, le esi esia nana tsi ɖoa geawo me wobɔbɔna nyuie ta.

2. Atikewo sisi ɖe ge me do ŋgɔ na elulũ: Adzalẽ, futsɔtike, ami, kple ɖabɔbɔtike vovovoawo katã wɔa dɔ vevi etɔ̃. (1) Wonana geawo ƒoa tsi, (2) wonana geawo dzɔna, eye (3) wonana ŋutilã la wɔna dredredrẽ si wɔnɛ be gelũhɛ te ŋu ƒlɔa gea bɔbɔe. Tia atikeawo dometɔ si wɔa dɔ na wò nyuie wu. Ðe nèzã ɖabɔbɔtike hã kpɔa? Wotrɔ asi le eŋu be wòabɔbɔ ɖa.

3. Gelũhɛ nyuitɔ zazã le mɔ nyuitɔ nu: Gelũhɛ nyuitɔe nye esi nu ɖa. Gelũhɛ si nu tsi ate ŋu agblẽ nu le wò ŋutilã ŋu. Ƒlɔ gea ɖo ta afisi fuawo tona ɖo tae. Geƒɔƒlɔ tsɔ kpe afisi fuawo tona ɖo tae ate ŋu ana wòaɖi ƒiaƒiaƒia ya, gake ate ŋu aƒlɔ geawo woayi to wu ŋutilã ƒe sɔsɔme eye esia ana fuawo nato age ɖe lãkusi si ƒo xlãe me le esi teƒe be woato ŋutilãa ƒe ɖadowo me. Numekuku aɖewo ɖee fia be gelulũ ŋumaɖɔɖotɔe—le ŋutsuwo kple nyɔnuwo gome—ate ŋu ahe ŋutitsetsedɔ vɛ.

4. Ŋutilãtakpɔkpɔ le gelulũ megbe: Ɣesiaɣi si nèlũ ge la, ŋutilãyi falɛfalɛ aɖewo ƒlɔna si wɔnɛ be dɔlékui ate ŋu age ɖe eme bɔbɔe. Eyata ele vevie be nàtsɔ tsi nyui akpala ɖinuwo katã ɖa le mo—zã tsi gbɔgblɔe gbã, emegbe nazã tsi fafɛ si ana ɖadowo natu be wòaxe mɔ na tsi ƒe gege ɖe wo me. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu azã atike siwo wozãna le gelulũ megbe si ana teƒea maƒu kplakplakpla o be wòakpɔ wò ŋutilã ta.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Nyati sia aƒo nu tso ŋutsuwo ƒe gelulũ ŋuti. Le dukɔ geɖe me la, nyɔnuwo hã lũa woƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo, eyata aɖaŋuɖoɖoawo dometɔ aɖewo ate ŋu aɖe vi na woawo hã.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]

Nukae Nye Akpagewo?

Akpagewo alo loglowo nye fu siwo tona ɖe ame ƒe mo. Amenyinu si woyɔna be keratin kple eƒomevi si nye protein ye wɔa wo. Keratin nye protein wɔka ƒomevi aɖe si amegbetɔ kple lãwo ƒe ŋutilã wɔna eye enye nu vevi si koŋ wɔa ɖa, fewo, fuwo, afɔkliwo, kple lãdzowo. Le fu siwo katã le amegbetɔ ƒe ŋutilã ŋu gome la, akpagewo nye esiwo sesẽ wu kple esiwo te ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme madeamedziwo nu wu dometɔ ɖeka, elalã sesẽ abe akɔblika si ƒe titrime sɔ kplii ene. Fu siwo le ŋutsu akpa gãtɔ ƒe mo ƒe xexlẽme ade 25,000, eye woƒe toto didina ɖe edzi kabakaba anɔ abe milimeta afã lɔƒo ene le gaƒoƒo 24 ɖesiaɖe me.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Men: A Pictorial Archive from Nineteenth-Century Sources/Dover Publications, Inc.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]

Gelulũ kple gemalũmalũ ɖɔlia wo nɔewo le ŋutinya me

Egiptetɔ

Asiriatɔ

Romatɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Museo Egizio di Torino

Woɖe fotoawo le British Museum ƒe mɔɖeɖe nu