Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Woaɖe Mɔ ɖe Dzitsinya ƒe Ablɔɖe Ŋu Geɖe Wu le Mexicoa?

Ðe Woaɖe Mɔ ɖe Dzitsinya ƒe Ablɔɖe Ŋu Geɖe Wu le Mexicoa?

Ðe Woaɖe Mɔ ɖe Dzitsinya ƒe Ablɔɖe Ŋu Geɖe Wu le Mexicoa?

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE MEXICO GBƆ

SE ÐE mɔ ɖe mawusubɔsubɔblɔɖe ŋu le Mexico. Ke hã nanewo kpɔtɔ le sea me siwo nye mɔxenu na tadedeagu ƒe ablɔɖe. Le kpɔɖeŋu me, nukpɔsusu si nye gbegbe be womawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta nye nusi ŋu womenya naneke le le dukɔ sia me o. Eyatae Seŋutinumekukusrɔ̃ƒe si le Dukɔa ƒe Yunivɛsiti Nɔɖokusi le Mexico (UNAM), wɔ dukɔwo dome dutoƒo kpekpe aɖe si ƒe tanyae nye “Dzitsinya ƒe Nyagbename le Mexico Kple Xexeame.” UNAM ƒe Seŋutinumekukusrɔ̃ƒea le dziɖuɖua te, gake eƒe taɖodzinue nye be wòawɔ numekuku le se siwo li kple alesi woawɔ wo ŋudɔe ŋu. Wobia tso Yehowa Ðasefo siwo le Mexico si be woaɖo wo teƒenɔla aɖe ɖa be wòava ƒo nu tso tanya si nye “Yehowa Ðasefowo Kple Dzitsinya ƒe Nyagbename” ŋu.

Nufialagãwo Ƒo Nu

Nuƒo si nye “Dzitsinya ƒe Nyagbename le Dukɔwo Dome Sewo Me,” si Ðk. Javier Martínez Torrón, si nye nufialagã le Sesɔsrɔ̃ Yunivɛsiti le Granada, Spain, ƒo la ɖee fia be dzitsinyablɔɖe kple gome si le ame si be wòagbe se alo agbanɔamedzi aɖewo dzi wɔwɔ le dzitsinya ta nye nusi dzi woda asi ɖo xoxo le dukɔwo dome. Eƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe nɔnɔmea ŋu le Spain eye wòyɔ Kokkinakis ŋuti nudzɔdzɔa le Greece hã. *

Ðk. José Luis Soberanes Fernández, si nye nufialagã le UNAM ƒe Seŋutinumekukusrɔ̃ƒe, ƒo nu tso tanya si nye “Numedzodzroa Ŋuti Nuteƒekpɔkpɔ si Le Mexicotɔwo Si” ŋu. Egblɔ be: “Ele be míana eme nakɔ be Subɔsubɔhawo Kple Dutoƒosubɔsubɔ Ŋuti Se si le Mexico meɖe mɔ ɖe sedzimawɔmawɔ le dzitsinya ƒe nyagbename ta ŋu kura o,” tsɔ nɔ susu hem yi Sedede Gbãtɔ me nyawo dzii be: “Subɔsubɔdzixɔsewo meɖe mɔ na ame aɖeke be wòagbe wɔwɔ ɖe dukɔ sia ƒe sewo dzi le mɔ aɖeke nu o. Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe subɔsubɔdzixɔsewo dzi agbe agbanɔamedzi kple dɔdasi siwo seawo bia la dzi wɔwɔ o.” Ðk. Soberanes ƒo nya ta be: “Míebui be ehiã kpata be míawɔ se le dzitsinya ƒe nyagbename sia ŋu le Mexico.”

Ehe susu yi edzi be ƒe sia ƒe la, Ðasefowo ƒe vi alafa geɖe le Mexico dzea ŋgɔ fuɖenamewo le woƒe sukudede me le esi wonɔ te ɖe Biblia dzi gbe be yewomado gbe na aflaga o ta. Womeɖea mɔ na Ðasefowo ƒe vi aɖewo gɔ̃ hã be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe suku me o. Gake to nyagbugbɔgadrɔ̃biabia to Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Gbɔkpɔha dzi la, wo dometɔ geɖe gaxɔ woƒe gomenɔamesi be woade suku. Sukudzikpɔla aɖewo ɖe afɔ aɖewo be woatsɔ axe mɔ ɖe ɖeviwo nyanya le suku nu, gake nufiala aɖewo mewɔna ɖe wo dzi o. Dziɖuɖumegãwo meɖea fu na Ðasefoawo le woƒe dzixɔsea ŋuti o, gake dzidzenu aɖeke menɔ anyi kpɔ si dzi Mexico sukuwo azɔ ɖo le go sia me o.

Subɔsubɔha bubuwo hã ƒo nu tso dzitsinya ƒe nyagbenamewo ŋu le dutoƒo kpekpea me, abe amedzizizi be wòawɔ dɔ le ŋkeke siwo wobu be ele kɔkɔe dzi, biabia be woado awu le dɔwɔƒe ɖe nɔnɔme aɖe nu si tsi tre ɖe amea ƒe subɔsubɔdzixɔsewo ŋu ene, kple esia tɔgbewo. Gbegbe be womawɔ asrafodɔ o kple dɔdamɔnu aɖewo tsitsri le dzitsinya ta hã nɔ nusiwo me wodzro me.

Yehowa Ðasefowo Kple Kaisaro

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico ƒe dɔwɔla aɖe ƒo nu tso woƒe dzixɔse veviwo ŋu kpuie. Eɖe alesi wowɔna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo abe esi wogblɔ ɖe Luka 20:25 ene, si gblɔ na Kristotɔwo be ‘woatsɔ nusi nye Kaisaro tɔ la, na Kaisaro’ ene dzi la me. Eyɔ Romatɔwo 13:1, si gblɔ be ele be Kristotɔwo nabu xexemedziɖuɖuwo hã. Ete gbe ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo nye ame nyuiwo, dukɔmevi sedziwɔla siwo dzea agbagba xea woƒe adzɔwo, wonɔa agbe ɖɔʋu, wonaa woƒe aƒewo me nɔa dzadzɛ, eye woɖoa wo viwo ɖe suku.

Emegbe ete gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si dzi Ðasefowo nɔa te ɖo gbea tadedeagu na aflaga la dzi, si dze le Se Ewoawo me le Mose II, 20:3-5, be: “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o.”

Yehowa Ðasefowo dea ta agu na Mawu ɖeɖeko, eye womedea ta agu na nɔnɔmewɔwɔ aɖeke gbeɖe o. Ke hã womawɔ gbɔɖinu alo agblɔ gbɔɖinya ɖe dukɔteƒenɔnu aɖeke ŋu gbeɖe o.

Be woate gbe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu dzi la, woɖe video si nye Purple Triangles. Video sia ɖe alesi Yehowa Ðasefowo nɔ te sesĩe le Nazitɔwo ƒe Germany (le ƒe 1933-45 me) la fia. Eku ɖe Kusserow-ƒomea ŋu, ƒome sia lé woƒe dzixɔsewo me ɖe asi sesĩe le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣia. *

Emegbe eƒo nu tso Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo dzi Yehowa Ðasefowo nɔ te ɖo gbea ʋudodo ŋu. (Mose I, 9:3, 4; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Eɖe Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo ƒe ɖoɖoa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ete gbe ɖe dzidzedze siwo ɖɔkta siwo lɔ̃ be yewoawɔ dɔ na Yehowa Ðasefowo ʋumazãmazãe kpɔ la dzi.

Vavala siwo ade 100, siwo dometɔ geɖe nye senyalawo, ye dea kpekpea gbesiagbe. Dɔwɔƒe si Kpɔa Subɔsubɔnyawo Gbɔ le Mexico teƒenɔlawo hã nɔ vavalawo dome. Vavalawo katã ɖo to se eŋutinunyala bibiwo ƒe nukpɔsusu le bubudede dzitsinya ƒe nyagbename ŋu. Nukpɔsusu sia nye nu yeye kura na sewɔlawo le Mexico, togbɔ be woda asi ɖe edzi le demokrasi-dukɔ geɖe, abe France, Portugal, Spain, kple United States kpakple dukɔ siwo nye Kɔmiunist-dukɔwo tsã, abe Czechia kple Slovakia ene me hã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Kpɔ nyati siwo nye “Europatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gã Da Asi Ðe Gbeƒãɖeɖe le Greece ƒe Gomenɔamesi Dzi” kple “Nyanyuia Takpɔkpɔ le Se Nu,” le Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo nye September 1, 1993, kple December 1, 1998, me.

^ mm. 13 Kpɔ Gbetakpɔxɔ si nye September 1, 1985, Eŋlisigbe me tɔ ƒe nyati si nye “My Family’s Love for God Despite Prison and Death” (Nye Ƒomea ƒe Lɔlɔ̃ na Mawu Togbɔ Be Gaxɔmenɔnɔ Kple Ku Dze Ŋgɔ Mí Hã), Kpɔ January 15, 1994 ƒe tata, axa 5 lia hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Yehowa Ðasefo siwo le Mexico dea asixɔxɔ ablɔɖe si su wo si be woaɖe gbeƒã la ŋu