Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Nuteɖeamedzi

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Vancouver Sun ka nya ta be: “Canadatɔwo ƒe afã kloe fa konyi be yewole nuteɖeamedzi ƒe fu kpem wu alesi dze le agbagbadzedze be yewoada asɔ le woƒe dɔwɔnawo kple aƒemegbenɔnɔ me. Enye dzidziɖedzi zi gbɔ zi eve wu alesi wònɔ le ƒe ewo siwo va yi me.” Nuka gbɔe dzidziɖedzia tso? Canada Dukɔ me Nyawo Gbɔkpɔha ƒe numekuku ɖee fia be Canada dɔwɔla siwo ganye aƒedzikpɔlawo dzi ɖe edzi. Wo dometɔ geɖe le vi dzim le ƒe geɖe xɔxɔ megbe, eye zi geɖe amesiawo dzea ŋgɔ kuxi “si nye wo viwo kple wo dzilawo siaa dzi kpɔkpɔ.” Togbɔ be amesiwo wobia gbee dometɔ 84 le alafa me kpɔ ŋudzedze ɖe woƒe dɔwɔnawo ŋu hã la, nyatakakaa gblɔ be ne dadasɔ le aƒeme kple dɔwɔƒe ƒe agbanɔamedzi tsɔtsɔ va zu kuxi la, “wo dometɔ akpa gãtɔ tsoa ɣeyiɣi si woazã ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo ŋu la dzi, si ƒe ɖee nye alɔ̃dɔɣi dzi tsotso.” Dukɔ me Nyawo Gbɔkpɔhaa gblɔ be: “Esia hea nuteɖeamedzi vɛ, eye wògblẽa nu le lãmesẽ ŋu.”

Bubudede Ŋusẽ Ŋu Fiafia

The Toronto Star me nyatakaka aɖe gblɔ be: “Dzila siwo li egbea megatɔa afɔ to sesĩe be wo viwo nade bubu woƒe ŋusẽ ŋu o, si wɔe be le nyateƒe me la, míate ŋu anɔ asixɔxɔ si mía viwo ade wo ɖokui ŋu dzi ɖem kpɔtɔ.” Ronald Morrish, si nye agbenɔnɔŋutinunyala bibi, gblɔ be: “Le nyateƒe me la, ne ɖeviwo nya afisi woawɔ nu ɖe ame ŋu ase ɖo la, ewɔnɛ be wonyana nusi wòahiã be woakpɔ mɔ na eye wosena le wo ɖokui me be yewole dedie—eye esia naa wosena le wo ɖokui me be asixɔxɔ le yewo ŋu. Ðevi siwo wɔa nusi dze woa ŋutɔwo ŋu eye womese le wo ɖokui me be yewole ame te o ye tsina va sena le wo ɖokui me be yewomele dedie o eye kakaɖedzi menɔa wo si o.” Egblɔ kpee be: “Menya ƒe 6 vi siwo ɖoa ɣeyiɣi si woamlɔ anyi na wo ɖokui. Menya ƒe 3 vi siwo dadaawo blea wo nu be woagawɔ nu gbegblẽ o to alesi woƒe nugbegblẽ wɔwɔ tena ɖe wo dzii gbɔgblɔ na wo me.” Morrish gblɔ be, ehiã be ɖeviwo nasrɔ̃ alesi woawɔ ɖe ƒomea me sewo dzii, eye nukpɔsusu si nye be ele dzɔdzɔme nu be ne wole tsitsim la womegasea gbe na ame o la mesɔ o. Ebia be: “Míekpɔa mɔ be ɖeviwo nadzi woƒe sukunusɔsrɔ̃ ƒe ŋutetewo ɖe edzi ƒe sia ƒe. Ke nukata míakpɔ mɔ hã be mía viwo ƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi ƒe sia ƒe o? Ne màwɔ nusi hiã be nàna viwò si dze azɔli zɔzɔ natsɔ fefenu le afisi medze be wòanɔ o la, ne etsi zu ƒewuivi la, mawɔ wò gbe dzi o.”

Gbeɖiɖi Léle Ði Hena Nuɖuɖunana Lãwo

Magazine si nye New Scientist ka nya ta be, Canadatɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe be woate ŋu aƒo lãwo ƒe gbeɖiɖi si wolé ɖi na lãwo ƒe viwo le lãnyiƒewo atsɔ ana woaɖu nu nyuie. Luis Bate, si le Prince Edward Island ƒe Yunivɛsiti, gblɔ be: “Míelé gbeɖiɖi si koklonɔwo tsɔ yɔa wo viwo ne woke ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la ɖi.” Esi wogbugbɔ ƒo gbeɖiɖia le nuƒomɔ̃ siwo woda ɖe nuɖuɖu gbɔ dzi la, kokloviawo va ɖu nua togbɔ be wo nɔ menɔ afima o hã. Gake ele be gbeɖiɖia nasɔ pɛpɛpɛ. Bate gblɔ be: “Esi míeƒo koklonɔ ƒe gbeɖiɖi, si wòtsɔ yɔa viawoe ne eƒo vi vɔ, si ɖina le tome nam abe gbeɖiɖi si wòtsɔ yɔa viawo na nuɖuɖu ene la, kokloviawo tɔ ɖi kpoo.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalaawo ƒe taɖodzinue nye be yewoana lãawo natsi kabakaba, eye le dodokpɔ gbãtɔ siwo wowɔ me la, kokloviwo tsi ɖe edzi kabakaba alafa memama 20 wu ne womezã gbeɖiɖia o le woƒe kwasiɖa etɔ̃ gbãtɔwo me. Le dodokpɔ ma tɔgbewo me la, wokpɔe be ate ŋu ana dɔkuviwo kple haviwo hã naɖu nu kabakaba wu.

Atikeŋɔŋlɔname ƒe Afɔku

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Stuttgarter Nachrichten ka nya ta be: “Atikewo wu amewo le Germany le ƒe si va yi me wu lɔrifɔkuwo.” Woka nya ta be atike siwo mesɔ o ŋɔŋlɔname wu ame 25,000 le ƒe 1998 me. Esia sɔ gbɔ zi gbɔ zi etɔ̃ wu amesiwo ku le lɔrifɔkuwo me le ɣeyiɣi ma ke me. Wogblɔ be ɖokuisitikewɔwɔ gɔ̃ hã mewua ame nenema gbegbe o. Edze abe kuxia koŋue nye ɖɔktawo ƒe nu geɖe manyamanya kple hehemaxɔmaxɔ nyuie tso atikeawo kple nu bubu siwo woate ŋu agblẽ le ame ŋu la ŋuti ene. Nyatakakaa gblɔ be, Ingolf Cascorbi, si nye atikeŋutinunyala, gblɔ be akɔntabubu aɖe ɖee fia be “woate ŋu axe mɔ ɖe ame 10,000 siwo kuna kple ame 250,000 siwo ŋu atikewo gblẽa nu le vevie ƒe sia ƒe le Germany la nu hafi ne ɖe wowɔ numekuku kple hehexɔxɔ ŋudɔ bliboe.”

Nenema ke Sciences et avenir si nye Fransegbe me magazine ka nya ta le numekuku aɖe si wowɔ le France nyitsɔ laa ŋu si ɖee fia be le atike 150,000 siwo woŋlɔ na amesiwo xɔ wu ƒe 70 me la, wo dometɔ siwo ade 10,700 menyo o loo alo mewɔ dɔ o. Atikeawo dometɔ ɖeka le 50 me ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le alesi wòate ŋu adzɔ be woa kple atike bubu siwo woŋlɔ kpee mawɔ dɔ nyuie o alo le afɔku bubu siwo woate ŋu ahe vɛ ta. Le France la, wobui be ame tsitsiwo tsɔ ŋkeke siwo ade miliɔn ɖeka sɔŋ nɔa kɔdzi ƒe sia ƒe le atikewo ƒe nugbegblẽ le wo ŋu ta.