Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameɖibɔ Tɔxɛ aɖe

Ameɖibɔ Tɔxɛ aɖe

Ameɖibɔ Tɔxɛ aɖe

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE ECUADOR GBƆ

AMEÐIBƆ tɔxɛ aɖe—si woyɔna be el cementerio de los pobres (Ame Dahewo ƒe Ameɖibɔ)—le du si nye Ibarra, le Ecuador, ƒe dugã Quito ƒe dziehe gome. Nukae na wòle etɔxɛ? Nusiwo wota ɖe ameɖibɔglia ŋu le egodo nye nutata siwo woɖe tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me tẽ siwo dzi wokpɔ gbugbɔ ta wololo! * Nutata si le dome nye apostolo Yohanes ƒe nɔnɔmetata, si woɖe tso agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe axa 7 lia. Nuŋɔŋlɔ si le Yohanes ƒe tame, le Spaingbe me, enye: “Mawufiaɖuƒe la anye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ. Romatɔwo 14:17.” Mateo 11:28 me nya siwo woɖe tso New World Translation me be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi” ye le miame. Ðikekemanɔmee la, ameɖibɔ sia ƒe gli le amewo ƒe susu hem yi Mawu ƒe Nya dzii.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Be woawɔ nu wòasɔ ɖe se ƒe nudidiwo nu la, ele be woabia mɔ hafi agbugbɔ ta nyati alo nutata siwo tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me, eye woaŋlɔ ɖe ete be Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ƒe nutatae.