Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekawoe Nye Kluviwo Egbea?

Amekawoe Nye Kluviwo Egbea?

Amekawoe Nye Kluviwo Egbea?

WÒ YA bu xexlẽmeawo ŋu kpɔ ko. Wobu akɔnta be ɖevi siwo ƒe xexlẽme anɔ miliɔn 200 vaseɖe 250, siwo mexɔ ƒe 15 haɖe o zãa ŋkekea ƒe gaƒoƒo akpa gãtɔ tsɔ wɔa dɔe. Le ƒe 1995 kple 1996 ɖeɖe dzaa me la, wokplɔ ɖevi siwo ade 250,000 de aʋawɔwɔ me, eye ƒe adre koe wo dometɔ aɖewo xɔ, ale be wo dometɔ aɖewo va zu aʋawɔkluviwo. Wosusui be nyɔnu kple ɖevi siwo wodzrana ƒe sia ƒe wozua kluviwo ƒe xexlẽme wu miliɔn ɖeka.

Gake xexlẽdzesiwo ɖeɖe mate ŋu aƒo nu tso amesiawo ƒe mɔkpɔkpɔbuɖeamewo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, nuŋlɔla Elinor Burkett do go Fatma, si nye ɖetugbi si te ŋu si le eƒe aƒetɔ ŋutasẽla gbɔ le dziehe Afrika dukɔ aɖe me. Gake esi Burkett ƒo nu kple Fatma vɔ la, ekpɔe be “akpɔtɔ anye kluvi tegbee, le eya ŋutɔ ƒe susu me.” Ðe Fatma ate ŋu abu etsɔme si nyo wu ŋu le susu me gɔ̃ hã? Burkett gblɔ be “mate ŋu abu tame le etsɔme nuwɔna aɖeke ŋu o. Etsɔme taɖodzinu nye nu vevi siwo bu ɖee la dometɔ ɖeka.”

Ẽ, le ɣeyiɣi sia tututu me la, mía hati amegbetɔ miliɔn geɖe nye kluvi siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o. Nukatae ame siawo katã va zua kluviwo, eye aleke wowɔna va zunɛ? Kluvi kawo ƒomevie wova zuna?

Amesitsalawo

Modzakaɖetsaɖilawo ƒe agbalẽ gbadza si wotana le United States gblɔe wòsɔ ale: “Tsaɖiɖi yi Thailand hena gbɔdɔdɔ. Nyɔnuvi adodoewo. Gbɔdɔdɔ akuakua. Asia ɖiɖi ŋutɔ. . . . Ðe nènya be yeate ŋu atsɔ dɔlar 200 pɛ ko aƒle ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ oa?” Nusi magazinea megblɔ o ye nye anye be ɖe wolé “ɖetugbi” siawo sesẽe alo dzra wo sesẽe na gbolowɔƒewo, afisi ŋutsu siwo ade 10 va ɖo 20 le mama dedie nu dɔa wo gbɔ gbesiagbe le. Ne womena wodɔ wo gbɔ o la, woƒoa wo. Esi dzo dze gbolowɔƒe aɖe dzi le modzakaɖetsaɖiƒe aɖe le Phuket Island le Thailand la, gbolo atɔ̃ tsi eme. Nukatae? Elabena wo ƒlelawo tsɔ kɔsɔkɔsɔ bla wo ɖe woƒe abatiwo ŋu be woagasi tso woƒe kluvinyenyea me o.

Afikae ɖetugbi siawo tsona? Woka nya ta be nyɔnuviwo kple nyɔnu siwo tso xexeame godoo siwo wolé sesẽe, zi wo dzi, eye wodzra hena gbolowɔwɔ ye wozãna le gbolositsatsa ƒe akpa sia me. Nusiwo ƒo ƒu na be dukɔwo dome gbɔdɔdɔsitsatsaa le dzidzedze kpɔm enye ahedada le dukɔ madeŋgɔwo me, ŋutilãmenu gbogbo siwo le dukɔ deŋgɔwo me, kple se siwo ɖea mɔ ɖe dukɔwo dome sitsatsa manɔsenuwo kpakple kluvisitsatsa ŋu.

Nyɔnuwo ƒe habɔbɔ siwo le Anyiehe Ɣetoɖoƒe Asia bu akɔnta be tso ƒe 1970 ƒeawo ƒe domedome vaseɖe ƒe 1990 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, wodzra nyɔnu miliɔn 30 le xexeame godoo. Amesitsalawo tsana le ketekedzeƒewo, kɔƒe siwo me ahedada bɔ le, kple dugã me blɔwo dzi nɔa nyɔnuvi kple nyɔnu siwo edze abe woate ŋu able wo bɔbɔe ene la dim. Zi geɖe la, amesiwo woblena nyea agbalẽmanyalawo, tsyɔ̃eviwo, amesiwo wogblẽ ɖi, alo woda ahe kolikoli. Wodoa alakpaŋugbe na wo be woadi dɔ na wo, kua wo yia dukɔ bubuwo me hedzrana na gbolowɔƒewo.

Tso esime Kɔmiunist nuɖoanyia gbã le ƒe 1991 me la, nyɔnuvi kple nyɔnu gbogbo siwo le ahedada me va bɔ ɖe edzi. Mɔxenuwo ɖeɖeɖa, dziɖuɖudɔwɔƒewo tɔtrɔ wɔ ɖokuisidɔwɔƒewoe, kple dometsotso si le ame dahewo kple hotɔwo dome si le dzidzim ɖe edzi wɔe be hlɔ̃nuwɔwɔ, ahedada, kpakple dɔmakpɔwɔe va bɔ. Russia kple Ɣedzeƒe Europa nyɔnu kpakple nyɔnuvi geɖe va zu dɔwɔnu si dukɔwo dome gbolohabɔbɔwo tsɔ kpɔa viɖee. Anita Gradin si nye Europa Sedɔwɔƒe ƒe Amegã gblɔ be: “Afɔkuwo mele amesitsatsa me abe alesi wòle atikevɔ̃ɖisitsatsa me ene o.”

Ðevimenɔɣi Bu Ðe Wo

Le anyigbakuntrudɔwɔƒe sue aɖe le Asia la, ɖevi sue siwo xɔ ƒe atɔ̃ wɔa dɔ tso fɔfɔme ga 4 vaseɖe zã ga 11 fetu aɖeke manɔmee. Zi geɖe la, ɖevi dɔsesẽwɔla siawo ƒomevi dzea ŋgɔ lãmesẽfɔku dziŋɔwo: mɔ̃ siwo zazã me afɔku le, dɔwɔwɔ gaƒoƒo geɖe le teƒe siwo akaɖi meklẽna le nyuie o eye ya meƒona le nyuie o, kple atikemenu siwo ate ŋu awu ame siwo wozãna le adzɔnuwo wɔƒe. *

Nukatae wodia ɖeviwo nenema gbegbe hena dɔsesẽ wɔwɔ? Elabena fetu sue aɖe ko woxena na ɖevi dɔsesẽwɔlawo, eye le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo fatu, wolɔ̃na xɔa hehe bɔbɔe, eye wovɔ̃na ale gbegbe be womete ŋu toa nyatoƒoe o. Dɔtɔ maɖɔʋuwo bua woƒe ameti si le sue kple woƒe asibidɛ si nu tsɔna be wonye dɔwɔnu si nyo na dɔ aɖewo abe anyigbakuntru ene lɔlɔ̃. Zi geɖe la, wonaa dɔ ɖevi mawo, le esime wo dzilawo le aƒeme dɔ aɖeke mawɔmawɔe.

Gakpe ɖe woƒe nɔnɔme wɔnublanuia ŋu la, afɔku li be woate ŋu adɔ ɖevi siwo wɔa dɔ le aƒewo me la gbɔ sesẽe ahawɔ funyafunya wo. Woléa ɖevi geɖe sesẽe, hekplɔa wo yia teƒe siwo sa ɖe aga eye wotsɔa kɔsɔkɔsɔwo blaa wo le zã me bene woagasi o. Wote ŋu dea dɔ asi na wo le ŋkeke me woanɔ mɔ dom ahanɔ kpe gbam.

Mɔ bubu si hã dzi wogblẽa woƒe ɖevimenɔnɔ me na woe nye to wo tsɔtsɔna be woaɖe akpa sesẽe dzi. Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Tsi Tre ɖe Kluvinyenye ŋu ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe ŋu ale: “Wogblɔ na nyɔnuvi ƒe 12 vi aɖe be eƒe ƒomea wɔ ɖoɖo be wòaɖe ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 60. Edze ƒã be gome le esi be wòagbe, gake le nyateƒe me la, mɔnukpɔkpɔ aɖeke meli be wòawɔ gomenɔamesi ma ŋudɔ o alo menya be yeate ŋu agbe o.”

Kluvi Siwo Wotsɔ Xea Fee

Dɔtɔwo kple dɔwɔƒe geɖe zia dɔwɔla akpe alafa geɖe dzi wonyea kluviwo le ga si wodo na wo alo wo dzilawo ta. Zi geɖe la, dɔwɔla siwo dzi wozi wɔa dɔ le agbledeƒewo koŋ wonyea kluviwo alo agbledelawo. Le nɔnɔme aɖewo me la, wotrɔa fe aɖewo tso dzidzime ɖeka me naa dzidzime bubu, si wɔnɛ be ƒomea me tɔwo zua kluviwo tegbee. Le nɔnɔme bubuwo me la, dɔtɔ siwo ŋu woɖu fe le dzraa fea na dɔtɔ bubu. Le nɔnɔme siwo vloe wu me la, womexea fe aɖeke kura na dɔwɔla siwo dzi wozi wonye kluviwo ɖe dɔ si wowɔna ta o. Alo wote ŋu doa ga sue aɖe na wo tsɔ léa wo dana ɖi be woawɔ dɔ axee, eye kaka woaxee la ke wogado bubu na wo, ale be wova zua kluvi na woƒe dɔtɔwo.

Kɔnuwɔwɔ me Kluvinyenye

Binti si xɔ ƒe 12 tso Ɣetoɖoƒe Afrika nye nyɔnuvi akpe nane siwo nye trɔ̃kosiwo dometɔ ɖeka. Wozi edzi wòzu kluvi be woatsɔ lé avu ɖe nuvɔ̃ si menye eyae wɔ o ta—si nye be wodɔ dadaa gbɔ sesẽe si me woto dzi eya ŋutɔ! Fifia la, eƒe dɔe nye be wòanɔ aƒemedɔwo wɔm na wo gbɔ trɔ̃nua aɖe. Emegbe Binti ƒe dɔwo akeke ɖe enu eye woabia tso esi be wòaɖe mɔ ne trɔ̃nua, si nye eƒe aƒetɔ nadɔ egbɔ. Azɔ ne Binti xɔ ƒe blaene tsɔ yina la, woadi ame bubu aɖo eteƒe—trɔ̃nua adi nyɔnuvi dzetugbe bubuwo be woazu trɔ̃kosiwo asubɔ ye.

Abe Binti ene la, nyɔnuvi akpe geɖe siwo dzi wozina wozua kluviwo nyea amesiwo woƒe ƒometɔwo tsɔ na be woazu kluviwo be woatsɔ alé avu ɖe nuwɔna si wobu be enye dada le se kɔkɔewo dzi ta. Le xexeame ƒe akpa geɖe la, wozia nyɔnuviwo alo nyɔnuwo dzi be woawɔ subɔsubɔkɔnuwo eye woaɖe mɔ trɔ̃nunɔlawo nadɔ wo gbɔ—hegblɔna be mawu aɖee ɖe nyɔnuawo. Le nɔnɔme geɖewo me la, nyɔnuawo wɔa dɔ bubuwo fetu manɔmee. Mɔ meli be woaɖɔli nɔƒe alo dɔwɔna o, eye zi geɖe la wokpɔtɔ nyea kluviwo ƒe geɖe.

Kluvisitsatsa

Togbɔ be dukɔ akpa gãtɔ gblɔ be yewode se ɖe kluvinyenye nu hã la, wogadze kluvisitsatsa gɔme le teƒe aɖewo. Zi geɖe esia dzɔna le nuto siwo me dukɔmeviʋawɔwɔ alo ʋunyaʋunyawɔwɔ le. Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Tsi Tre Ðe Kluvinyenye ŋu ka nya ta be: “Woɖea asi le sedziwɔwɔ ŋu kura le aʋawɔnutowo me, eye asrafowo kple aʋawɔla bubu siwo zãa amewunuwo te ŋu zia amewo dzi wowɔa dɔ na wo femaxee . . . eye womevɔ̃na be woahe to na yewo o; teƒe siwo dzi aʋawɔhawo kpɔ ŋusẽ ɖo eye dutatɔwo menya nusiwo le edzi yim le teƒe mawo o koŋ ye wogblɔ be wowɔa nu mawo le.” Gake habɔbɔ ma ke gblɔ be, “nyitsɔ laa la, woka nya ta be dziɖuɖua ƒe asrafowo hã zia dumeviwo dzi wozua kluviwo na wo, esi se aɖeke meda megbe na wo o. Wogblɔ be asrafowo kple aʋawɔhawo hã kpɔa gome le kluvisitsatsa me, eye wodzraa amesiwo wolé sesẽe wova wɔa dɔ na ame bubuwo.”

Nublanuitɔe la, kluvinyenye ƒomevi vovovowo gakpɔtɔ le nu gblẽm le ameƒomea ŋu le mɔ vovovowo nu. Tɔ vie eye nàgade ŋugble le ameawo ƒe xexlẽme—ame miliɔn geɖe siwo zu kluviwo hele fu kpem le xexeame godoo—ŋu kpɔ. Azɔ nàbu tame le egbegbe kluvi siwo ŋutinya nèxlẽ le nyati siawo me—abe Lin-Lin alo Binti ene—ŋu kpɔ. Ðe nèdi be yeakpɔe be woɖe nuvlowɔwɔ si nye kluvinyenye si li egbea ɖa? Ðe woava ɖe kluvinyenye ɖa ŋutɔŋutɔ gbaɖegbea? Hafi esia nate ŋu ava eme la, ele be woawɔ tɔtrɔ gãwo. Taflatse xlẽ nu tso wo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Kpɔ “Ðeviwo ƒe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ—Atɔ Te Kpuie!” si dze le June 8, 1999, ƒe Nyɔ! me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

EGBƆKPƆMƆNUWO DIDI

Dɔwɔƒe geɖe siwo woɖo abe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha, kple Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ ene tsɔ veviedodo le mɔnuwo ɖom anyi hele wo ŋudɔ wɔm bene woatsɔ aɖe kluvinyenye si li egbea la ɖa. Hekpe ɖe eŋu la, habɔbɔ geɖe siwo mele dziɖuɖuwo te o, abe Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Tsi Tre Ðe Kluvinyenye Ŋu kple Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi Dzikpɔha ene, le agbagba dzem be yewoana ame geɖe nanya nu tso kluvinyenye si le edzi yim egbea ŋu ale be woana ablɔɖe amesiwo zu kluviwo. Habɔbɔ siawo dometɔ aɖewo le agbagba dzem be woabia tso adzɔnuwɔlawo si be woaklã dzesidegbalẽ tɔxɛ ɖe woƒe adzɔnuwo ŋu si afia be womezã kluviwo alo ɖevi dɔsesẽwɔlawo le adzɔnuawo wɔwɔ me o. Habɔbɔ bubuwo le biabiam be woawɔ se le dukɔ siwo ɖe mɔ ɖe “gbɔdɔdɔ tsaɖiɖiwo” ŋu me, ale be woate ŋu atsɔ nya ɖe amesiwo va dɔa ɖeviwo gbɔ le afima ŋu ne wogbugbɔ yi wo de. Amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi taʋlila aɖewo gɔ̃ hã xe ga gbogbo aɖewo na kluvisitsalawo kple woƒe aƒetɔwo bene woaɖe asi le kluvi geɖe alesi nu woate ŋui la ŋuti. Amewo he nya ɖe esia ŋu elabena nuwɔna ma ate ŋu ana kluvisitsatsa nava zu viɖedimɔnu ale be woƒe asi nayi dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Wozia nyɔnuvi sue geɖe dzi dea srɔ̃ɖeɖe me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UNITED NATIONS/J.P. LAFFONT

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Kluvi siwo dzi wozi le fli me yina nuɖuɖu xɔƒe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ricardo Funari

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ɣeaɖewoɣi la, wozia ɖeviwo dzi dea asrafodɔ me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UNITED NATIONS/J.P. LAFFONT