Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kluvisitsatsa si Li Egbea—Eƒe Nuwuwu Tu Aƒe!

Kluvisitsatsa si Li Egbea—Eƒe Nuwuwu Tu Aƒe!

Kluvisitsatsa si Li Egbea—Eƒe Nuwuwu Tu Aƒe!

“Ame ɖesiaɖe ƒe ablɔɖe do ƒome tẽ kple xexeame katã ƒe ablɔɖe. Màte ŋu agblẽ nu le ame aɖeke ƒe ablɔɖe ŋu le esime magblẽ naneke le xexeame katã tɔ ŋu o.”—Victor Schoelcher, Franse Nyadzɔdzɔŋlɔla Kple Dunyahela, 1848.

MAGAZINE si nye The UNESCO Courier me tolawo bia nya sia be: “Amegbetɔ ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖi kae nye esia si wɔnɛ be wòɖia gbɔ ehaviwo, heɖua wo dzi sesẽe eye wòɖea bubu le wo ŋu ale? Eye aleke wòdzɔe be womehea to na amesiwo wɔa nu vlo sia gbegbe ɖe amegbetɔ ŋu tso esime wova dze Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesiwo taʋiʋli gɔme gɔ̃ hã o?”

Nu vovovowoe na. Ŋukeklẽe nye nusi ʋãa amewo be woazã ɖeviwo woawɔ dɔ sesẽe hena fetu sue aɖe ko eye eya kee na wotsɔa amewo ɖoa awɔbae. Wogblɔ be ahedada kple agbalẽmanyamanyae na wodzraa nyɔnuviwo dea gbolowɔwɔ kple kluvisrɔ̃ɖeɖe me. Subɔsubɔkɔnuwo kple dekɔnu dzixɔsewo wɔa akpa aɖe le kluvi siwo wotsɔ wɔa kɔnuwoe me. Eye le ŋutsu siwo yia Bangkok alo Manila va dia ŋutsuvi kple nyɔnuvi sue siwo ŋu AIDS mele o gome la, nusi dɔna wo koŋue nye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro kple agbegbegblẽnɔnɔ. Le apostolo Paulo si nye ƒe alafa gbãtɔ me senyala ƒe nya nu la, nusiawo katã nye xexe si me tɔwo nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo” ƒe nuwɔna. (Timoteo II, 3:1-5) Ne míazã blema dukplɔla si ŋkɔe nye Salomo ƒe nyawo la, enye xexe si me “womate ŋu adzɔ nu gɔglɔ̃ o, eye nusi kpɔtɔ la, womate ŋu axlẽe akpe ɖe nu ŋu o” ƒe nuwɔna.—Nyagblɔla 1:15.

Tamesusuwo Tɔtrɔ

Ðe esia fia be womate ŋu alo womawɔ naneke atsɔ aɖe kluvinyenye ɖa tegbee o—eɖanye esi li tso blema alo esi ƒomeviwo do nyitsɔ laa oa? Kura o!

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesi ƒe Dɔdzikpɔƒegã (OHCHR) gblɔ le kluvinyenye ŋu be enye “susu ƒe nɔnɔme,” eye wògblɔ kpee be: “Ne woɖe kluvinyenye ɖa gɔ̃ hã la, eƒe nugblẽƒewo kpɔtɔ nɔa anyi. Ate ŋu atsi susu me na ame—le amesiwo nye kluviwo kpɔ kple woƒe dzidzimeviwo gome kpakple le amesiwo va xɔna ɖe kluvisitsalawo teƒe la gome—le eɖeɖeɖa ɣeyiɣi didi aɖe megbe gɔ̃ hã.”

Eyata mɔ ɖeka si dzi woato aɖe kluvinyenye ɖa enye be woatrɔ amewo ƒe tamebubu—atrɔ woƒe dzi—le xexeame katã. Eye ema bia tɔtrɔ le hehenana me—afia nu amewo be woalɔ̃ wo nɔewo ahade bubu wo nɔewo ŋu. Ebia be woakpe ɖe amewo ŋu woaɖe ŋukeklẽ ɖa le woƒe dzi me eye woawɔ ɖe agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenu kɔkɔwo dzi. Amekae ate ŋu ana hehe mawo? OHCHR gblɔ be “ehiã be amesiame nakpe asi ɖe eŋu be woatrɔ asi le nuwo ŋu le xexeame katã ale be ame aɖeke magaɖe mɔ ɖe amegbetɔwo tafatafa ŋu o.”

De ŋugble le hehenadɔ si wɔm Kristotɔwo ƒe hatsotso si nye Yehowa Ðasefowo le le xexeame katã ŋu kpɔ. Hehenadɔ sia fia nu dzianukwaretɔwo dzidzedzetɔe be woagaɖe mɔ ɖe ŋutasẽnuwɔna aɖeke ŋu alo akpe asi ɖe eŋu o. To edzi la, wofia nu ame miliɔn geɖe tso dukɔ siwo wu 230 me be woawɔ nu ɖe wo havi amegbetɔwo ŋu bubutɔe. Nukatae ɖoɖo sia le dzidzedze kpɔm?

Esi wotui ɖe Biblia, si nye agbalẽ si tso Wɔla la ƒe gbɔgbɔ me dzi tae. Enye agbalẽ si dea bubu asixɔxɔ si le amegbetɔ ŋu la ŋuti. Amesiwo wofia nui tso Biblia me to Yehowa Ðasefowo ƒe hehenadɔa dzi va srɔ̃nɛ be bubu ƒe Mawue mía Wɔla Yehowa ŋutɔ nye. (Kronika I, 16:27, NW) Edea bubu eƒe nuwɔwɔwo katã ŋu. Esia lɔ ŋutsu kple nyɔnu ɖesiaɖe siwo ƒe ŋutigbalẽwo, nɔnɔmewo kple ganyawo to vovo ɖe eme.—Kpɔ aɖaka si nye “Ablɔɖe Kple Asixɔxɔ Dede Ame Ŋu—Afikae Wòatso?”

Tasɔsɔ Kple Bubudedeameŋu

Biblia fia nu be Mawu ‘wɔ dukɔ ɖesiaɖe ƒe amewo katã tso ame ɖeka me be woanɔ anyigba la dzi godoo.’ (Dɔwɔwɔwo 17:26) Eyata ame aɖeke mate ŋu agblɔ be yenyo wu ye hati amegbetɔwo alo gome le ye si be yeate wo ɖe anyi alo aba wo o. Amesiwo lɔ̃ faa be yewoasrɔ̃ nu va dea dzesi nyateƒe sia be ‘Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Wodze sii be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li na amesiame, elabena eʋu mɔnukpɔkpɔ be woava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kpli ye la ɖi na amesiame. Le nyateƒe me la, ‘Mawu lɔ̃a xexeame ale gbegbe bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’—Yohanes 3:16.

Biblia fiafia ƒe ɖoɖo sia kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo dzi. To edzi la, woate ŋu awɔ amewo ƒe dzi kple susuwo “yeyee keŋkeŋ.” (Efesotɔwo 4:22-24, Today’s English Version) Eʋaa wo be woade bubu kple asixɔxɔ wo hati amegbetɔwo ŋu. Woɖoe kplikpaa be yewoawɔ ‘nu nyui na amesiame.’ (Galatiatɔwo 6:10) Ame aɖeke mate ŋu anye Kristotɔ vavã eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòagakpɔ gome le ehati amegbetɔ aɖeke baba kple eteteɖeanyi me o. Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewonye Kristotɔwo ƒe habɔbɔ abe Kristo hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene, si me ‘Yudatɔ kple Helatɔ, kluvi alo ablɔɖevi menɔ o, elabena wo katã wole ɖeka le Kristo Yesu me.’—Galatiatɔwo 3:28.

Tɔtrɔ le Dziɖuɖu Gome

Gake hafi woaɖe kluvinyenye ƒomevi ɖesiaɖe ɖa keŋkeŋ la, ebia be woawɔ tɔtrɔ gã aɖe le amegbetɔwo ƒe nuɖoanyia me. Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ gblɔ be hafi woaɖe amebaba ɖa la, ehiã be ‘woatrɔ nɔnɔme siwo ɖea mɔ hekpea asi ɖe nuwɔna mawo ŋu la ɖa.’ Dukɔwo dome nuwɔnawo, dukɔwo dome ɖekawɔwɔ, kple xexeame katã ƒe tameɖoɖo kplikpaa awɔ nu nye susu bubu siwo dɔwɔhaa do ɖa.

Susu le eme be nusia wɔwɔ bia ŋusẽ si ate ŋu aɖu míaƒe anyigba bliboa dzi, ŋusẽ si ahe ablɔɖe vɛ na amewo le xexeame katã. Boutros Boutros-Ghali, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã tsã, gblɔ be ele be woatso ɖe kuxi siwo dze ŋgɔ míaƒe ɣletinyigbaa ŋu le “xexeame katã.” Gake menye amesiamee ka ɖe edzi be nusia ate ŋu ava eme gbaɖegbe o. Blema nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ɖokuitɔdidi kple ɖokuiŋububu xɔ dziɖulawo me akpa le woƒe nudidiwo kple taɖodzinuwo yometiti me be woaɖo dukɔwo dome ɖekawɔwɔ ma gbɔ.

Gake Biblia—agbalẽ ma ke si fia nu ame miliɔn geɖe be woade bubu asixɔxɔ si le wo havi amegbetɔwo ŋu—ɖee fia be Mawu ɖo tame be yeaɖo dziɖuɖu ma anyi. Àkpɔ dzɔdzɔenyenye xexe yeye ŋuti ŋugbedodo geɖe le Biblia me. (Yesaya 65:17; Petro II, 3:13) Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be yeaɖe amesiame si melɔ̃a Mawu kple ehaviwo o ɖa le anyigba dzi. Mawu ɖe eƒe tameɖoɖo be yeaɖo xexeame katã ƒe dziɖuɖu anyi na ameƒomea be wòaɖu anyigba dzi le dzɔdzɔenyenye me la fia. Yesu gblɔ na mí be míado gbe ɖa abia dziɖuɖu ma le gbedodoɖa si wolɔ̃a yɔyɔ be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, alo Mía Fofo si le dziƒo la me.—Mateo 6:9, 10.

Amegbetɔwo baba kple kluvinyenye ƒomevi ɖesiaɖe abu le dziɖuɖu sia te elabena Kristo, Fia la, atsɔ ‘ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye’ aɖu dzii. (Yesaya 9:6) Amesiwo wote ɖe anyi akpɔ ɖeɖe le eƒe dzɔdzɔenyenye dziɖuɖua te, elabena Biblia gblɔ be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:12-14.

Ne edzroa wò be nàkpɔ eteƒe woaɖe kluvinyenye—kluvimenɔnɔ ƒomevi ɖesiaɖe—ɖa la, míekpe wò be nàsrɔ̃ nu geɖe ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo be yeaɖo xexeame katã ƒe dziɖuɖu si ana ablɔɖe amewo la ŋuti. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

ABLƆÐE KPLE ASIXƆXƆ DEDE AME ŊU—AFIKAE WÒATSO?

Wotsɔ hiahiã kple didi be woade asixɔxɔ mía ŋu eye míanɔ ablɔɖe me dzi mí katãe. Kofi Annan, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã gblɔ nya si ka amesiame le xexeame esi wòbia be: “Amekae ate ŋu ake ɖi be mí katã míedia agbenɔnɔ si me vɔvɔ̃, funyafunyawɔame kple vovototodedeameme mele o? . . . Ɣekaɣie nèse kpɔ be ablɔɖevi bia be woaɖe ablɔɖe ɖa? Afikae nèse le kpɔ be kluvi aɖe ʋli kluvinyenye ta?”

Menye nu yeyee nukpɔsusu siawo nye o. Esi ƒe alafa gbãtɔ me Roma xexemenunyala Seneca nɔ nu ŋlɔm tsi tre ɖe nukpɔsusu si nye be ɖe wodzi ame aɖewo be woanye kluviwo ŋuti le eƒe agbalẽ si nye Letters to Lucilius me la, eŋlɔ be: “Taflatse bu tame le eŋu be ku ɖekae mia kple amesi yɔm nèle be yeƒe kluvi la nye, alilikpo ɖeka ma kee le mia kplii tame, egbɔa ya abe wò ke ene, enɔa agbe abe wò ke ene, aku abe wò ke ene!”

Imam ʽAlī, si wobuna be enye tatɔ enelia si va ɖe Muḥammad yome, gblɔ be “wowɔ amewo katã sɔsɔe.” Saʽdī, si nye ƒe alafa 13 lia me Persiatɔ hakpanyaŋlɔla ʋu eme be: “Ŋutinuwoe Adam ƒe viwo nye na wo nɔewo eye le wo wɔwɔ me la, nu ɖeka mee wo katã wotso. Ne xexeame wɔ fu wo dometɔ ɖeka la, akpa bubuawo mekpɔa gbɔdzɔe o.”

Blemanuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me si woŋlɔ ɖe Biblia me la te gbe ɖe asixɔxɔ si le amegbetɔwo katã ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me woɖɔ amegbetɔ wɔwɔ le Mose I, 1:27 ale: “Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.” Ablɔɖe ƒe Mawue mía Wɔla la nye. Apostolo Paulo gblɔ be, “afisi Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.” (Korintotɔwo II, 3:17) Esi Yehowa wɔ ame ɖe eƒe dzedzeme kple nɔnɔme nu la, etsɔ bubu kple asixɔxɔ aɖe sinu na wo. To eƒe nuwɔwɔwo ɖeɖe le “gbegblẽ ƒe kluvinyenye” me dzi la, akpɔ egbɔ hã be ablɔɖe kple bubudedeameŋu ma nasu amewo si tegbee.—Romatɔwo 8:21.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Gome le amesiame si be woade asixɔxɔ eŋu eye wòanɔ ablɔɖe me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

BIBLIA ƑE NUFIAFIA TE GBE ÐE BUBUDEDE ASIXƆXƆ SI LE AMEGBETƆWO ŊU LA DZI EYE WÒNAA ETSƆME MƆKPƆKPƆ AME

Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe le Benin

Alesi Nile Blɔtɔ sia si le Ethiopia ƒe tsitsetse nya kpɔe la na míekpɔa alesi paradiso si woagaɖo anyi anɔ le susu me