Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔ Si Ŋu Kakaɖedzi le

Mɔkpɔkpɔ Si Ŋu Kakaɖedzi le

Mɔkpɔkpɔ Si Ŋu Kakaɖedzi le

ANƆ ƒe 2,000 kloe enye si va yi la, wotso kufia na Yesu, si wolɔ̃a yɔyɔ be ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ, madzemadzee. Esi wònɔ fuwɔameti ŋu la, nuvɔ̃wɔla si wohe ɖe ati ŋu le eƒe axa dzi gblɔ fewuɖuɖutɔe be: “Ðe menye wòe nye Kristo la oa, ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò kple míawo hã.”

Esi wògblɔ nya mawo la, nuvɔ̃wɔla bubu si hã nɔ atia ŋuti la ka ŋkume nɛ be: “Alo wò hã, esi nèle fɔbubu ma ke me la, ɖe mèvɔ̃ Mawu oa? Ke míawo la edze mí; elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm míele; ke amesia la mewɔ nu tovo aɖeke kpɔ o.” Azɔ etrɔ ɖe Yesu ŋu heɖe kuku be: “Ðo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.”

Yesu ɖo eŋu be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea bena, Ànɔ Paradiso la me kplim.”—Luka 23:39-43, NW.

Yesu tsɔ mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe ɖo eŋkume. Apostolo Paulo ƒo nu tso dɔ si mɔkpɔkpɔ sia wɔ ɖe Yesu dzi ŋu be: “Edo dzi kpe fuwɔameti ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta.”—Hebritɔwo 12:2, NW.

“Dzidzɔ” si woɖo ɖi na Yesu ƒe ɖee nye be agava nɔ Fofoa gbɔ le dziƒo, eye mlɔeba wòava zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula. Gawu la, akpɔ dzidzɔ hã ne edo dzaa na eyomedzela siwo wodo kpɔ eye wokpɔ be wodze siwo ava wɔ ɖeka kplii woaɖu fia ɖe anyigba dzi le dziƒo. (Yohanes 14:2, 3; Filipitɔwo 2:7-11; Nyaɖeɖefia 20:5, 6) Ekema nukae Yesu wɔnɛ esi wòdo ŋugbe na nuvɔ̃wɔla trɔdzime ma be anɔ Paradiso me?

Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Nuvɔ̃wɔla La?

Ŋutsu ma medze aɖu fia kple Yesu le dziƒo o. Mekpe ɖe amesiwo Yesu gblɔ nya siawo na ŋu o be: “Miawo la miedo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene.” (Luka 22:28, 29) Gake Yesu do ŋugbe be nuvɔ̃wɔla la anɔ Paradiso me kpli ye. Aleke ŋugbedodo ma ava emee?

Yehowa Mawu da ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa ɖe Paradiso, si nye abɔ dzeani si woyɔna be Eden me. (Mose I, 2:8, 15) Anyigba dzie Eden nɔ, eye Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba la katã nazu paradiso. Gake Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Mawu, eye wonyã wo le woƒe aƒe dzeania me. (Mose I, 3:23, 24) Gake Yesu ɖee fia be Paradisoa agava eye axɔ anyigba bliboa dzi.

Esi apostolo Petro bia Yesu nusi eya kple ehati apostolowo akpɔ le eyomedzedze ta la, Yesu do ŋugbe be: ‘Mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye miadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.’ (Mateo 19:27, 28) Eɖe dzesi be le Luka ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe dzeɖoɖo sia ŋu me la, le esi teƒe be wòagblɔ be “le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me” la, eŋlɔ be Yesu gblɔ be “le xexe, si lava va la me.”—Luka 18:28-30.

Eyata ne Yesu Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpuia dzi, eye amesiwo aɖu dzi kplii la kpe ɖe eŋu la, aɖo nuɖoanyi yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la anyi. (Timoteo II, 2:11, 12; Nyaɖeɖefia 5:10; 14:1, 3) To Kristo ƒe dziƒodziɖuɖua dzi la, Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo be anyigba bliboa nazu paradiso la ava eme!

Le Fiaɖuƒe dziɖuɖu sia me la, Yesu awɔ ŋugbe si wòdo na nuvlowɔla si ku kplii la dzi. Afɔe ɖe tsitre, eye ŋutsu ma ava zu Yesu tevi le anyigba dzi. Ekema woana mɔnukpɔkpɔ nuvɔ̃wɔla ma be wòaɖo Mawu ƒe nudidiwo gbɔ bene wòate ŋu anɔ agbe tegbee le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. Kakaɖedzitɔe la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi be míanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi la ta!

Gɔmesese Ate Ŋu Anɔ Agbe Ŋu

Bu gɔmesese si mɔkpɔkpɔ wɔnuku ma ate ŋu ana wòaɖo míaƒe agbe ŋu la le susu me kpɔ. Ate ŋu akpɔ míaƒe tamesusu ta tso afɔku siwo susu manyomanyowo bubu ate ŋu ahe vɛ la si me. Apostolo Paulo tsɔ mɔkpɔkpɔ ma sɔ kple gbɔgbɔmeʋawɔnu vevi aɖe. Egblɔ be “míado xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ” abe “gakuku” ene.—Tesalonikatɔwo I, 5:8; Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Mɔkpɔkpɔ ma te ŋu léa ame ƒe agbe ɖe te. Le Paradiso si ava me la, dzidzɔɖatsiwo axɔ ɖe akogotsitsi teƒe ne “Mawu, amesi fɔa ame kukuwo ɖe tsitre” la gbɔ agbe míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku. (Korintotɔwo II, 1:9) Ekema míaŋlɔ dziɖeleameƒo si ŋutilãme gbɔdzɔgbɔdzɔ, vevesese, kple teƒe ɖeka tsitsi hena vɛ be, elabena “xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene.” ‘Dzo agaɖo ame ƒe lãme abe ɖekakpui ene’ eye ‘wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.’—Yesaya 35:6; Hiob 33:25.

Le ɣeyiɣi ma si “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o” me la, dɔléle si anɔ nu gblẽm le ame ŋu vivivi ƒe nuxaxa azu gbaɖegbenya. (Yesaya 33:24) Blanuiléle si gbɔ didi si naa nu tia kɔ na ame le xexeame la atrɔ zu “vivisese kple dzidzɔ.” (Yesaya 35:10) Mɔkpɔkpɔbuɖeame si dɔléle vɔ̃ɖi hena vɛ nu ayi tsɔ kpe ɖe ku si nye ameƒomea ƒe futɔ xoxotɔ ŋutɔ hã ŋuti.—Korintotɔwo I, 15:26.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22, 23]

Na Mawu ƒe xexe wɔnuku yeyea nenɔ susu me na wò ɣesiaɣi