Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Xɔ̃nye Do Nuxaxa Nam?

Nukatae Xɔ̃nye Do Nuxaxa Nam?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Xɔ̃nye Do Nuxaxa Nam?

“Xɔlɔ̃ geɖe nɔ asinye . . . Emegbe wova dze xɔlɔ̃ nyɔnuvi bubu eye ne mete ɖe wo ŋu la, wodzudzɔa dzeɖoɖo. . . . Wova ɖeam ɖe aga le nusianu me. Ena mexaa nu vevie ŋutɔ.”—Karen. *

ATE ŋu adzɔ ɖe xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o dzi. Wo dome anɔ kplikplikpli ɣeaɖeɣi; ke emegbe la, womagade nu wo nɔewo ŋu gɔ̃ hã o. Nora, si nye ƒe 17 vi gblɔ be: “Ele be xɔlɔ̃ nanye amesi ŋu nàte ŋu aɖo ŋu ɖo, ahaka ɖe edzi, amesi ŋu nàte ŋu ate ɖo eɖanye nɔnɔme ka kee do mo ɖa o.” Gake ɣeaɖewoɣi la, xɔ̃wò vevitɔ kekeake ate ŋu ava dze egɔme anɔ nu wɔm abe wò futɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake ene.

Xɔlɔ̃dzedze Ðo Afɔku Me

Nukae nana xɔlɔ̃dzedze si me vivisese le trɔna zua esi me dzivedoname le? Le Sandra gome la, kuxia dze egɔme esime exɔlɔ̃ Megan, va ɣe eƒe dziwui siwo gbɔ melɔ̃a nu le o dometɔ ɖeka. Sandra gblɔ be: “Esi wòtrɔ awua vɛ la, eƒo ɖi eye eƒe abɔa ƒe akpa aɖe tso ka vie. Megblɔ nya aɖeke tso eŋuti gɔ̃ hã o, abe ke ɖe nyemakpɔe o ene.” Aleke Sandra se le eɖokui me le Megan ƒe ameŋumabumabu nuwɔnaa ŋu? Egblɔ be: “Edo dziku nam ale gbegbe. Edze abe metsɔ ɖeke le nye nunɔamesiwo . . . alo nye seselelãme me o ene.”

Woate ŋu ado nuxaxa na ame hã ne xɔlɔ̃ vevi aɖe wɔ nane alo gblɔ nya aɖe tsɔ do ŋukpe wò. Esia dzɔ ɖe Cindy dzi esi wògblɔ na eƒe sukuhatiwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be yemekpɔ xlẽ agbalẽ si wòle be yeaxlẽ aŋlɔ nu tso eŋuti haɖe o. Enumake exɔlɔ̃ Kate, te bublu ɖe eta. Cindy ɖo ŋku edzi be: “Edo ŋukpem le mía xɔlɔ̃ siwo ƒo ƒu la ŋkume. Eƒe nu ve dɔme nam ŋutɔ. Le ema megbe la, nuwo trɔ kura.”

Ɣeaɖewoɣi mama vana ne ame xɔlɔ̃ te hadede kple zɔhɛ yeyewo. Bonnie si nye ƒe 13 vi gblɔ be: “Xɔlɔ̃ nyui aɖe nɔ asinye si va ge ɖe ƒuƒoƒo aɖe me. Ete nugbegbe le gbɔnye.” Alo anye be nèva le dzesi dem viɖedidi ƒe nukpɔsusu aɖewo le xɔ̃wò ƒe nuwɔna me. Joe si xɔ ƒe 13 gblɔ be: “Mía kple Bobby míenye xɔlɔ̃ veviwo. Mebui be nye nɔnɔmee na wòlɔ̃m, gake meva kpɔe be edoa vivi ɖe ŋunye le esi fofonye le dɔ wɔm le boblodoƒe aɖe eye wòate ŋu akpɔ tikiti ayi fefewɔƒewo kple sinimawo ta.” Aleke Joe sena le eɖokui me fifia? Egblɔ be, “Nyemagaka ɖe Bobby dzi gbeɖe o!”

Le nudzɔdzɔ aɖewo me la, ate ŋu adzɔ be xɔ̃wò nava gblɔ nya aɖe si nèdi be wòanɔ ɣaɣla na ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, Allison ƒo nu tso eƒe dɔwɔhati aɖe ƒe kuxi ŋu na exɔlɔ̃ Sara. Le ŋufɔke la, Sara va gblɔ nyaa le dɔwɔhatia ƒe ŋkume. Allison gblɔ be: “Nyemebui gbeɖe be enye nukpoloeƒola nenema gbegbe o! Eku dzi nam ŋutɔ.” Nu ma tɔgbe ke dzɔ ɖe Rachel, si xɔ ƒe 16, dzi esime exɔlɔ̃ vevi aɖe ʋu go nya aɖe si me wo ame evea ɖeɖe dzro. Rachel gblɔ be: “Ena metɔtɔ eye mese le ɖokuinye me be edem asi. Mebia ɖokuinye be, ‘Aleke wɔ magagblɔ nye nyawo nɛ?’”

Xɔlɔ̃dzedze ate ŋu atu ame ɖo le seselelãme gome, vevietɔ ne ɖetsɔtsɔ le ame nɔewo me, kaka ɖe ame nɔewo dzi, kple bubudede ame nɔewo ŋu li. Gake xɔlɔ̃ veviwo gɔ̃ hã dome te ŋu mana ɣeaɖewoɣi. Biblia la gblɔe kaŋ be: “Xɔlɔ̃ aɖewo li siwo gblẽa wo nɔewo ŋu petepete.” (Lododowo 18:24, NW) Eɖanye nuka gbɔe wòtso o, ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie ne èse le ɖokuiwò me be ye xɔlɔ̃ aɖe de ye asi. Nukata esia dzɔna?

Nusita Kuxiwo Ðoa Xɔlɔ̃dzedzewo Me

Amegbetɔ ƒe ƒomedodo aɖeke meli—eɖanye le sɔhɛwo alo ame tsitsiwo dome o—si me kuxiwo mele o. Ne èbu eŋu kpɔ la, esɔ nenema abe alesi Kristotɔ nusrɔ̃la Yakobo gblɔe ene be: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.” (Yakobo 3:2; Yohanes I, 1:8) Esi wònye amesiame daa vo ta la, ɖeko wòle be míakpɔ mɔ be ɣeaɖewoɣi la, xɔlɔ̃ aɖe awɔ nane alo agblɔ nya aɖe si ave wò. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be ye hã yewɔ nane si ve ame ma kpɔ. (Nyagblɔla 7:22) Lisa, si xɔ ƒe 20, gblɔ be: “Mí katã míenye ame madeblibowo, eye míawɔ nu wòave mía nɔewo ɣeaɖewoɣi.”

Nu bubuwo li le amegbetɔ ƒe blibomademade megbe siwo hã gbɔ wòate ŋu atso. Ðo ŋku edzi be esi nèle tsitsim eye nuteƒekpɔkpɔ le asiwò sum la, nusiwo doa dzidzɔ na wò—kple nusiwo doa dzidzɔ na xɔ̃wòwo hã—trɔna. Eyata ame eve siwo ƒe didiwo sɔ le nu geɖe me tsã la ate ŋu ava kpɔe be vivivi la, vovototo le yewoƒe didiwo me vam. Ƒewuivi aɖe fa konyi le exɔlɔ̃ vevi ŋu be: “Míegaƒoa ka na mía nɔewo edziedzi o eye ne míeɖo dze hã la, míegalɔ̃na ɖe nu ɖeka dzi o.”

Enye nyateƒe be mamawo vaa xɔ̃lɔwo dome ya. Gake nukatae ame aɖewo doa nuxaxa na wo xɔlɔ̃wo? Zi geɖe la, etsoa ŋuʋaʋã gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, xɔ̃wò ate ŋu adze dzikudodo ɖe ŋuwò le wò dzɔdzɔmenunanawo alo nusiwo nète ŋu wɔ ta. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 37:4; Samuel I, 18:7-9.) Abe alesi Biblia gblɔe ene la, “ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.” (Lododowo 14:30) Ehea fuléle kple dzre vɛ. Aleke ke nyaa le o, nukae nàte ŋu awɔ ne xɔ̃wò wɔ nu wòve wò?

Nuwo Ðɔɖɔɖo

Rachel gblɔ be: “Gbã la, meléa ŋku ɖe amea ŋu akpɔ be ɖe wòɖoe wɔ hã.” Ne wogblɔ nya aɖe alo wɔ nane ɖe ŋuwò si nèbu be enye gbɔɖiɖi ame la, mègawɔ nu ɖe alesi nèse le ɖokuiwò me enumake nu o. Ðe eteƒe la, gbɔ dzi blewu eye nàbu nyaa ŋu keŋ. (Lododowo 14:29) Ðe wò nuwɔwɔ dzimagbɔɖitɔe ɖe nusi nèbu be enye gbɔɖiamea ŋu akpɔ nɔnɔmea gbɔa? Le ŋugbledede le nyaawo ŋu megbe la, àte ŋu awɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Psalmo 4:5 dzi be: “Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le miaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe!” Ekema àte ŋu atiae be yeana ‘lɔlɔ̃ natsyɔ nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.’—Petro I, 4:8.

Ke ne èse le ɖokuiwò me be yede aɖaba ŋe ge ƒu agbenɔnɔ vɔ̃ɖia dzi do kpoe ya ɖe? Ne edzɔ alea la, anyo wu be nàte ɖe amea ŋu. Frank, si nye ƒe 13 vi gblɔ be: “Mi ame evea ɖeɖe mite ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒo nu tso nusi dzɔ ŋu akpɔ nyaa gbɔ. Ne menye nenema o la, mialé mia nɔewo ɖe dɔ me.” Susan, si xɔ ƒe 16, bui nenema ke. Egblɔ be: “Nu nyuitɔ kekeake si nàwɔe nye nàgblɔ na wo be yeɖo ŋu ɖe wo ŋu gake wodo ŋukpe ye.” Jacqueline hã lɔ̃a nyawo gbɔ kpɔkpɔ le ame nɔewo dome tẽ wu. Egblɔ be: “Medzea agbagba be maƒo nu tso nyawo ŋu. Zi geɖe la, ewɔnɛ be amea ʋua nyaa me na wò faa eye miate ŋu akpɔ nyawo gbɔ enumake.”

Gake kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie be màgate ɖe xɔ̃wòa ŋu kple dziku o. Biblia gblɔ be: “Dɔmedzoetɔ dɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.” (Lododowo 15:18) Eyata lala vaseɖe esime wò dzi nafa hafi nàte kpɔ be yeakpɔ nɔnɔmea gbɔ. Lisa lɔ̃ ɖe edzi be, “Wò dzi hona le gɔmedzedzea me, gake na ɣeyiɣi nava yi ne wò dzi nadze akɔ anyi. Lala vaseɖe esime dzi si ku wò ɖe amea ŋu nafa. Emegbe àte ŋu ayi amea gbɔ eye mianɔ anyi adzro nyawo me le ŋutifafa me.”

“Ŋutifafawɔwɔ” ye nye nu vevitɔ. Ðo ŋku edzi be menye nyaʋawɔwɔ kple xɔ̃wòe nye taɖodzinua o. Ke boŋ nyawo gbɔ kpɔkpɔ le ŋutifafa mee, eye ne anya wɔ la, miagbugbɔ xɔlɔ̃wɔwɔa aɖo te. (Psalmo 34:15) Eyata ƒo nu tso dzi me faa. Lisa doe ɖa be: “Àte ŋu agblɔ be, ‘xɔ̃wò menye, eye wò hã nènye xɔ̃nye; gake ɖeko medi be manya nusi na nuwo va yi nenema.’ Ehiã be nànya susu si le megbe na wɔna la. Ne ènya nusitae la, zi geɖe egbɔ kpɔkpɔ megasẽna o.”

Le nyateƒe me la, masɔ be nàte kpɔ be yeaɖo eteƒe, ɖewohĩ to amea ŋu nya gbɔgblɔ me kple susu be yeana amewo nade ye dzi o. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ na Romatɔwo bena: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.” (Romatɔwo 12:17) Le nyateƒe me la, eɖanye aleke ke nyaa ve wòe o, ɖeko eteƒeɖoɖo na amea agblẽ nyaa ɖe edzi. Nora gblɔ be: “Eteƒeɖoɖo masɔ o, elabena miaganye xɔlɔ̃wo gbeɖe o.” Eyata egblɔ kpee be agbagba si nàdze be xɔlɔ̃dzedzea nali ke “wɔnɛ be wò dzi me kɔna.”

Ke ne xɔ̃wòa gbe nugɔmesese le wò agbagbadzedze be miadzra mia nɔewo dome ɖo ya ɖe? Ne edzɔ alea la, ɖo ŋku edzi be xɔlɔ̃dzedze li hamehame. Judith McCleese, si nye ƒomeɖaŋuɖola, gblɔ be: “Menye mia kple xɔ̃wòwo katã domee anɔ kplikplikpli o. Nyae be ƒomedodoawo anɔ vovovo.” Ke hã nyateƒe si wònye be èwɔ wò akpa dzi be yeahe ŋutifafa vɛ la ate ŋu anye akɔfafa na wò. Apostolo Paulo ŋlɔ be: ‘Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!’—Romatɔwo 12:18.

Kuxiwo ado mo ɖa le xɔlɔ̃wɔwɔ nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Ne ènya alesi nàto kuxiawo me ado dedie eye magblẽ nu le wò nukpɔsusu le ame bubuwo alo asixɔxɔ si nèdea ɖokuiwò ŋu ŋuti o la, ekema èle tsitsim ava zu ame tsitsi ɖɔʋu. Togbɔ be ame aɖewo li ‘siwo gblẽa wo havi ŋu petepete’ hã la, Biblia na kakaɖedzi mí hã be “xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.”—Lododowo 18:24.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Àte ŋu agbugbɔ xɔlɔ̃wɔwɔ aɖo te to nuƒoƒo tso nusi dzɔ ŋu me