Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wona Agbenɔnɔ Dzroe

Wona Agbenɔnɔ Dzroe

Wona Agbenɔnɔ Dzroe

BLANUILÉLE si nɔa anyi didi kple lãmesẽkuxi bubuwo nɔ fu ɖem na Mary. Gake meɖea eɖokui ɖe aga le eƒe ƒometɔwo ŋu o, eye menoa aha alo atikewo madzemadzee o. Nusi dzɔ ɖe Mary dzi ɖe nyateƒe sia fia be mehiã kokoko be nusianu naɖo ŋkubiã me hafi ame aɖoe koŋ ate kpɔ be yeawu ye ɖokui o.

Hena ɣeyiɣi aɖe la, edze abe woaŋlɔ Mary ade amesiwo wua wo ɖokui ŋuti nuŋlɔɖiwo me ene, atsɔ afia alesi ame tsitsiwo te ŋu wua wo ɖokuii. Enɔ ɖime ŋkeke geɖe, menɔ ʋaʋam o, eye woxɔe ɖe kɔdzi ƒe dɔwɔƒe si wokpɔa dɔléle sesẽwo gbɔ le, eye eƒe ŋutinuwo menɔ dɔ wɔm nyuie o. Srɔ̃aŋutsu John, si tɔtɔ ŋutɔ la nɔa egbɔ ɣesiaɣi kloe. Ðɔktawo gblɔ na John kple ƒometɔwo be ate ŋu adzɔ be Mary naku, eye ne etsi agbe hã la, ele be woakpɔ mɔ be nu agblẽ le eƒe susu ŋu tegbee.

Mary ƒe aƒelika si ŋkɔe nye Sally, si nye Yehowa Ðasefo la yina va srãnɛ kpɔ gbesiagbe. Sally gblɔ be, “medea dzi ƒo na ƒomea be woagabu mɔkpɔkpɔ o. Ƒe ʋɛ aɖewo va yi la, danye si nye suklidɔléla nɔ ɖime kwasiɖa geɖe. Ðɔktawo gblɔ na míaƒe ƒomea be matsi agbe akpɔ o, gake etsi agbe. Meléa Mary ƒe asi heƒoa nu nɛ abe alesi mewɔnɛ na danye ene, eye ne melée la mekpɔna be eʋana vie.” Kaka ŋkeke etɔ̃ naɖo la, ete ʋaʋa nyuie wu, eye edze abe Mary dze dzesidede amewo ene, togbɔ be mete ŋu nɔ nu ƒom o hã.

‘Ðe Mate Ŋu Axe Mɔ Ðe Enu Hafia?’

Sally gblɔ be: “Fɔbubu ameɖokui na John tɔtɔ ale gbegbe. Esusui be yeƒe vodada kokoko wòanye.” Aleae amewo wɔa nui zi geɖe ne woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe wu eɖokui alo te kpɔ be yeawu ye ɖokui. “Meɖoa ŋku edzi nɛ be susume blanuilélee nɔ fu ɖem na Mary. Ðe wòdze dɔ, eye ekpɔ be naneke meli yeawɔ atsɔ axe mɔ ɖe blanuilélea nu o, abe alesi mate ŋu axe mɔ ɖe ŋutilãme dɔléle nu o ene.”

Zi geɖe la, biabia sia ɖea fu na amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo wu wo ɖokui be, Anye ne nukae wòle be mawɔ atsɔ axe mɔ ɖe enu hafi? Ŋudzɔnɔnɔ ɖe nuxlɔ̃amedzesiwo kpakple afɔkunu bubuwo ŋu ate ŋu ana woaxe mɔ be woagatee kpɔ o. Gake ne medzɔ nenema o la, ɖo ŋku edzi be menye dziwòe wòle be nusi ame bubu awɔ atsɔ awu eɖokui la ƒe agba nanɔ o. (Galatiatɔwo 6:5) Ehiã be woaɖo ŋku esia dzi, vevietɔ le nɔnɔme siwo me amesi tee kpɔ be yeawu ye ɖokui la ɖonɛ koŋ dzea agbagba be yeabu fɔ ame bubuwo la me. Ðk. Hendin si míeyɔ va yi la gblɔ be: “Ele be wòanɔ susu me na mí be zi geɖe la, amesiwo wua wo ɖokui nyea amesiwo dina be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe seselelãme dzi alo awɔ fu wo, togbɔ be womanɔ agbe akpɔ ne woƒe agbagbadzedzea adze edzi alo ado kpo nu o hã.”

Ðk. Hendin yi edzi ɖe eme be: “Le ame tsitsi siwo wua wo ɖokui gome la, zi geɖe, vi tsitsiwo kple suewo alo srɔ̃wo nɔa wo si, siwo amea dina be yeakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi alo azi wo dzi ne woalé be na ame wu. Zi geɖe la, nusi ameɖokuiwulawo biana nyea nusiwo manya wɔ o, dɔnɔa tea tɔ ɖe eƒe didia dzi, eye zi geɖe, ameɖokuiwuwu ƒe tetekpɔ si dzena abe ŋkubiã mele wo me o ene va zua ŋkubiãnya.”

Ƒometɔ siwo ɖo nɔnɔme siawo me ase le wo ɖokui me be nu glo yewo, naneke meli yewoate ŋu awɔ o. Gake mègaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa Mawu fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo wu wo ɖokui le blanuiléle, susumedɔléle, alo mɔkpɔkpɔbuɖeame ta hã ate ŋu anɔ wo dome.—Kpɔ “Biblia ƒe Nukpɔsusu: Amesiwo Wu Wo Ðokui—Tsitretsitsi Li Na Woa?” le Eŋlisigbe me Nyɔ!, September 8, 1990, tɔ ƒe axa 22-3.

Togbɔ be womate ŋu aʋli ameɖokuiwuwu ta be enyo o hã la, efaa akɔ na mí ne míeɖo ŋku edzi be nusi adzɔ ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi le etsɔme la le Mawu si sea nu gɔme bliboe be gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple wɔnavɔleameŋu ate ŋu ana ame nawɔ nu dziŋɔ ma ƒe asi me. Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be: “Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu sẽ ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la dzii. Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe. Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.”—Psalmo 103:11-14.

Dzidzɔnya si Va Dzɔ

Mary nɔ dagbadagbam le ku kple agbe dome hena ŋkeke eve, gake etsi agbe. Vivivi la, eƒe susume va kɔ, eye John kplɔe yi aƒeme, afisi wotsɔ atike ɖesiaɖe de nu me hetu nu ɖe enu. Fifia Mary yia susume hadomedɔwɔlawo gbɔ woléa ŋku ɖe eŋu edziedzi, eye egblɔna be yemate ŋu aɖe nume ku ɖe nu dziŋɔ ma si wui kloe la ŋu alo aɖo ŋku nusi dzɔ gɔ̃ hã dzi o.

Fifia Sally, si nye John kple Mary ƒe aƒelika la wɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo kwasiɖa sia kwasiɖa. Wova srɔ̃e le Biblia me be madidi o, Mawu akpɔ kuxi mawo tututu siwo dze abe womate ŋu akpɔ wo gbɔ o ene, vevietɔ le ame tsitsiwo gome la gbɔ. Sally ɖe nu me be: “Gake Biblia sɔsrɔ̃ ɖeɖe mekpɔa kuxiwo gbɔ o. Ele be wò ŋutɔ nàkpɔ kpeɖodziwo tso Ŋɔŋlɔawo me be ŋugbedodo siawo nye nyateƒe, eye emegbe nàwɔ nusiwo nèsrɔ̃ la ŋudɔ. Gake mesusu be etsɔme mɔkpɔkpɔ vavã aɖe le John kple Mary si sum.”

Ne edze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na wò etsɔme o ene, eye nèdi be mɔkpɔkpɔ vavã nasu ye si la, nukata màte ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu o? Na woana kpeɖodziwo wò abe alesi wona John kple Mary ene, be kuxi aɖeke meli siwo gbɔ Mawu mate ŋu akpɔ o, eye akpɔ wo gbɔ le etsɔme kpuie. Aleke ke nuwo gblẽe fifia o, egbɔkpɔnuwo li. Taflatse na míalé ŋku ɖe etsɔme mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le si na dzodzro gaɖo ame geɖe me be yewoanɔ agbe la me.

[Aɖaka si le axa 20]

Afɔkunuwo Kple Nuxlɔ̃amedzesiwo

Magazine si nye The Journal of the American Medical Association ɖe nu me be: “Nusiwo naa ame tsitsiwo wua wo ɖokui to vovo na sɔhɛwo tɔ.” Afɔkunu mawo dometɔ aɖewoe nye “ahatsunono edziedzi kple blanuiléle, mɔnu siwo ate ŋu awu ame bɔbɔe ŋudɔwɔwɔ wu tsã, kple ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga le hadome. Gakpe ɖe eŋu la, ŋutilãme dɔlélewo kple seselelãmekuxiwo . . . ɖea fu na ame tsitsiwo.” Agbalẽ si nye Suicide, si Stephen Flanders ŋlɔ la yɔ afɔkunu siwo gbɔna, eye ele be woalé ŋku ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu.

Blanuiléle hena ɣeyiɣi didi:

“Numekulawo ka nya ta be wode dzesii be amesiwo wua wo ɖokui dometɔ 50 le alafa me léa blanui vevie.”

Mɔkpɔkpɔmanɔamesi:

Le numekuku aɖewo me la, wokpɔe be anɔ bɔbɔe be amesiwo meléa blanui o nate kpɔ be woawu wo ɖokui nenye be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si na etsɔme o.

Ahatsunono kple atikevɔ̃ɖizazã:

“Wobu akɔnta be [ahatsunolawo] ƒe xexlẽme si anɔ alafa memama 7 vaseɖe 21 la wua wo ɖokui, ne wotsɔe sɔ kple dukɔ bliboa me nɔlawo tɔ si mede ame ɖeka le alafa ɖesiaɖe me o.”

Ƒometɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi:

“Numekukuwo ɖee fia be anɔ bɔbɔe be amesi wu eɖokui ƒe ƒometɔ bubu nawu eɖokui.”

Dɔléle:

“Vɔvɔ̃ na ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔ, si ana woatsi teƒe ɖeka ɖeɖe ate ŋu aʋuʋu ame tsitsi aɖewo ale gbegbe be woate kpɔ be yewoawu yewo ɖokui.”

Nubuname:

“Nusi bu la ate ŋu anye nusi woate ŋu akpɔ kple ŋku, abe srɔ̃ alo xɔlɔ̃, dɔwɔɖui, alo ame ƒe lãmesẽ ene. Ate ŋu anye nusi womate ŋu akpɔ o hã. Kpɔɖeŋu aɖewoe nye bubu si le ame ŋu, ɖoƒe, alo dedienɔnɔ ƒe seselelãme.”

Hekpe ɖe afɔkunu siawo ŋu la, Flanders ƒe agbalẽa yɔ nuxlɔ̃amedzesi siwo gbɔna siwo mele be woabu nu tsɛ gbeɖe o.

Ne amea tee kpɔ be yeawu ye ɖokui kpɔ:

“Nusiae nye dzesi vevitɔ kekeake be amea ate ŋu awu eɖokui.”

Nuƒoƒo tso ameɖokuiwuwu ŋu:

“Nyawo abe ‘Womagaɖe fu na wo ɖokui le tanye ɣeyiɣi didi o’ alo ‘Nye anyimanɔmanɔ ade wo dzi wu’ ene gbɔgblɔ nye dzesi siwo fia kɔte be amea di be yeawu ye ɖokui.”

Ðoɖo mamlɛawo wɔwɔ:

“Nuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye domenyinumagbalẽ wɔwɔ, nunɔamesi veviwo tsɔtsɔ ke, kple ɖoɖowɔwɔ ɖe amegbɔlãwo ŋu.”

Tɔtrɔ siwo adze le ame ƒe amenyenye alo nuwɔna me:

Ne amea lɔ̃a “nya siwo fia viɖemanɔameŋu alo mɔkpɔkpɔmanɔamesi gbɔgblɔ la,” ate ŋu anye “blanuiléle ƒe dzesi si nu sẽ ale gbegbe be ate ŋu ana wòawu eɖokui.”

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe wu eɖokui la hiãa kpekpeɖeŋu be woate ŋu anɔ te ɖe enu