Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Vavã—Nukae Wònye?

Xɔse Vavã—Nukae Wònye?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Xɔse Vavã—Nukae Wònye?

“NE XƆSE MELE MÍA SI O LA, MÍATE ŊU ADZE MAWU ŊU O; ELABENA ELE BE, AMESI KE TENA VA MAWU GBƆ LA, NAXƆ ASE BE, MAWU LI, EYE WÒNYE TEƑEÐOLA NA AMESIWO DINƐ VEVIE”—HEBRITƆWO 11:6.

NUKAE nye xɔse? Ame aɖewo ɖe xɔse gɔme be enye Mawu dzi xɔxɔ se le subɔsubɔ gome evɔ kakaɖedzi blibo manɔ ame si be eli ŋutɔŋutɔ o. Amerikatɔ nyadzɔdzɔŋlɔla H. L. Mencken ɖe xɔse gɔme be “nusi meli ŋutɔŋutɔ o dzi xɔxɔ se susumanɔmetɔe.” Esiae nye xɔse vavã si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia mea? Ele vevie be woase nusi xɔse nye gɔme nyuie elabena, abe alesi woyɔe ɖe etame ene la, “ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o.”

Biblia gblɔ be: “Xɔse enye kaka ɖe nusiwo míekpɔ mɔ na la dzi.” (Hebritɔwo 11:1, The New Testament in the Language of Today) Eyata sidzedze vavãtɔ, si nye nyateƒe siwo dzi woate ŋu anɔ te ɖo awɔ nyametsotso nyuiwo, dzie wotu xɔse ɖo. Menye dzixɔse dzro ko wòbia o, ke ebia be susu aɖe nanɔ anyi si ta woxɔ nane dzi se.

Le kpɔɖeŋu me: Ðewohĩ xɔlɔ̃ aɖe le asiwò si ŋu nàte ŋu agblɔ le be: “Meka ɖe ame ma dzi ŋutɔ. Mate ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be awɔ eƒe nyawo dzi. Menya be ne meɖo xaxa me la, axɔ nam.” Manɔ bɔbɔe be nàgblɔ nya ma le ame aɖe si nènya ŋkeke ɖeka alo eve ko la ŋu o, alo anɔ bɔbɔea? Ele be wòanye ame aɖe si ɖee fia zi geɖe be woate ŋu aka ɖe ye dzi. Nenema ke wòle be wòanɔ le mawusubɔsubɔdzixɔse hã gome, ele be wòana mɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi si wotu ɖe nyateƒe akuakua si dzi woate ŋu aka ɖo dzi la ame.

Xɔse alo Nudzixɔxɔse Dzro?

Le nyateƒe me la, nu geɖe si yɔm wole be xɔse egbea nye nudzixɔxɔse dzro—si nye nusianu ko dzixɔxɔse bɔbɔe kpeɖodzi alo susu manɔmee. Seselelãme kple aʋatsodzixɔse siwo metoa mɔ ɖeka o dzie nusianu ko dzixɔxɔse nɔ te ɖo. Menye xɔse likee esia nye o elabena gɔmeɖokpe sesẽ aɖeke meli nɛ si ta woaka ɖe edzi o.

Nusianu ko dzixɔxɔse ate ŋu ana ame nawɔ nyametsotso aɖewo siwo mewɔ ɖeka kple Biblia me nyateƒea o. Eyata Biblia xlɔ̃ nu le xɔse si ŋu kpeɖodzi mele o ŋu ale: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Biblia medea dzi ƒo be woaxɔ nya sia nya ko dzi ase o. Ke edea dzi ƒo be woaxɔ nusi ŋu kpeɖodzi le dzi ase.

Be woate ŋu adze si xɔse vavãtɔ tso nusianu ko dzixɔxɔse gbɔ nye ŋkubiãnya. Ame aɖe ate ŋu anye dzixɔsetɔ gake xɔse vavã manɔ esi o. Paulo gblɔ be: “Menye amewo katã si xɔse la le o.” (Tesalonikatɔwo II, 3:2) Gake xɔse si wotu ɖe Biblia dzi le ame aɖewo si, eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi.

Xɔse Vavãtɔ Tea Ame Ðe Mawu Ŋu

Woate ŋu atsɔ xɔse asɔ kple kɔsɔkɔsɔ si wotsɔ dziɖoɖoɖeameŋu kple kakaɖeamedzi tsyiã eƒe kpeƒewoe wòbla amegbetɔ ɖe Mawu ŋu. Gake ɖe wotua xɔse sia tɔgbe ɖo; womedzinɛ kple ame o. Aleke nàtu xɔse vavã ɖoe? Biblia ɖe eme be: “Xɔse la tsoa nusi wose la me. Eye nusi wose la to nya, si tso Kristo ŋuti la me.”—Romatɔwo 10:17, NW.

Eyata ehiã be nàgbɔ dzi ɖi asrɔ̃ nu tso Mawu kple Via, Yesu Kristo, ƒe nufiafiawo ŋu. Sidzedze sia mesua ame si agbagbamadzemadzee o. (Lododowo 2:1-9) Ele be nàʋli asrɔ̃ nu tso nusi Biblia gblɔ ŋu be nàte ŋu aka ɖe edzi.

Gake xɔse vavãtɔ bia nu geɖe wu sidzedze ƒe ame si susu alo edzixɔxɔse ko be nane nye nyateƒe. Elɔ dzia—si nye ameʋaŋusẽ tsoƒe—hã ɖe eme. Romatɔwo 10:10 gblɔ be: “Wotsɔa dzi xɔna sena.” Nukae nya si fia? Ne èdea ŋugble le mawumenuwo ŋu, eye nèkpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu la, ana be Biblia me gbedasia nage ɖe wò dzi me. Ne Mawu ƒe ŋugbedodowo ʋaa wò nèwɔa nu ɖe eŋu eye nèle eƒe yayrawo xɔm la, wò xɔse atsi eye wòasẽ ɖe edzi.—Tesalonikatɔwo II, 1:3.

Nu xɔasi ka gbegbee nye si xɔse vavãtɔ nye! Eɖea vi na mí esi wònaa míete ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu to ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu, kaka ɖe eƒe ŋutete be wòadzɔ míaƒe toƒe ŋu, kple alesi wòlɔ̃ faa kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔe me. Hekpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ƒo nu tso viɖe aɖe si xɔse ahe vɛ mlɔeba ŋu ale: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Agbe mavɔ—nunana wɔnuku kae nye si wònye na amesiwo si xɔse le!

Mawu ƒe ŋugbedodo be yeana teƒeɖoɖo ye subɔlawo naa nukpɔsusu yeye va sua ame si le agbe me. Hebritɔwo 11:6 gblɔ be xɔse vavãtɔ bia be woaxɔ Mawu ƒe ŋutete be wòaɖo eteƒe na “amesiwo dinɛ vevie” la dzi ase. Eyata eme kɔ ƒã be xɔse vavãtɔ menye nusianu ko dzixɔxɔse o, eye ebia nu geɖe wu edzixɔxɔse be Mawu li dzro ko. Ebia be woalɔ̃ ɖe Mawu ƒe ŋutete be aɖo eteƒe na amesiwo dinɛ vevie la dzi. Ðe nèdi vevie le nyateƒe me be yeanya Mawua? Ne èdii la, ekema xɔ sidzedze vavãtɔ tso eƒe Nya, Biblia me, eye woaɖo wò xɔse la teƒe na wò.—Kolosetɔwo 1:9, 10.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]

Drawings of Albrecht Dürer/Dover Publications, Inc.