Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 27. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)

1. Nukae do liƒo na Ŋugbedodonyigba la le dziehe gome eye wònye teƒe kɔkɔtɔ kekeake le Palestina nutoa me? (Yosua 12:1)

2. Yehowa ƒe nɔnɔme si anyo ŋutɔ be wòanɔ amegbetɔwo si la dometɔ ka ƒe amesinɔnɔe menye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi o? (Psalmo 18:35, NW)

3. Asiriatɔwo ƒe asrafo nenie Yehowa ƒe dɔla wu le zã ɖeka me? (Fiawo II, 19:35)

4. Amekae tsɔ ami ʋeʋĩ si ƒe asi sẽ ŋutɔ si ɖe Yesu ƒe afɔ ŋuti eye wòtutu eƒe afɔ ŋuti kple eƒe taɖa? (Yohanes 12:3)

5. Hebritɔwo ƒe vixela siwo gbe Farao ƒe sedede be woawu vidzĩ siwo nye ŋutsuviwo dzi wɔwɔ, siwo Yehowa va yra hena vi geɖe wo ƒe ŋkɔwo ɖe? (Mose II, 1:15-21)

6. Yuda-fiaɖuƒea ƒe fia kae togbɔ be ewɔ nu siwo mesɔ o ɣeaɖewoɣi le eƒe fiaɖuɖu ƒe 41 me hã la, wobui be enye fia wɔnuteƒewo dometɔ ɖeka? (Fiawo I, 15:14, 18)

7. Lã ka ŋue woƒo nu tsoe le gbugbɔgaɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi aɖe me be, “aɖu gbe abe nyi ene”? (Yesaya 65:25)

8. Nukatae Sodom ŋutsuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ɖe to ɖe Lot ƒe aƒe? (Mose I, 19:4, 5)

9. Nukae Yehowa zã tsɔ tɔtɔ Filistitɔwo wònye Samuel ƒe gbedodoɖa ŋuɖoɖo, ale be Israel-viwo si wo? (Samuel I, 7:9, 10)

10. Nuɖenya kae Mose gblɔ na Farao esime wòbia tso esi be wòaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo? (Mose II, 5:1)

11. Ati tseku ka ƒe alɔe wozãna zi geɖe wònyea ŋutifafa ƒe dzesii? (Yesaya 17:6)

12. Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ siwo Yohanes ŋlɔ dometɔ kae wòŋlɔ gbã?

13. Amekae lododoa gblɔ be enye “fiakuku na srɔ̃a”? (Lododowo 12:4)

14. Amekae gbe be Fia Dawid nagaɖo eteƒe na ye o le esi wòxɔ ƒe 80 ta togbɔ be edze na teƒeɖoɖoa xɔxɔ hafi? (Samuel II, 19:32-37)

15. Mawudɔlawo ƒe xexlẽme kae wogblɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be Satana ble? (Nyaɖeɖefia 12:4)

[Biabiaawo ƒe Ŋuɖoɖowo si le axa 27]

1. Xermon-to

2. Ðokuibɔbɔ

3. 185,000

4. Maria, si nye Marta kple Lazaro nɔvinyɔnu

5. Sifra kple Pua

6. Asa

7. Dzata

8. Wodi be yewoadɔ eƒe amedzro siwo nye mawudɔlawo gbɔ sesẽe

9. Dziɖegbe

10. Be woayi aɖaɖu ŋkekenyui na Yehowa le gbedzi

11. Amiti

12. Nyaɖeɖefia

13. ‘Nyɔnu zazɛ̃’

14. Gileadtɔ Barsilai, tso Roglim

15. Woƒe akpa etɔ̃lia