Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòsɔ Be Woade Ta Agu na Yesua?

Ðe Wòsɔ Be Woade Ta Agu na Yesua?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòsɔ Be Woade Ta Agu na Yesua?

LE ƑE alafawo me la, Kristodukɔa me tɔ geɖe de ta agu na Yesu Kristo abe Mawu Ŋusẽkatãtɔe wònye ene. Gake Yesu ŋutɔ ɖee fia be Yehowa Mawu koe wòle be woaɖo toe eye eya ɖeka ko woasubɔ. Le kpɔɖeŋu me, esime Abosam te Yesu kpɔ be wòade ta agu na ye la, egblɔ be: “[Yehowa], wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.” (Mateo 4:10) Emegbe Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.”—Mateo 23:9.

Yesu ƒo nu tso tadedeagu si tɔgbe wòle be amewo natsɔ na Mawu ŋu na Samaria-nyɔnu aɖe. Ele be woade ta agu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me. Le nyateƒe me la, “Fofo la le amesiawo tɔgbe dim be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:23, 24, NW) Ẽ, ele be woatsɔ tadedeagu ƒe bubu na Mawu ɖeɖeko. Be woade ta agu na ame aɖe alo nu bubu ɖesiaɖe anye trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna ƒomevi aɖe, eye woƒo nu tsi tre ɖe eŋu le Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me.—Mose II, 20:4, 5; Galatiatɔwo 5:19, 20.

Ke hã ame aɖe ahe nya be, ‘Gake ɖe Biblia megblɔ hã be míade ta agu na Yesu oa? Ðe Paulo megblɔ le Hebritɔwo 1:6, be: “Eye Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu [na Yesu]” oa? Aleke míase ŋɔŋlɔ sia mee ne míetsɔe sɔ kple nusi Biblia gblɔ le trɔ̃subɔsubɔ ŋu?

Alesi Woƒo Nu tso Tadedeagu Ŋui le Biblia Me

Gbã la, ele be míase tadedeagu si Paulo wɔnɛ le afisia la gɔme. Helagbe me nya si wòzãe nye pro·sky·neʹo. Unger’s Bible Dictionary gblɔ be nusi nya sia fia le nyagbɔgblɔa ŋutɔ nu enye be ‘woagbugbɔ ame ƒe asi wòanye bubudedeameŋu ƒe dzesi alo woawɔ amebubunu ɖe ame ŋu.’ An Expository Dictionary of New Testament Words, si W. E. Vine ŋlɔ, gblɔ be nya sia “fia bubudedeameŋu, ate ŋu anye amegbetɔ . . . loo alo Mawu ŋu.” Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, zi geɖe la, pro·sky·neʹo fiana be woabɔbɔ ɖe ame aɖe si ŋu bubu le ƒe ŋkume ŋutɔŋutɔ.

De ŋugble tso lo si Yesu do le dɔla si nyi fe gbogbo le eƒe aƒetɔ ŋu eye mete ŋu xee o la ŋu kpɔ. Helagbe me nya sia tɔgbe aɖe dze le lododo sia me, eye esi wonɔ egɔme ɖem le Eŋlisigbe me King James Version me la, wogblɔ be “dɔla ma dze klo de ta agu [si nye pro·sky·neʹo ƒomevi aɖe] [na fia la], gblɔ bena, Aƒetɔ, gbɔ dzi blewu, eye maɖo wo katã teƒe na wò.” (Mateo 18:26; míawoe te gbe ɖe edzi.) Trɔ̃subɔsubɔ nuwɔnae ŋutsu sia wɔa? Kura o! Ðeko wònɔ bubudedeameŋu nuwɔna aɖe si tɔgbe dze fia, si nye eƒe aƒetɔ kple amegã, la tsɔm nɛ.

Bubudedeameŋu nuwɔna mawo ƒomevi bɔ ɖe Ɣedzeƒedukɔwo me le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Yakob tsyɔ mo anyi zi adre esime wòdo go nɔviaŋutsu Esau. (Mose I, 33:3) Yosef nɔviŋutsuwo dze klo, alo bɔbɔ nɛ, tsɔ de bubu eŋu le bubuteƒe si wònɔ le Egipte-fiasã me ta. (Mose I, 42:6) Ŋugbledede tso nyateƒenya siawo ŋu ana míase nusi dzɔ esime ɣletivimefakalaawo ke ɖe Yesu si nye ɖevi sue, amesi dzi wolɔ̃ ɖo be enye “Yudatɔwo ƒe fia, si wodzi” ŋu la gɔme nyuie wu. Abe alesi woɖe egɔme le Eʋegbe Biblia mee ene la, nuŋlɔɖia gblɔ na mí be “wodze klo de ta agu [pro·sky·neʹo] nɛ.”—Mateo 2:2, 11.

Eyata edze ƒã be nya pro·sky·neʹo si gɔme woɖe be “tadedeagu” le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la menye tadedeagunuwɔna si tɔgbe dze na Yehowa Mawu la koe wozãnɛ na o. Ate ŋu aku ɖe bubu kple asixɔxɔ dede ame bubuwo ŋu hã ŋuti. Esi wodze agbagba le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me be woaƒo asa na nyaawo gɔmesese bubui la, woɖe nya pro·sky·neʹo gɔme le Hebritɔwo 1:6, be “nade bubu eŋu” (New Jerusalem Bible), “nado kɔkɔe” (The Complete Bible in Modern English), “nabɔbɔ nɛ” (Twentieth Century New Testament), alo “nawɔ bubudeameŋunu nɛ” (New World Translation).

Yesu Dze na Bubu

Ðe Yesu dze na bubudeameŋunu mawoa? Ðikeke mele eme o be edze nɛ! Apostolo Paulo ɖe nu me le agbalẽ si wòŋlɔ na Hebritɔwo me be esi wònye Yesue nye “nuwo katã ƒe domenyila” ta la, “ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo.” (Hebritɔwo 1:2-4) Eyata ele be “amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.”—Filipitɔwo 2:10, 11.

Edze ƒã be eteƒe madidi o Kristo azã eƒe ɖoƒe kɔkɔ kple dziɖuŋusẽ gã si kpe ɖe eŋu la atsɔ atrɔ anyigba sia katã wòazu paradiso. Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, awɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ ŋudɔ atsɔ aɖe blanuiléle, vevesese, kple konyifafa katã ɖa le xexeame na amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe la te. Eyata ɖe medze be míade asixɔxɔ kple bubu eŋu ahaɖo toe oa?—Psalmo 2:12; Yesaya 9:5; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

‘Mawu si Biaa Ðokuitsɔtsɔna Blibo’

Ke hã Biblia ɖee fia kɔte be ele be míaƒe tadedeagu—le mawusubɔsubɔ ƒe bubu kple ɖokuitsɔtsɔna gome—nayi na Mawu ɖeɖe dzaa ko. Mose yɔe be enye ‘Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo.’ Eye Biblia xlɔ̃ nu mí be ‘míade ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzidziwo.’—Mose V, 4:24; Nyaɖeɖefia 14:7.

Eyata le nyateƒe me la, Yesu le nɔƒe vevi aɖe le tadedeagu vavãtɔ me, eye edze be míade asixɔxɔ kple bubu eŋu. (Korintotɔwo II, 1:20, 21; Timoteo I, 2:5) Eya koe nye mɔ ɖeka kolia si dzi míato ate ɖe Yehowa Mawu ŋu. (Yohanes 14:6) Eyata esɔ be Kristotɔ vavãwo nade ta agu na Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ko.