Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkeke si Dzi Woaɖo Ŋkui

Ŋkeke si Dzi Woaɖo Ŋkui

April 19, 2000

Ŋkeke si Dzi Woaɖo Ŋkui

LE FIẼ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eɖo eƒe ku ƒe ŋkuɖodzia anyi. Enye wɔna bɔbɔe aɖe. Le ewɔwɔ me la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—Luka 22:19, NW.

Ƒe sia me wɔna sia ƒe ƒezã dze Kuɖa, April 19 lia dzi le ɣeɖoto megbe.

Eyata Yehowa Ðasefowo akpe ta le xexeame katã fiẽ tɔxɛ sia na Ŋkuɖodzi sia ɖuɖu le mɔ si Yesu de se be woaɖui le nu. Míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàva kpɔ eteƒe. Taflatse bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ ne woafia game si tututu woawɔe kple teƒe si woawɔe le la wò.