Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ðevi Siwo Dze Azɔlizɔzɔ Kple Television

The Toronto Star ka nya ta be Amerika Ðeviŋutidɔdada Nusrɔ̃ƒe kafui be ɖevi siwo mexɔ ƒe eve haɖe o nagakpɔ television o. Numekuku siwo wowɔ tso ɖeviwo ƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ nyuie ŋu ɖee fia be vidzĩwo kple ɖevi siwo dze azɔlizɔzɔ gɔme hiã kadodo kplikplikpli kple wo dzilawo kpakple vidzikpɔla bubuwo tẽ. Television kpɔkpɔ ate ŋu “ado kplamatse nuwɔwɔ tẽ kple ɖeviwo si kpena ɖe wo ŋu wotua hadomegbenɔnɔ, seselelãme kple sidzedzenu ƒe ŋutetewo ɖo.” Gake menye eŋutinunyalawo katãe lɔ̃ ɖe edzi o. Le kpɔɖeŋu me, Canadatɔwo ƒe Ðeviŋutidɔdada Habɔbɔ gblɔ be television dzi wɔna tuameɖowo kpɔkpɔ si ŋu dzila ƒe mɔfiame akpe ɖo si ne edidi ƒãe nye aɖabaƒoƒo 30 gbeɖeka nyea “mɔnukpɔkpɔ be dzila nafia nu” ɖevia. Gake habɔbɔ evea siaa lɔ̃ ɖe edzi be mele be television alo kɔmpiuta nanɔ xɔme na ɖeviwo o eye mele be woatsɔ television kpɔkpɔ awɔ ɖevinublenui o. Esi wònye television kpɔkpɔ ate ŋu agblẽ nu le ɖeviwo ŋu ta la, wodo susu ɖa be “anyo be woade dzi ƒo na ɖeviwo be woafe le xɔxɔnu, axlẽ agbalẽ alo afe kple fefenuwo.”

Dziɖeleameƒo le Dɔwɔƒe

Nukatae ame geɖe doa dziku kabakaba alo wɔa ŋutasesẽnu le dɔwɔƒe? Toronto susuŋutinunyala Sam Klarreich gblɔ be ɖewohĩ manye nuteɖeamedzi gbɔ koe wòatso o ke boŋ ate ŋu atso alesi womate ŋu anɔ te ɖe dziɖeleameƒo nu o hã gbɔ. Globe and Mail ka nya ta be Klarreich bui be nɔnɔme sia doa mo ɖa le dɔwɔla aɖewo siwo se le wo ɖokui me be wole “nu geɖe akpa biam tso yewo si le dɔwɔƒe eye emegbe wova kpɔnɛ be fe si woxe na yewo la mede dɔ siwo yewowɔ nu o” la dome. Klarreich xlɔ̃ nu be dziku léle ɖi ɣeyiɣi didi nye “seselelãme si gblẽa nu le ame ŋu vevie” si ate ŋu ahe gbagbadɔ alo dzidɔ vɛ. Ede dzi ƒo na dɔwɔlawo be woasrɔ̃ alesi woanɔ te ɖe dziɖeleameƒonuwo nu kple alesi woanɔ anyi kple woƒe dɔtɔwo adzro dɔ si woate ŋu awɔ le woƒe ŋutetewo nu me tufafatɔe. Ke Klarreich xlɔ̃ nu dɔtɔwo hã be woanɔ ŋudzɔ ɖe dɔwɔla siwo wòdze abe dɔ wu wo ene la ŋu eye woana kpekpeɖeŋu bubu wo, aɖe woƒe dɔwɔna aɖewo dzi na wo, alo adoe ɖe wo gbɔ be woaxɔ ŋkeke ɖeka mɔkeke atsɔ aɖi ɖe emee.

Hadzidzi Doa Dzidzɔ na Dzi

Germanygbe me nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Stuttgarter Nachrichten ka nya ta be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔe be hadzidzi nana ahɔhɔ̃metsi aɖewo wɔa dɔ si wɔnɛ be ame ƒe dzi dzea eme eye dzi dzɔnɛ. Numekulawo gblɔ be hadzidzi naa ahɔhɔ̃ me “nu suesue siwo naa wosea nu le lãme” tea dɔwɔwɔ. Eyata nyatakakaa gblɔ be “wogblɔ tso hadzidzi ŋu be menye seselelãmewo ɖeɖefia koe wònye o ke ehoa seselelãme ɖe ame me hã.” Hafialawo gblɔ be egbea ame geɖe bua hadzidzi be enye “tsigãdzinu” alo be yewoƒe gbe menyo o, eyata woɖe asi le hadzidzi kple haƒoƒo ŋu na modzakaɖelawo. Gake numekuku sia ɖee fia be eɖea vi na amewo ne woa ŋutɔwo dzi ha.

Agblemenukuwo Fifi

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Siegener Zeitung ka nya ta be le Germany nuto geɖe me la, agbledelawo le konyi fam le alesi woƒe agblemenukuwo fifi le dzidzim ɖe edzii ŋu. Fiafiawo tsɔa tɔkpo va gbea aŋanyii eye wotsɔa ʋu va fiaa asparagus gbogbo aɖewo. Le woƒe vava aɖe me la, wofi atikutsetse si nye strawberry 7,000 sɔŋ. Togbɔ be anɔ eme be ame aɖewo fi nuɖuɖu le ganyawo ƒe fuɖename ta hã la, edze abe ame bubuwo ya bui modzakaɖenui ene. Agbledelawo ka nya ta be yewokpɔa “ʋu ƒomevi vovovowo” le agble siwo me wofi nuawo le la gbɔ. Zi geɖe la, agbleawo gbɔ didina tsoa agbletɔawo nɔƒewo, ale dzi gaɖoa fiafiawo ƒo ne wole nu fim le agble siawo me. Eŋutiɖaŋuɖola aɖe do susu ɖa be agbledelawo nanɔ nyimi kɔm ɖe nukuawo dzi atsɔ aɖe dzi le fiafiawo ƒo.

Amesiwo Kpɔa Gome le Hadomenuwɔnawo Me Ate Ŋu Anɔ Agbe Didi Wu

Numekuku yeye aɖe si wowɔ le Harvard Yunivɛsiti ɖee fia be ame tsitsi siwo kpɔa gome le hadomenuwɔnawo, abe sɔlemedede, nuɖuɖu le nuɖuɖudzraƒewo, kamedefefewo, kple sinima yiyi ene, me ƒe agbenɔƒe didina ƒe eve kple afã le mama dedie nu wu amesiwo mekpɔa gome le hadomenuwɔnawo me boo o. Thomas Glass si le Harvard, amesi nɔ ŋgɔ na numekukua, gblɔ be wolɔ̃ ɖe edzi tso gbaɖegbe ke be gomekpɔkpɔ le nuwɔna mawo me tẽ ye ɖea vi na amewo. Gake egblɔ kpee be numekuku siae nye “ɖewohĩ kpeɖodzi sesẽtɔ kekeake si dze le nudzɔdzɔwo me si ŋu míeke ɖo kpɔ be taɖodzinu si ŋu gɔmesese le ƒe amesinɔnɔ le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me didia ame ƒe agbenɔƒe ɖe edzi.” Glass gblɔ be gomekpɔkpɔ le nuwɔnaa me geɖe didia ame ƒe agbenɔƒe ɖe edzi le go ɖesiaɖe kloe me, eɖanye wɔna kae o.

Xexeame ƒe Tɔdziʋu Gbagbã Xoxotɔwo Kekeake

Franseawo ƒe magazine si nye Sciences et avenir ka nya ta be atsiaƒuŋutinunyalawo ke ɖe Foinike-tɔdziʋu eve siwo nɔ anyi tso ƒe 750 D.M.Ŋ. lɔƒo ŋu. Tɔdziʋu siawo siwo didi meta 15 kple meta 18, si kple Israel-ƒuta dome didi ʋĩ le teƒe si goglo meta 500 le atsiaƒua me, eye woawoe nye tɔdziʋu xoxotɔwo kekeake siwo ŋu woke ɖo kpɔ le atsiaƒu gã gbanaa la me. Tɔdziʋuawo ho tso Tiro eye wodo weinkplu gba na wo, si ɖewohĩ wotsɔ yina Egipte alo Dziehe Afrika dugã si nye Carthage me. Abe alesi woƒo nu tso eŋu le International Herald Tribune mee ene la, Robert Ballard, amesi ke ɖe tɔdziʋuawo ŋu, gblɔ be: “Edze abe alesi gbegbe atsiaƒuawo gogloe, ɣe ƒe keklẽ si medea tsia gɔme o, kple nutomeŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ ɖe nu dzi si nu sẽ, kpɔa blemaŋutinya ta sasasã wu alesi míebunɛ ene.” Numekulaawo gblɔ be nufɔfɔ sia “ate ŋu ahe numekuku le blematɔwo ƒe ƒudzigbenɔnɔ ŋu ƒe mɔnu yeye kura vɛ.”

Nu Gbãtɔ Kekeake si Wotia be Ehea Gbɔdzɔe Vɛ

Le nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe me la, wobia gbe ame 1,000 siwo tso dukɔ 30 sɔŋ me be nuka wokpɔ be ewɔwɔ naa gbɔdzɔe yewo wu ne nu te ɖe wo dzi hã. Reuters nyadzɔdzɔdɔwɔƒe ka nya ta be le xexeame katã la, amesiwo wobia gbee dometɔ 56 le alafa me gblɔ be hadzidzie nye nu gbãtɔ. Le Dziehe Amerika la, ame 64 le alafa me gblɔ be hadzidzie nye gbãtɔ, eye ame 46 le alafa me tiae le Asia-dukɔ deŋgɔwo hã me. Le wo katã me la, television kpɔkpɔ xɔ nɔƒe evelia, eye tsilele kplɔe ɖo. Tom Miller, si nye tatɔ na Roper Starch Worldwide, si nye adzɔha si kua nu me le adzɔnuwo ƒeƒle ŋu gblɔ be: “Ne èbu ga si wozãna ɖe hadzidzi ŋu kple eƒe bɔbɔ to radio, television, CD-haƒomɔ̃wo, Internet, kple mɔnu yeye bubu geɖewo ŋutɔ dzi ŋu la, mewɔ nuku be amesiwo wu xexeamenɔlawo ƒe afã sea hadzidzi tsɔ ɖina ɖe emee o.”

Ahedada—Xexeame Katã ƒe Kuxie

Xexeame ƒe Gadzraɖoƒe Gã ƒe zimenɔla James D. Wolfensohn tsɔ dzitsitsi gblɔ alesi ahedada kpɔtɔ li le xexeame la nyitsɔ laa. Mexico City ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Jornada ka nya ta be Wolfensohn gblɔ be ame biliɔn ade siwo le xexeame la ƒe akpa etɔ̃lia kpɔtɔ le ahedada kolikoli me. Egblɔ kpee be amesiwo le xexeame ƒe afã nɔa agbe ɖe ga home si mede dɔlar eve o ŋu gbeɖeka; eye ame biliɔn ɖeka nɔa agbe ɖe ga si mede dɔlar ɖeka o ŋu gbeɖeka. Togbɔ be Wolfensohn kpɔ ŋudzedze ɖe ŋgɔyiyi si Xexeame ƒe Gadzraɖoƒe Gã wɔ le ahedada dzi ɖeɖe kpɔtɔ me ŋu hã la, eyɔ xexlẽme aɖewo si ɖee fia be kuxia keke ta eye womate ŋu atsi enu o. Egblɔ be: “Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ahedada nye xexeame katã ƒe kuxi.”

Ne Mèka Ðe Edzi O la, Tsɔe Ƒu Gbe

Nuɖuɖu aɖewo ƒe dzaƒoƒo, abe ne nyinotsibabla ƒo dza eye eƒe amadede trɔ zu blɔ ene, megblẽa nu le ame ŋu o. Gake UC Berkeley Wellness Letter xlɔ̃ nu be bubuwo ate ŋu agblẽ nu, vevietɔ le amesiwo ŋu lãmesẽkuxiwo le ŋu. Abolo kple nuɖuɖu siwo wotsɔ nuku wɔe ƒe dzaƒoƒo le esiwo me aɖi le wu dome. Zi geɖe la, kavi lɛlɛ aɖewo tona ɖe dzaƒoƒo siwo woate ŋu akpɔ la ŋu gena ɖe nuɖuɖua me. Gawu la, nuɖaɖa le dzo dzi mexɔa aɖi le nuɖuɖu si ƒo dza si o. Wellness Letter la kafui be:

▪ De nuɖuɖua nufamɔ̃ me ne anya wɔ, eye nàwɔ eŋudɔ hafi woava dze dzaƒoƒo gɔme.

▪ Tsɔ atikutsetse suewo, abe weintsetsewo ene, siwo ƒo dza la ƒu gbe. Lala ne èdi be yeaɖu atikutsetse ko hafi nàklɔe elabena tsi naa nu ƒoa dza kaba.

▪ Ne atikutsetse kple detsiƒonu siwo lolo, siwo ƒe ɖee nye apple, nagote, Cauliflower, alo sabala, ƒe akpa sue aɖe gblẽ la, woate ŋu akpa teƒea ko aƒu gbe. Ele be woatsɔ atikutsetse siwo bɔbɔ, abe paya kple aɖiba ene, siwo ƒo dza aƒu gbe.

▪ Woate ŋu akpa nyinotsibabla sesẽ siwo dzi ƒo dza wòayi to, ne mede ɖeke o la, sentimeta 2.5 va ɖo sentimeta 3 ya teti tso afisi gblẽ, atsɔ ƒu gbe. Gake tsɔ nyinotsibabla siwo bɔbɔ kple yogɔt, kpakple abolo, lã, nusiwo woɖu wòsusɔ, newo, azi tutu, nunonowo, kple nusiwo woda ɖi na zazã emegbe siwo ƒo dza la katã ƒu gbe.

Lãmeme si Ade Lãmesẽ Dzi Wu

Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye National Post gblɔ be: “Wotsia dzi ɖe lã mabimabi ɖuɖu ŋu ɣesiaɣi le nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ me, gake le ƒe siawo me la, wogblɔ be asitɔtrɔ le nuɖuɖu ŋu wòabi agbɔ emevevietɔ ʋulɛ̃wo, koklolã, kple tɔmelã meme le lãmega dzi wòafiãhea lãmesẽkuxi siwo nɔa anyi didi wu vɛ.” Ne wome lã le dzo si nu sẽ ŋutɔ dzi la, aɖinu siwo naa kansa si woyɔna be heterocyclic amine (HCA) ɖoa eme. Nyatakakaa kafui be lãbɔbɔtike si me “acid le, abe dɔŋutitsi, aŋutitsi, alo vinegar ene, ŋudɔwɔwɔ ate ŋu ana be lãmeme nanɔ dedie wu. Le nudodokpɔ geɖe me la, numekula siwo le Amerika Kansa Ŋuti Numekuƒe “kpɔe be aɖinu si nye HCA dzi ɖena kpɔtɔ alafa memama 92 va ɖo 99 le nuɖuɖu siwo ŋu wotrɔ asi le kple lãbɔbɔtike me tsɔ wu esiwo me womezã lãbɔbɔtike le oeye ne lã la nɔ atikea me aɖabaƒoƒo 40 loo alo ŋkeke eve hã la, nya ɖeka ma ke koe.”