Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Ate Ŋu Aƒo Asa Na Internet Dzi Fɔkuwo?

Aleke Mawɔ Ate Ŋu Aƒo Asa Na Internet Dzi Fɔkuwo?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Ate Ŋu Aƒo Asa Na Internet Dzi Fɔkuwo?

KPƆE ɖa le susu me be yele xexeame ƒe agbalẽdzraɖoƒe gãtɔ kekeake. Agbalẽwo, nyadzɔdzɔgbalẽwo, adzɔnudzragbalẽwo, fotowo, kple hadzidzi ƒomevi ɖesiaɖe—siwo ku ɖe nyati ɖesiaɖe kloe ŋu—la ƒo xlã wò. Nyadzɔdzɔ yeyetɔ kekeakewo kple agbalẽ siwo woŋlɔ le ƒe alafa siwo va yi me dometɔ gbogbo aɖewo le asitsɔƒe na wò.

Internet ate ŋu ana wò nyatakaka mawo. Ekpena ɖe ame ŋu be wòanɔ eƒe kɔmpiuta gbɔ aɖo nyatakaka ɖe kɔmpiutawo kple kɔmpiutazãlawo le xexeame godoo ahaxɔ nyatakaka tso wo gbɔ. * Ewɔnɛ be ezãlawo nadzra adzɔnuwo, aƒle nuwo, aɖe ga le gadzraɖoƒe alo axee, aɖo dze, ase ha yeyetɔ kekeakewo—eye woawɔ esiawo katã le woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me.

Eyata mewɔ nuku o be eŋutinunyalawo bu akɔnta be kaka ƒe sia nawu enu la, Internetzãlawo le xexeame godoo awu miliɔn 320. Ewɔe be Internet zazã va le bɔbɔm le xexeame ƒe akpa geɖe. Esi sukuwo kple agbalẽdzraɖoƒewo le dzi dem ƒo vevie be woazãe ta la, sɔhɛ miliɔn geɖe va le ezãm. Le United States la, sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 12 va ɖo 19 dometɔ siwo ade alafa memama 65 kloe zã Internet kpɔ xoxo alo xe fe ɖe Internet dzi wɔna aɖewo ta.

Ne wozã Internet nyuie la, woate ŋu akpɔ nyatakaka veviwo ku ɖe yame ƒe nɔnɔme, mɔzɔzɔ, kple nyati bubuwo ŋu. Àte ŋu ato edzi aƒle agbalẽwo, ʋu ŋutinuwo, kple nu bubuwo. Ame geɖe zãnɛ na sukudɔwo wɔwɔ.

Togbɔ be viɖe ate ŋu anɔ Internet zazã ŋu hã la, ate ŋu anɔ abe agbalẽdzraɖoƒe si agbalẽdzraɖoƒedzikpɔla aɖeke alo ame bubuwo mele akpɔ mí o ene. Woate ŋu atsa nyatakakaawo me, anɔ susum be ame aɖeke mele ye kpɔm o. Gake esiae nye Internet zazã me fɔku vɔ̃ɖitɔ kekeakewo dometɔ ɖeka. Nukatae? Elabena agbegbegblẽnuwɔna kple nusiwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me nɔa Nyatakakadzraɖoƒe geɖe. Eyata Internet ate ŋu ahe Kristotɔ sɔhɛwo ade tetekpɔ me. Ne èbu eŋu kpɔ la, amegbetɔwo kua nu me le dzɔdzɔme nu—eye enye nuwɔna si Satana Abosam zã tsɔ gblẽ nui ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Le nyateƒe me la Satana zã didi si nɔ Xawa me be yeaku nu me eye ‘wòzã eƒe aɖaŋu vɔ̃ tsɔ blee.’—Korintotɔwo II, 11:3.

Nenema ke nyatakaka maɖɔʋuwo ate ŋu able Kristotɔ sɔhɛ bɔbɔe ne meɖoe kplikpaa be yeakpɔ yeƒe gbɔgbɔmemenyenye ta o. Agbalẽ si nye Better Homes and Gardens me nyati aɖe ɖe nu me be: “Internet nye teƒe si nu yeye tovɛla bibiwo kakaa nyatakaka yeyetɔ kekeakewo le; gake afimae ɖevigbɔdɔlawo, amebalawo, ɖokuiŋubulawo, kple ame maɖɔʋu bubuwo hã dzra nyatakakawo ɖo.”

Sɔhɛ si ŋkɔe nye Javier * gblɔ be: “Nu nyɔŋuwo nɔa Nyatakakadzraɖoƒe aɖewo. Woate ŋu ava do le vo me, esi dzesi aɖeke mava do ŋgɔ o.” Egblɔ kpee be: “Wodi be yewoatre mɔ̃ na wò. Wodi be yewoable nuwò—axɔ wò ga.” Kristotɔ sɔhɛ si ŋkɔe nye John lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne ènya dze nu manyomanyowo kpɔkpɔ gɔme ko la, esesẽna be nàdzudzɔ—eva maa ame ale gbegbe.” Kristotɔ sɔhɛ aɖewo yia Nyatakakadzraɖoƒe siwo nu maɖɔʋuwo le edziedzi eye esia he wo de afɔku siwo me ŋkubiã le wu me. Ame aɖewo gblẽ woa kple Yehowa dome ƒomedodo me gɔ̃ hã. Aleke woawɔ aƒo asa na esia?

“Nu Maɖɔʋuwo Kpɔkpɔ”

Ɣeaɖewoɣi la, Nyatakakadzraɖoƒe ƒe adrɛs ɖeɖe ate ŋu aɖee fia kɔte be nu maɖɔʋuwoe le afima. * Lododowo 22:3 xlɔ̃ nu be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.”

Gake zi geɖe la, kuxiae nye be ame aɖewo va kena ɖe nu manyomanyowo ŋu le vome si menye ɖe woɖoe kura o. Ɣeaɖewoɣi la, woate ŋu ada foto aɖe si ŋu wotrɔ asi le nyuie wònya kpɔ ɖe emenyawo ŋuti nyatakakanɔƒea bene wòable nuwò nàge ɖe afima akpɔ nusiwo le eme—eye ana be nàgatrɔ ayi afima zi geɖe! *

Kelvin ɖɔ nusi dzɔ ɖe exɔlɔ̃ aɖe dzi ale: “Dɔ aɖeke menɔ edzi o eye wòdi be yeaku nu me. Eteƒe medidi o, eva nɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm edziedzi.” Dzidzɔtɔe la, Kristotɔ sɔhɛ sia va te ɖe hamemegã aɖe ŋu hexɔ kpekpeɖeŋu.

Ðe nètso nya me le nusi nàwɔ ne èva ke ɖe Nyatakakadiƒe mawo ŋu le vome la ŋua? Nusi wòle be Kristotɔ nawɔ la dze ƒã: Dzo le Nyatakakadzraɖoƒe ma enumake—alo tsi Internet la kura! Wɔ nu abe hakpala la ene, amesi do gbe ɖa be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.” (Psalmo 119:37; tsɔe sɔ kple Hiob 31:1.) Ðo ŋku edzi be ne amegbetɔ aɖeke mele mía kpɔm o hã la, ŋku aɖe ya le mía kpɔm. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be “woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!”—Hebritɔwo 4:13.

Nuƒoƒo kple dziwòlawo alo Kristotɔ tsitsi bubuwo ate ŋu ado ŋusẽ tame si nèɖo be yemagayi Nyatakakadzraɖoƒe siwo nu maɖɔʋuwo le o. Ne èbu eŋu kpɔ la, ne èdze ba me la, ɖe nànɔ dagbadagbam le ɖokuiwò si vaseɖe esime nàɖo baa me vaseɖe wò kɔ me hafi abia kpekpeɖeŋua?

Ke Hadede Kple Amewo To Internet Dzi Ya Ðe?

Internet dzi hahoodzeɖomɔnuwo ʋua mɔ be ezãlawo le xexeame godoo naƒo nu kple wo nɔewo le ɣeyiɣi ma ke me. Dɔwɔƒewo zãnɛ tsɔ wɔa numedzodzrowo le mɔ̃ dzi eye wotoa edzi doa ka kple woƒe asisiwo. Mɔ̃ dzi numedzodzro aɖewo ʋua mɔ be gomekpɔlawo dzroa mɔ̃ɖaŋu ŋuti nyawo me, abe mɔ̃ dzadzraɖo, alo kɔmpiuta ŋuti ɖaŋuwo ene. Mɔ̃ dzi dzeɖomɔnu aɖewo ʋua mɔ be xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo naƒo nu kple wo nɔewo le didiƒe le wo ɖokuisi, esi mahiã be woagblẽ ga aƒo ka to telefon dzi o. Togbɔ be woate ŋu azã mɔnu sia le mɔ nyui dzi hã la, ɖe afɔku aɖewo lia?

Ehiã ŋutɔŋutɔ be woaɖɔ ŋu ɖo vevietɔ le hahoo numedzromɔnuwo gome, elabena afɔku aɖewo ate ŋu anɔ eme. Agbalẽŋlɔla Leah Rozen ŋlɔ be: “Ƒewuivi siwo nya nu tso mɔ̃ɖaŋu ŋuti zãa gaƒoƒo geɖe tsɔ ɖoa dze kple amedzro siwo womenya o le mɔ̃ dzi le dukɔa me godoo, alo xexeame gɔ̃ hã. Nublanuitɔe la, amedzro siawo siwo ƒewuiviawo ɖoa dze kplii le mɔ̃ dzi la nyea ame tsitsi maɖɔʋu siwo le ɖeviwo dim ne woable wo nu adɔ kpli wo.” Nyati aɖe si dze le Popular Mechanics me xlɔ̃ nu be “ele be nàkpɔ nyuie ŋutɔ” ne èle hahoo dzeɖomɔnu zãm. Wò ŋkɔ kple adrɛs tsɔtsɔ na amedzro ate ŋu ahe afɔku gãwo vɛ na wò! Nukatae nàde ɖokuiwò afɔku mawo me?

Afɔku bubu si menya kpɔna bɔbɔe o ye nye ame ɖokui ƒoƒo ɖe hadede vɔ̃ɖi me kple amedzro siwo medea bubu Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o. * Numekulawo gblɔ be ƒewuiviwo ƒe mɔ̃ dzi hahoo dzeɖoɖo geɖe kuna ɖe gbɔdɔdɔnyawo ŋuti. Eyata Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Korintotɔwo I, 15:33 la sɔ be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” Afɔku le ha vɔ̃ɖi dede to Internet dzi me. Ðe wòle be sɔhɛ si vɔ̃a Mawu nade eɖokui afɔku mawo me yakatsyɔea?

Ametakpɔnuwo

Le afɔku siwo le Internet zazã me ta la, ele be woaɖɔ ŋu ɖo le ezazã me. Ƒome aɖewo daa kɔmpiutaa ɖe teƒe si ame geɖe tona, abe akpata me ene. Azɔ hã wodea se be ne ame bubuwo le aƒeme ko hafi woazã Internet la. Ne dziwòlawo ɖo mɔxenu siawo la, wɔ ɖeka kpli wo. (Lododowo 1:8) Mɔfiame siwo me kɔ nye woƒe lɔlɔ̃ ƒe kpeɖodzi.

Ne wò sukudɔdasiwo bia be nàzã Internet la, nukata malé ŋku ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nàzã ɖe eŋu la ŋuti o? Te kpɔ nàtso nya me do ŋgɔ le ɣeyiɣi didime si nàzã ŋu, eye nàzã gaƒoɖokui si naa dzesi be wòana dzesi wò ne ɣeyiɣia de. Tom ɖo aɖaŋu be: “Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ, nya nusi tututu dim nèle, eye nàzɔ ɖe ɖoɖo ma dzi—eɖanye aleke ke nu bubuwo ado dzidzɔ na wòe o.”

Ŋuɖɔɖo hiã le E-mail hã zazã me. Ele be Kristotɔ sɔhɛwo nakpɔ nyuie be woagaƒo wo ɖokui ɖe E-mail gbogbowo xexlẽ me o, vevietɔ ne nyatakakawo ƒe akpa gãtɔ nye nya maɖinya siwo ŋu kpeɖodzi mele o. Ɣeyiɣi sɔgbɔ akpa zazã ɖe E-mail ŋu ate ŋu axɔ ɣeyiɣi vevi si hiã be woatsɔ awɔ sukudɔdasiwo kple gbɔgbɔmedɔwoe.

Fia Salomo gblɔ be: “Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋutilã ŋu.” (Nyagblɔla 12:12) Nya mawo ate ŋu aku ɖe Internet hã ŋu. Megaƒo ɖokuiwò ɖe nyatakakawo didi me ale gbegbe be nàŋe aɖaba aƒu ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me dzi o. (Mateo 24:14; Yohanes 17:3; Efesotɔwo 5:15, 16) Ðo ŋku edzi hã be, togbɔ be dzeɖoɖo to kɔmpiuta dzi megblẽ o hã la, mɔnu bubu aɖeke megali si sɔ kple dze ɖoɖo ŋkume kple ŋkume kpakple hati Kristotɔwo o. Eyata ne wòhiã vavã be nàzã Internet la, tso nya me kplikpaa be nàzãe le nunya me. Ƒo asa na Nyatakakadzraɖoƒe siwo me afɔku le, eye megazã ɣeyiɣi sɔgbɔ akpa le kɔmpiuta dzi o. “Dzɔ wò dzi ŋu,” eye megazu Internet ƒe kluvi gbeɖe o.—Lododowo 4:23.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Kpɔ nyati siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu si nye “Internet—Ðe Wònyo Na Wòa?” siwo dze le Eŋlisigbe me Nyɔ! July 22, 1997, me.

^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 11 Nyatakakadzraɖoƒe ƒe adrɛs la nye ŋɔŋlɔdzesi siwo nàzã hafi age ɖe Nyatakakadzraɖoƒea. Ɣeaɖewoɣi la, nya aɖewo nɔa adrɛs la me si fiaa nusiwo le Nyatakakadzraɖoƒea.

^ mm. 12 Emenyawonɔƒea le abe alesi fiasemenuwo dzena to ahuhɔ̃e me ene le mɔ̃a dzi. Nusiwo le nyatakakadzraɖoƒe ma, amesi wɔ wo, kple nyatakaka mawo ƒomeviwo nɔa afima.

^ mm. 19 Afɔku mawo ate ŋu ado mo ɖa le hahoo dzeɖomɔnu si Kristotɔ siwo si susu nyui le la ɖo ɖi, bene yewoatsɔ adzro gbɔgbɔmenuwo me gɔ̃ hã me. Ɣeaɖewoɣi alakpatɔwo kple xɔsegbelawo gena ɖe dzeɖoɖo siawo me, eye wotoa aɖaŋuvɔ̃ dzi ayetɔe tea kpɔ be yewoable ame bubuwo nu ne woaxɔ woƒe nukpɔsusu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la dzi ase.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]

“Nu nyɔŋuwo le Nyatakakadzraɖoƒe aɖewo. Woate ŋu ava do le vo me, esi dzesi aɖeke mava do ŋgɔ o”

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ƒome aɖewo daa kɔmpiuta ɖe teƒe si mele ɣaɣla o