Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Ate Ŋu Adzudzɔ

Alesi Nàwɔ Ate Ŋu Adzudzɔ

Alesi Nàwɔ Ate Ŋu Adzudzɔ

ABE alesi wònɔna le gasɔdodo sɔsrɔ̃ me ene la, asiɖeɖe le atamanono ŋu menya wɔna zi gbãtɔ si wotee kpɔ o. Eyata ne èɖoe kplikpaa be yeadzudzɔ la, ele be nàdzra ɖo be yeatee kpɔ zi geɖe vaseɖe esime nàkpɔ dzidzedze. Ne nu glo wò le mɔ dzi la, mègabui be yedo kpo nu o. Tsɔe be nusɔsrɔ̃e wònye, be enye kplamatsedonu sue aɖe le ɖoɖo si ate ŋu akpɔ dzidzedze me. Aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo kpe ɖe ame aɖewo ŋu enye si. Woate ŋu awɔ dɔ na wò hã.

Dzra Wò Susu Ðo be Yeadzudzɔ

■ Gbã la, ele be nàna kakaɖedzi ɖokuiwò be enyo be yeadze agbagba ɖesiaɖe adzudzɔ. Ŋlɔ susu siwo ta nèdi be yeadzudzɔ la ɖe agbalẽ dzi hekpe ɖe viɖeawo ŋu. Ne èdzudzɔ enono vɔ la, nuŋlɔɖi sia me toto ado ŋusẽ tame si nèɖo kplikpaa la. Didi be woadze Mawu ŋue nye nu vevitɔ kekeake si ta woadzudzɔ ɖo. Biblia gblɔ be míalɔ̃ Mawu kple míaƒe susu, dzi, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo. Míate ŋu awɔ ema o ne míelé ɖe atamanono ŋu.—Marko 12:30.

■ Bu tame le wò atamanono ŋu eye nàde dzesi ɣeyiɣi si nènonɛ kple nusi na wòdzroa wò. Ade dziwò ne èŋlɔ ɣeyiɣi kple afisiwo nèno sigaret ɖesiaɖe le le ŋkeke aɖe dzi la ɖe agbalẽ dzi. Esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nɔnɔme siwo ate wò kpɔ be nàganoe ne èva dzudzɔ megbe.

Ðo Ŋkeke si Dzi Nàdzudzɔ

■ Tia ŋkeke si dzi nàdzudzɔ, eye nàde dzesii ɖe wò ɣletigbalẽ dzi. Anyo wu be nàtia ŋkeke si dzi nu bubuwo mado kplamatse na wò madzemadzee o. Ne ŋkekea de la, dzudzɔ keŋkeŋ—ɖe asi le eŋu kura zi ɖeka.

■ Hafi ŋkekea naɖo la, tsɔ dzowɔgbawo kple dzosinuwo ƒu gbe. Nyã wò awu siwo katã me atama dzudzɔ ʋẽna le.

■ Bia tso dɔwɔhatiwo, xɔlɔ̃wo, kple ƒometɔwo si be woade dzi ƒo na wò le wò agbagbadzedze be yeadzudzɔ me. Mègavɔ̃ be yeagblɔ na ame bubuwo be woagano atama le ye gbɔ o.

■ Wɔ ɖoɖo ɖe dɔ siwo nàwɔ le ŋkeke si dzi nàdzudzɔ ŋu. Àte ŋu ayi afisi womeɖea mɔ ɖe atamanono ŋu le o, abe blemanudzraɖoƒe alo fefewɔƒe ene. Àte ŋu ade kame hã—aƒu tsi, ado gasɔ alo azɔ azɔli didi.

Tenɔnɔ Ðe Asiɖeɖe Le Eŋu Me Kuxiwo Nu

Ne ènoa sigaret fũ la, anɔ eme be nàkpɔ asiɖeɖe le eŋu me kuxiwo, siwo dzea egɔme le sigaret mamlɛtɔ nono vɔ gaƒoƒo aɖewo megbe. Esia ƒe ɖewo ate ŋu anye dzikudodo, dzimagbɔɖi, fuléle, dzimaɖitsitsi, blanuiléle, alɔ̃madɔmadɔ, dzodzodzoetsitsi, nutsuɖuɖu, kple sigaret ƒe ame dzodzro. Ðewohĩ wò ɖɔkta ate ŋu afia wò atike si nàwɔ atsɔ alé avu kuxiawoe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nanewo li nàte ŋu awɔ be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu aʋa la dzi.

■ Le kwasiɖa ʋɛ gbãtɔ siwo akplɔe ɖo me la, ɖu nuɖuɖu siwo me nuɖuɖumeŋusẽ geɖe mele o, eye nàno tsi sɔgbɔ. Ame aɖewo kpɔe be numiemiewo abe carrot kple eƒomeviwo ene tsɔtsɔ ɖe numee kpe ɖe yewo ŋu. Ne èdea kame la, ana màlolo akpa o eye wò lãmekawo me abɔbɔ.

■ Tsri teƒe kple nɔnɔme siwo ate wò kpɔ be nàno atama.

■ Wɔ avu tsi tre ɖe tamesusu vɔ̃ siwo ate wò kpɔ be nàno atama ŋu. Susu siwo vaa tame na ame ne asiɖeɖe le eŋu kuxiawo li ƒe ɖewoe nye: ‘Mano sigaret egbea ko bene mate ŋu ato ɣeyiɣi sesẽ sia me.’ ‘Atamanono koe nye nugbegblẽ ɖeka pɛ si mewɔna!’ ‘Menye nu gbegblẽe atama nye nenema gbegbe o; atamatsunola aɖewo nɔa agbe wu ƒe 90.’ ‘Nane koe awum godoo.’ ‘Agbe mevivina atama manɔmee o.’

■ Ne eva dzɔ be nàna ta la, lala. Ne èlala aɖabaƒoƒo ewo pɛ la, dzodzro vevie la nu ate ŋu ava yi. Ɣeaɖewoɣi la, eŋu bubu be yemagano atama akpɔ gbeɖe o adze nusi wu tsɔtsɔ na wò. Ne èsena le ɖokuiwò me nenema la, wɔ wò susu be yeadzudzɔ egbea ko.

■ Ne èdi be yeasubɔ Mawu la, do gbe ɖa nàbia kpekpeɖeŋu. Mía Wɔla lɔ̃ame la ate ŋu ana amesiwo le agbagba dzem be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ wòasɔ ɖe eƒe didi nu la ‘kpekpeɖeŋu le hiahiãgbe.’ (Hebritɔwo 4:16) Gake megakpɔ mɔ be nuwo nadzɔ nukutɔe o. Ele be nàwɔ nu wòasɔ ɖe wò gbedodoɖa nu.

Mègano Atama Azɔ Gbeɖe O

■ Dzinu etɔ̃ gbãtɔawo me toto ye nye sesẽtɔ kekeake, gake le ema megbe gɔ̃ hã le ɣeyiɣi siwo me wòanya wɔ le la, ƒo asa na atamanolawo kple nɔnɔme siwo ate wò kpɔ be nànoe.

■ Mègaflu ɖokuiwò, asusu be yeate ŋu ano atama ɣeaɖewoɣi o, nenye be èdzudzɔ enono ƒe ɖeka alo wu nenema megbe gɔ̃ hã.

■ Wɔ avu kple tetekpɔ be yeano “sigaret ɖeka pɛ ko.” Ati ɖeka pɛ ate ŋu ana bubuwo nakplɔe ɖo, eye eteƒe madidi o, àgblẽ agbagba gbogbo siwo nèdze tsɔ dzudzɔe la me. Gake ne nu glo wò eye nèno sigaret ɖeka la, susu aɖeke mele eme be nàgano bubu akpee o. Ne èna ta le mɔ dzi la, gadzudzɔ ake.

Atamanola miliɔn geɖe te ŋu dzudzɔ dzidzedzetɔe. Ne èɖoe kplikpaa heku kutri la, wò hã àte ŋu adzudzɔ!