Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gɔmesese Kae Le Nudzɔdzɔ Siawo Katã Ŋu?

Gɔmesese Kae Le Nudzɔdzɔ Siawo Katã Ŋu?

Gɔmesese Kae Le Nudzɔdzɔ Siawo Katã Ŋu?

NE ÈLÉ ŋku ɖe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me la, àde dzesi nɔnɔme aɖe kɔte. Ðikeke mele eme o be ame geɖe va le agbenyuinɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo dome gblẽm. Nuka tututue nudzɔdzɔ sia fia?

Ðe wòfia be evɔ na míaƒe ŋkuʋuʋu bliboa kple amegbetɔƒomea katã, eye míegogo tsɔtsrɔ̃ ɖikaa abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ enea? Alo ɖe tɔtrɔ mawo nye alesi nuwɔnawo buna gatrɔna vana le ŋutinya me ƒe akpa aɖe koa?

Nenemae ame geɖe susunɛ. Wobua agbenyuinɔnɔ si dome gblẽ le míaƒe ŋkekea me be enye tɔtrɔ gbogbo siwo va, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la wobu le ŋutinya katã me la dometɔ ɖeka ko. Wole mɔ kpɔm bliboe be nɔnɔmeawo ava trɔ mlɔeba eye woagatrɔ ɖe agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenu kɔkɔwo ŋu. Ðe woƒe nukpɔsusua sɔa?

“Ŋkeke Mamlɛawo”

Mina míatsɔ agbalẽ aɖe si ame geɖe xɔ se be eƒe dzidzenuwo le agbenyuinɔnɔ gome sɔ—si nye Mawu ƒe Nya, Biblia—la alé ŋku ɖe nyawo ŋui kpɔ. Egbe xexea tsɔtsɔ sɔ kple nyagblɔɖi siwo Biblia tsɔ ɖɔ amegbetɔwo ƒe ŋutinya me ɣeyiɣi si ɖe dzesi wu ɖesiaɖe la akɔ nu me na mí geɖe. Eyae nye ɣeyiɣi si wòyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” alo “nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.” (Timoteo II, 3:1; Mateo 24:3) Abe alesi nyagbeawo ɖee fiae ene la, enye ɣeyiɣi aɖe ƒe nuwuwu eye wònye bubu ƒe gɔmedzedze.

Mawu ƒe Nya gblɔe ɖi be “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ” ava le ŋkeke mamlɛawo me. Be wòakpe ɖe amesiwo léa ŋku ɖe nu ŋu la ŋuti woade dzesi ŋkeke mamlɛawo la, Biblia na numeɖeɖe geɖe siwo ƒo ƒu ɖɔ ɣeyiɣi tɔxɛ sia nyuie alo wonye dzesi ƒokpli.

Nɔnɔme Gbegblẽ Siwo Le Amewo Me

De dzesi nudzɔdzɔawo dometɔ ɖeka si bɔ egbea: ‘Mawusosroɖa ƒe nɔnɔme anɔ amewo si, gake woagbe eƒe ŋusẽ.’ (Timoteo II, 3:2, 5) Nuwɔwɔ le ameɖokui si mekpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi eye wòƒo ke ɖe to alea gbegbe le ŋutinya katã me kpɔ o. Amewo gbe Mawu kura be menye eyae dze afia nusi nyo o, eye ame akpa gãtɔ mexɔ Biblia dzi se be eya me koe nyateƒea le o. Ele eme baa be subɔsubɔhawo kpɔtɔ li ya, gake wo dometɔ geɖe mekpɔa ŋusẽ gobii aɖeke ɖe amewo dzi o. Motsyɔnu ko wònye.

Biblia gayɔ dzesia ƒe akpa bubu: ‘Amewo lanye ɖokuidzimaɖulawo, ame wɔadãwo,’ eye “le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.” (Timoteo II, 3:2, 3; Mateo 24:12) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “wɔadã” ƒe gɔmeɖeɖe aɖewo fia “amesi mekpɔa nublanui alo sea veve ɖe ame ti o.” Egbea ɖevi dzaa geɖe le ‘adã wɔm’ eye wole ŋutasẽnu vɔ̃ɖi geɖe wu wɔm.

Gakpe ɖe eŋu la, ŋgɔyiyi si wɔm wole le mɔɖaŋu kple ganyawo me kabakaba kple ŋukeklẽ si nusiawo he vɛ la wɔe be ame geɖe va le asi ɖem le nuwɔna siwo ŋu wodea asixɔxɔe tsã ŋu. Wotoa mɔ ɖesiaɖe dzi, ne eganye nufitifitiwɔwɔ gɔ̃ hã, bene yewoakpɔ viɖe geɖe alesinu yewoate ŋui be woatsɔ aɖi kɔ na woƒe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo, eye wometsɔ ɖeke le nusi wòagblẽ le ame bubuwo ŋu la me o. Tsatsadada si dzi ɖe dzi ŋutɔ hã nye ɖokuitɔdidi ƒe kpeɖodzi bubu, eye ƒe geɖe siwo va yi nyitsɔ laa ƒe nuvlowɔwɔ ŋuti kɔntabubu nye esia ƒe kpeɖodzi sẽŋu si dze ƒã.

Dzesia ƒe akpa aɖe si bɔ, vevietɔ le míaƒe ɣeyiɣia mee nye si: Amewo “[alɔ̃] . . . hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:2, 4) Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye be amewo dina ŋutilãmevivisese, gake womedina be yewoatsɔ agba si srɔ̃ ɖeka gbɔ nɔnɔ le woƒe agbenɔɣi katã me hena vɛ ya o. Emetsonue nye ƒomekadodo siwo le gbegblẽm, ɖevi siwo dzi medzɔna o eye ƒomekadodo ƒe seselelãme aɖeke mele wo si o, dzilaɖekɛwo, kple nulɔdɔ siwo le dzidzim ɖe dzi.

Dzesia ƒe akpa bubue nye be “amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo.” (Timoteo II, 3:2) Germanytɔwo ƒe magazine si nye Die Zeit gblɔ be “nusi kpɔa ŋusẽ ɖe [ganyawo ŋuti ɖoɖo si li egbea] dzie nye ɖokuitɔdidi.” Gadidi va zu nu vevitɔ kekeake le amewo ƒe agbe me fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi. Le ɖokuitɔdidi ƒe nuwo yometiti alea me la, woŋea aɖaba ƒua nuwɔna nyui bubuwo dzi.

Xexemenudzɔdzɔwo

Tsɔ kpe ɖe amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ si dome agblẽ si Biblia ɖɔ ŋu la, egagblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, nɔnɔmeawo atɔtɔ wòagbɔ eme eye wòagblẽ nu le amegbetɔƒomea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be “dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.”—Luka 21:10, 11.

Ɣeyiɣi aɖeke meva le ŋutinya me kpɔ esi nudzɔdzɔ dziŋɔwo dzɔ le xexeame katã si gblẽ nu le ame geɖe ŋu le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me abe alesi wòdzɔ le ƒe alafa 20 lia me ene o. Le kpɔɖeŋu me, wowu amesiwo wu miliɔn 100 le aʋawɔwɔwo me le ɣeyiɣi ma me, eye xexlẽme sia sɔ gbɔ zi gbɔ zi nanewo wu amesiwo wowu le aʋa siwo wowɔ le ƒe alafa geɖe siwo va yi me ƒe ƒuƒoƒo. Aʋa eve siwo to vovo na bubu ɖesiaɖe ale gbegbe be woyɔ wo be xexemeʋawo la dzɔ le ƒe alafa 20 lia me. Aʋa aɖeke medzɔ le xexeame katã nenema kpɔ o.

Ŋusẽkpɔɖeamedzi Vɔ̃ɖi Aɖe

Biblia gaɖee fia hã be gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe si vɔ̃ɖi, “si woyɔna be: Abosam kple Satana,” la li eye eɖo tame be yeable amewo woaɖe asi le agbe ɖɔʋu vavãtɔ ŋu ahe wo ade agbe ƒaƒã nɔnɔ me. Egblɔ be eɖi va anyigba dzi le ŋkeke mamlɛawo me, eye “dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

Woƒo nu tso Abosam ŋu le Biblia me be enye “yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me.” (Efesotɔwo 2:2) Esia fia be Abosam kpɔa ŋusẽ triakɔ ɖe amegbetɔ geɖewo dzi eye zi geɖe womenyana o, abe alesi ɣeaɖewoɣi míedea dzesi ɖiƒoƒo si le yaƒoƒo me o ene.

Le kpɔɖeŋu me, Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi dzena le nyatakakamɔnu geɖe siwo li egbea me: siwo nye videowo, sinimawo, television, Internet, boblododowo, agbalẽwo, magazinewo, kple nyadzɔdzɔgbalẽwo. Nusiwo le wo me ƒe akpa gãtɔ, vevietɔ esiwo wowɔ na sɔhɛ siwo si susu vɔ̃ mele hafi o nye esiwo me nutovowɔwɔ siwo gbɔ eme le, abe fuléle amesiwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo, gbɔgbɔyɔyɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple ŋutasẽnuwɔna si gbɔ eme ene.

Ewɔa dɔ ɖe dzianukwaretɔ geɖe dzi ne wokpɔ alesi xexeamenudzɔdzɔwo egbea sɔ kple nusiwo Biblia gblɔ le ŋkeke mamlɛawo ŋu lae. Nyateƒee, nanewo dzɔ le ŋutinya me do ŋgɔ na ƒe alafa 20 lia siwo ne woagblɔe dzro ko la, wodze abe ɖe wosɔ kple nusiwo Biblia gblɔ ene ya. Gake ƒe alafa 20 lia kple 21 lia si me míele fifia me koe woate ŋu akpɔ dzesia ƒe akpa ɖesiaɖe.

Ɣeyiɣi si Gbɔna

Amesiwo xɔe se be woatsrɔ̃ ameƒomea ɖa kple amesiwo gblɔna be nuwo ayi edzi abe alesi wonɔ tso blema ke ene la siaa ƒe nukpɔsusuawo mesɔ o. Ke boŋ Biblia ɖee fia eme kɔ ƒã be nuɖoanyi yeye aɖe kura ava xɔ ɖe xexemenuɖoanyi si le anyigba dzi ɖum fifia la teƒe.

Esi Yesu yɔ ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia ƒe akpa vovovoawo vɔ la, egblɔ be: “Nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, mawufiaɖuƒe la gogo.” (Luka 21:31) Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒeae nye tanya vevi si ŋu Yesu ɖe gbeƒã tsoe. (Mateo 6:9, 10) Eye Mawu ɖoe wònye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia, eye enye dziɖuɖu aɖe si aɖu anyigba katã dzi kpuie.—Luka 8:1; Nyaɖeɖefia 11:15; 20:1-6.

Le ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuwu la, Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea si le Kristo sime la aɖe eƒe futɔwo katã ɖa—woawoe nye Abosam kple amesiwo katã dea edzi—eye wòatsɔ dzɔdzɔenyenye xexe yeye aɖo esi li egbea si me agbenyuinɔnɔ aɖeke mele o la teƒe. (Daniel 2:44) Le xexe yeye sia me la, dzianukwaretɔwo ase vivi le agbe mavɔ me le anyigba si wotrɔ wòzu paradiso la dzi.—Luka 23:43; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Amesiwo lé fu agbenyuinɔnɔ si dome gblẽ egbea eye wokpɔe dze sii be ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi ƒokplia le eme vam le nusiwo le dzɔdzɔm fifia me la ate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme wɔnuku aɖe. Le esia ta míeda akpe na Mawu Ŋusẽkatãtɔ, amesi tsɔa ɖe le eme na mí amegbetɔwo eye tameɖoɖo wɔnuku le esi na eƒe nuwɔwɔ, si nye anyigba la.—Psalmo 37:10, 11, 29; Petro I, 5:6, 7.

Yehowa Ðasefowo kpe wò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso mía Wɔla lɔ̃ame la kple agbedzadzɛnɔnɔ ƒe xexe si le ŋgɔ, si ŋugbe wòdo na amesiwo katã adii la ŋuti. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, “esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Dzianukwaretɔwo ase vivi le agbe mavɔ me le paradisonyigba dzi