Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Si Nɔ Te Le Fuwɔamewo Me

Xɔse Si Nɔ Te Le Fuwɔamewo Me

Xɔse Si Nɔ Te Le Fuwɔamewo Me

ƑE 60 kloe enye sia la, Mina Esch xɔ fotogbalẽvi si megbe woŋlɔ lɛta kpui aɖe ɖo tso srɔ̃aŋutsu Peter gbɔ. Nya siwo wotsɔ asi ŋlɔe la nɔ kpuie eye eme hã mekɔ o. Ke hã dzi dzɔe eye eƒe dzi dze eme be yexɔe. Nazi dziɖuɖua de Mina srɔ̃ fuwɔamegaxɔ me le Buchenwald le esi wònye Yehowa Ðasefo ta. Woŋlɔ nya kpui sia ɖe fotogbalẽvia megbe be: “Gamenɔla la tri to kpɔtɔ nye Biblia Nusrɔ̃vi [si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefo ɣemaɣii] . . . Le susu sia ɖeɖe dzaa ta la, woxe mɔ nɛ be wòagaxɔ agbalẽ alo lɛta siwo ŋu se ɖe mɔ ɖo gɔ̃ hã o.” Nya siawo na Mina nya be Peter kpɔtɔ lé eƒe xɔse me ɖe asi.

Wohaya fotogbalẽvi sia, si zu belibeli hebiã fifia na Yudatɔwo ƒe Domenyinyi Ŋuti Blemanudzraɖoƒe—Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Ƒe Ŋkuɖodzinu si Li, le Battery Park, New York City. Fotogbalẽvi ma kple Peter Esch ƒe foto, ƒo nu tso afɔku dziŋɔ aɖe si dzɔ ɖe ameƒomea dzi la ƒe akpa vi aɖe ŋuti—eyae nye Ametsɔtsrɔ̃ Gã la—esi me Yudatɔ miliɔn ade tsrɔ̃ le. Nu vevi siwo le blemanudzraɖoƒeae nye foto siwo wu 2,000 kple blema dekɔnuwo ŋuti asinudɔwɔwɔ 800 siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo tso ƒe 1880 ƒeawo me vaseɖe fifia ŋu, eye Ametsɔtsrɔ̃ Gã la hã le eme. Nukatae Yudatɔwo ƒe Domenyinyi Ŋuti Blemanudzraɖoƒea nye teƒe si dze woada Peter Esch ƒe lɛtaa ɖo be amewo nakpɔ?

Blemanudzraɖoƒea ƒe ŋutinyaŋlɔla Ðk. Jud Newborn ɖe eme be: “Blemanudzraɖoƒea ƒe taɖodzinue nye be wòaƒo nu tso Yudatɔwo ƒe ŋutinya ŋu. Woti Yehowa Ðasefowo yome le woƒe Ðasefonyenye ta. Woti Ðasefoawo yome le woƒe subɔsubɔdzixɔsewo ɖeɖe dzaa ta, kple le esi womedea vovototo amewo dome le woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede ta o, eye womekaa atam tsɔa wo ɖokui naa xexeametɔ dziɖula vɔ̃ɖi si tea amewo ɖe anyi o ta. Eye womekpɔ gome le eƒe aʋawɔwɔ me hã o. . . . Yudatɔwo ʋli be yewoalé yewoƒe kɔnuwo kple dzixɔsewo me ɖe asi le yometiti sẽŋu me. Blemanudzraɖoƒea ƒo nu tso alesi wonɔ te ɖe nɔnɔmeawo nu le gbɔgbɔ me gome la ŋu. Le susu ma ta dɔwɔƒe sia dea bubu Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse le Nazi ɣeyiɣiawo me hã ŋu hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.”

Lɛta tsɛ ma si woda ɖe Yudatɔwo ƒe Domenyinyi Ŋuti Blemanudzraɖoƒe hena ɣeyiɣi aɖe la ƒo nu tso alesi ŋutsu aɖe ʋli esime wodo eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpɔ la ŋuti. Peter Esch do dzi le fuwɔame siwo me wòto le Nazi gaxɔwo me la me, eye eƒe xɔse kpɔtɔ li ke.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Yudatɔwo ƒe Domenyinyi Ŋuti Blemanudzraɖoƒe, le New York City

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Wode Esch, si nye Yehowa Ðasefo gaxɔ me tso ƒe 1938 vaseɖe 1945 le esi wògbe be yemaɖe asi le yeƒe dzixɔsewo ŋu o ta