Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexeme si Atamanono Zu Numame na

Xexeme si Atamanono Zu Numame na

Xexeme si Atamanono Zu Numame na

BILL nye ŋutsu dɔmenyotɔ, ŋutsu nyanu, kple ŋutsu sesẽ aɖe. Elɔ̃ eƒe ƒomea. Gake edze sigaret nono gɔme esi wònye ɖekakpui dzaa ko. Eva lé fu nuwɔnaa emegbe le agbeme ya. Gake esime sigaret dzudzɔ gakpɔtɔ nɔa dodom le eƒe nu kple ŋɔti me la, exlɔ̃a nu viawo vevie tsi tre ɖe atamanono ŋu, gblɔna be enye bometsinu ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi la, emiãna sigaret-go ɖeka ɖe eƒe alɔ sesẽawo me hetsɔ ƒua gbe ɖe xɔa me, hekaa atam be yemagano sigaret azɔ o. Gake medidina o, egadzea enono gɔme—gbã le adzame, eye emegbe le gaglãgbe.

Kansa wu Bill ƒe 15 enye si va yi, le vevesese vevie dzinu geɖe megbe. Ne ɖe menye atamanola o la, anye ne ɖewohĩ ele agbe egbea. Anye ne srɔ̃ŋutsu kpɔtɔ le srɔ̃a si; eye fofo kpɔtɔ le viawo si.

Gake togbɔ be Bill ƒe kua nye nublanuinya na eƒe ƒomea hã la, enye nudzɔdzɔ si bɔ. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) ka nya ta be atamanono me dɔlélewo wua amesiwo ade miliɔn ene ƒe sia ƒe, alo ame ɖeka le sɛkɛnd enyi ɖesiaɖe me. Atamazazãe nye nusi naa dɔléle siwo nu woate ŋu axe mɔ ɖo hafi wu bubu ɖesiaɖe le xexeame katã. Ne nɔnɔmeawo ayi edzi abe alesi wòle fifia ene la, le ƒe 20 megbe la, atamanono ava nye nusi wua ame hedea dɔ ame ŋu wu ɖesiaɖe le xexeame, awu ame sɔgbɔ wu ne wotsɔ amesiwo AIDS, yɔmekpe, vidzidzi me kuxiwo, lɔrifɔkuwo, ameɖokuiwuwu, kple amewuwu, tsrɔ̃ katã ƒo ƒui.

Sigaret wua ame. Gake enolawo le afisiafi. WHO gblɔ be ne mede ɖeke o la, amesiwo ade biliɔn 1.1 ye noa atama le xexeame katã. Efia be woade ame tsitsi siwo le xexeame ƒe mama ɖe akpa etɔ̃ me ƒe ɖeka.

Eŋutinunyalawo bu akɔnta be togbɔ be wole nyawo tsɔm ɖe atamadɔwɔƒewo ŋu eye wole ga dɔlar miliɔn alafa geɖe xem na amewo hã la, ga mawo mede naneke o ne wotsɔe sɔ kple viɖe dɔlar biliɔn geɖe si wokpɔna. Le United States ɖeɖe la, wosusui be wowɔa sigaret biliɔn 1.5 le atamadɔwɔƒewo gbesiagbe. Le xexeame katã la, atamadɔwɔƒewo kple dziɖuɖudɔwɔƒe siwo wɔa sigaret dzraa sigaret 5,000,000,000,000 ƒe sia ƒe!

Nukatae ame geɖe yia edzi nɔa agbe si ate ŋu awu wo? Ne ènoa atama la, aleke nàwɔ adzudzɔ? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati siwo kplɔe ɖo me.