Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Dzinua Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

Ðe Dzinua Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

Ðe Dzinua Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

ƑE AKPE nanewoe nye sia si amewo xɔe se be dzinu kpɔa ŋusẽ ɖe agbe ƒe akpa aɖewo dzi le anyigba dzi. Wosusui be dzinua ƒe tɔtrɔme vovovoawo kpɔa ŋusẽ ɖe numiemiewo, lãwo, kple amegbetɔwo gɔ̃ hã dzi. Togbɔ be egbegbe ƒe numekuku si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ ɖee fia be nukpɔsusu siwo amewo xɔ se ɣeyiɣi didi la menye nyateƒe o hã la, dzixɔse bubuwo kpɔtɔ li vaseɖe egbe. Nukae kpeɖodziawo ɖe fia?

Ame aɖewo xɔe se be kadodo aɖe le dzinua ƒe tɔtrɔ kple numiemiewo ƒe tsitsi dome. Le ema ta hafi woado seƒoƒowo, akɔ anyigbanyonu ɖe anyi, ade wein atukpa me, alo ade atike nu be wòagagblẽ o la, woléa ŋku ɖe ɣletigbalẽwo kple yame ƒe tɔtrɔ ŋuti gbalẽwo me. Dzixɔse si wotsɔ wɔa esia enye be ne wowɔ nane esi dzinua ƒe tɔtrɔ mede edzi hafi o la, ate ŋu agblẽ nu le nuwɔnaa ŋu. Agbalẽ aɖe ɖo aɖaŋu na agbledelawo be: “Ele be woaxa detsiƒonu siwo womaɖa hafi aɖu o ne dzinua sɔ tegblee, eye woaxa detsiƒonu siwo womazã enumake o ne dzinua le kakɛ.” Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpe nuwɔna sia dzia?

Edze abe numekuku aɖewo ɖee fia be kadodo le numiemiewo kple dzinua ƒe tɔtrɔ dome ene. Gake dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe mexɔe se o. Wogblɔna be dzinua ƒe tɔtrɔ metoa mɔ ɖeka o, eye ŋusẽ si wòkpɔna ɖe nuwo dzi hã meɖea dzesi o, eyata esesẽ be woagbugbɔ aku numekuku siwo wowɔ va yi la me.

Gake wokpɔ kpeɖodzi na dzinua ƒe dɔwɔna aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, woɖee fia be nugbagbewo ƒe dɔwɔna, nunyiamewo kpɔkpɔ, dzidzi, kple dzɔdzɔme tɔtrɔwo do ƒome kple yame ƒe tɔtrɔ, eye dzinua ƒe nuheŋusẽ kpɔ ŋusẽ ɖe tɔtrɔ siawo dzi tẽ.

Ame aɖewo gblɔ be ne dzinu kpɔa ŋusẽ ɖe yame ƒe tɔtrɔme dzi la, ekema ele be wòakpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo hã dzi, elabena amegbetɔ ƒe ŋutilã ƒe akpa 80 le alafa me nye tsi. Ke ƒomedodo si wobe ele dzinua ƒe tɔtrɔ kple tagbɔdɔléle, ame dziɣi, kple nyɔnu ƒe dzinu kpɔkpɔ, si ƒe didime sɔ kple dzinu ƒe dzi dzedze ya ɖe?

Wowɔ numekukuwo ku ɖe tagbɔdɔléle, susuŋutinunya, kple nyɔnuwo ƒe dɔlélewo ŋu be woake ɖe nyateƒea ŋu. Womete ŋu ke ɖe nyateƒe ɖeka aɖeke koŋ ŋu o. Numekula aɖewo gblɔ be yewokpɔ ƒomedodo sue aɖe le amegbetɔ ƒe nuwɔnawo kple dzinu ƒe tɔtrɔ dome, gake bubuwo gblɔe kaŋ be ƒomedodo aɖeke kura mele wo dome o. Wogblɔna be ne ɖe dzinu ƒe tɔtrɔ kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzidzi dzi la, anye ne wote ŋu ɖee fia xoxoxo. Gawu la, numeɖeɖe siwo wona tsɔ ɖe alesi dzinua kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔ dzi me la dometɔ aɖeke meli si dzi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo katã da asi ɖo o. *

Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya ɖee fia be dzinua kpɔ ŋusẽ aɖe ƒomevi ɖe agbe ƒomevi vovovowo dzi le anyigba dzi hã la, mele bɔbɔe be woanya afisi wòkpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi se ɖo o. Míaƒe xexeame si wokpɔna kple ŋku la me nuwo sɔ gbɔ, eye fifi laa ya la, nu wɔnuku siwo wɔa dɔ le eme la dometɔ geɖe mele nyanya o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Numeɖeɖe siawo ƒe ɖewo ku ɖe dzinu ƒe keklẽ, nuheŋusẽ, anyigba ƒe nuheŋusẽ, kple elektrik ƒe nuheŋusẽ ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mawunɔ Selene, si blema Hela kple Romatɔwo dea ta agu na be enye dzinu la ƒe nɔnɔme si nye ame

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Musei Capitolini, Roma