Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Trɔna?

Ðe Mawu Trɔna?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Mawu Trɔna?

AMEGBETƆŊUTINUSRƆ̃LA George Dorsey gblɔ le Mawu si woyɔ le ‘Nubabla Xoxoa’ me ŋu be enye “Mawu wɔadã.” Egblɔ kpee be: “Yahweh nye . . . amesi melɔ̃a ame kura o. Adzodalawo, funyafunyawɔamelawo, aʋawɔlawo, kple aʋadziɖulawo ƒe Mawue wònye.” Ame bubuwo hã gblɔ nya mawo tɔgbe ke le ‘Nubabla Xoxoa’ me Mawu—Yahweh, alo Yehowa—ŋu. Eyata egbea ame aɖewo biaa wo ɖokui ne nyateƒee wònye be Yehowa nye Mawu sẽŋuta aɖe si trɔ nɔnɔme va zu Mawu lɔ̃ame kple nublanuikpɔla si ŋu woƒo nu tsoe le ‘Nubabla Yeyea’ me.

Menye nu yeyee Biblia ƒe Mawu la ŋuti nukpɔsusu ma nye o. Marcion, si nye ƒe alafa evelia M.Ŋ. me Sidzeha me tɔ afã kple afã ye do nukpɔsusu sia ɖa gbã. Marcion gbe nu le ‘Nubabla Xoxoa’ me Mawu la gbɔ. Ebu Mawu ma be enye ŋutasẽla kple hlɔ̃biala, anyrawɔla si tsɔa ŋutilãmenuwo ɖoa eteƒe na esubɔlawo. Gake Marcion gblɔ le ‘Nubabla Yeyea’ me Mawu—si ƒe nɔnɔmewo Yesu Kristo va ɖe fia—ya ŋu be enye Mawu deblibo, lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔŋ ƒe Mawu si vea ame nu eye wòtsɔna kena.

Yehowa Wɔa Nu Wòsɔna Ðe Nɔnɔmeawo ƒe Tɔtrɔ Nu

Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋutɔ gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme.” Esia fia be Yehowa wɔa eɖokui Amesi naa eƒe ŋugbedodowo katã vaa eme. Esi Mose bia Mawu be wòayɔ eƒe ŋkɔ na ye la, Yehowa ɖe nu geɖe me nɛ le nusi wòfia la ŋu ale: ‘Maɖee fia be nusi manye lae manye.’ (Mose II, 3:14) Rotherham ƒe gɔmeɖeɖe gblɔe ale: “Nusi ƒomevi dze ŋunye lae Mazu.”

Eyata Yehowa tianɛ be yeazu, alo eva zua nusianu ƒomevi si hiã be wòana eƒe tameɖoɖo kple ŋugbedodo dzɔdzɔeawo nava eme. Esia ƒe kpeɖodzi aɖee nye be etɔ dzesideŋkɔ kple ameɖɔnya gbogbowo abe: Aʋakɔwo ƒe Mawu Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la, Dziɖulagã, Ŋuʋãla, Aƒetɔ Dziɖulagã, Wɔla, Fofo, Nufiala Gãtɔ, Kplɔla, Gbedodoɖasela, Ðela, dzidzɔ Mawu, kple bubu geɖe. Etiae be yeazu nusiawo katã—kpakple bubu geɖewo—be wòawɔ eƒe tameɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le la dzi.—Mose II, 34:14; Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:27; Psalmo 23:1; 65:3; 73:28; 89:27; Yesaya 8:13; 30:20; 40:28; 41:14; Timoteo I, 1:11.

Ke ɖe wòfia be Mawu ƒe amenyenye alo eƒe dzidzenuwo trɔnaa? Ao. Yakobo 1:17 gblɔ le Mawu ŋu be: ‘Liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodo aɖeke [mele egbɔ] o.’ Aleke wòate ŋu adzɔe be Mawu natrɔ ɖe nɔnɔmewo ƒe tɔtrɔ ƒomevi vovovowo ŋu esi eya ŋutɔ ya matrɔ o?

Dzila siwo tsɔa ɖe le eme na wo viwo eye wotrɔa dɔdasiwo be wòaɖe vi na ɖeviawo ƒe kpɔɖeŋu ɖee fia be esia anya wɔ. Le ŋkeke ɖeka me la, dzila ate ŋu anye nuɖala, aƒemedzraɖola, elektrik-dɔwɔla, dɔnɔdzikpɔla, xɔlɔ̃, aɖaŋuɖola, nufiala, tohela, kple bubu geɖe. Dzilaa ƒe amenyenye metrɔna ne ele dɔ siawo wɔm o; ɖeko wòtrɔna ɖe nusiwo hiã le ɣeyiɣi ma me la gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Nenema ke wòle le Yehowa gome, gake etɔ de ŋgɔ sã wu. Seɖoƒe meli na nɔnɔme vovovo siwo me wòate ŋu atrɔ eɖokui ɖo be wòawɔ eƒe tameɖoɖo dzi be wòaɖe vi na eƒe nuwɔwɔwo o.—Romatɔwo 11:33.

Le kpɔɖeŋu me, woɖe Yehowa fia le Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me be enye lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ƒe Mawu. Nyagblɔɖila Mixa si nɔ anyi le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me bia nya sia le Yehowa ŋu be: “Mawu kae de nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlɛa ƒe dzidada ŋu o; mèléa dɔmedzoe ɖe dɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.” (Mixa 7:18) Nenema ke apostolo Yohanes hã ŋlɔ nya sia siwo ame geɖe nya la be: “Mawu enye lɔlɔ̃.”—Yohanes I, 4:8.

Wogblɔ nenema ke le Yehowa ŋu le Biblia ƒe akpa evea siaa me be enye Ʋɔnudrɔ̃la si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe amesiwo yia edzi vɔ̃ɖitɔe eye wodaa eƒe sewo dzi wɔa nuvevi amewo dzimematrɔmatrɔe. Hakpala la gblɔ be: “[Yehowa atsrɔ̃] ame vɔ̃ɖiwo katã.” (Psalmo 145:20) Yohanes 3:36 hã gblɔ nya ma tɔgbe be: “Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.”

Eƒe Amenyenye Metrɔna O

Yehowa ƒe amenyenye kple eƒe nɔnɔme vevitɔwo—lɔlɔ̃, nunya, dzɔdzɔenyenye, kple ŋusẽ—metrɔ o. Egblɔ na eƒe dukɔ Israel be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” (Maleaxi 3:6) Esia nye abe ƒe 3,500 ene le Mawu ƒe amegbetɔ wɔwɔ vɔ megbe. Mawu ƒe nya sia ƒe nyateƒenyenye dze, elabena Biblia bliboa me dzodzro tsitotsito ɖee fia be enye Mawu si ƒe dzidzenuwo kple amenyenyewo metrɔna o. Yehowa Mawu meva zu ame fafa wu le ƒe alafaawo me o, elabena mehiã kura be wòatrɔ nɔnɔme afa wu o.

Mawu ƒe afɔteteɖeto le dzɔdzɔenyenye me léle ɖe asi me, si dze le Biblia bliboa katã me dzi meɖe kpɔtɔ o, eye meɖe eƒe lɔlɔ̃ hã fia wòwu alesi wònɔ le eƒe nuwɔwɔ kple amegbetɔwo le Eden la me o. Le nyateƒe me la, edze abe vovototo siwo dze le Biblia ƒe akpa vovovowo ku ɖe eƒe amenyenye ŋu la nye eƒe amenyenye ma ke si metrɔna o la ɖeɖefia le mɔ vovovo nu ene. Esiawo tso nɔnɔme kple ame vovovo siwo wònɔ nu wɔm kplii, si bia be wòaɖe eƒe nɔnɔme ƒe akpa vovovowo afia alo awɔ nu ɖe wo ŋu le mɔ bubu nu la gbɔ.

Eyata Ŋɔŋlɔawo ɖee fia kɔte be Mawu ƒe amenyenye metrɔ le ƒe alafaawo me o eye mele tɔtrɔ ge akpɔ hã o. Yehowa nye amesi ƒe amenyenye metrɔna o eye wòda sɔ le goawo katã me si ƒo ɖesiaɖe ta. Woate ŋu aka ɖe edzi aɖo ŋu ɖe eŋu ɣesiaɣi. Míate ŋu aɖo dzi ɖe eŋu ɣesiaɣi.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18, 19]

Mawu ɖeka ma ke si tsrɔ̃ Sodom kple Gomora . . .

. . . la kee ahe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea vɛ