Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Susu Le Nɔnɔmetɔtrɔ Nufiafia Mea?

Ðe Susu Le Nɔnɔmetɔtrɔ Nufiafia Mea?

Ðe Susu Le Nɔnɔmetɔtrɔ Nufiafia Mea?

AMESIWO lé nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia me ɖe asi egbea gblɔna be nyateƒee wònye. Gake ɖe susu le woƒe kpeɖodzinya siwo wogblɔna zi geɖe la mea? Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Seda si nye ka si yiyiwo wɔnae nye ŋudɔwɔnu siwo ŋu ŋusẽ le wu kekeake si wonya dometɔ ɖeka. New Scientist gblɔ be “woate ŋu ahe ka siawo dometɔ ɖesiaɖe wòadidi ɖe edzi alafa memama 40 eye ate ŋu anɔ te ɖe ŋusẽ [abe elektrikŋusẽ alo dzoxɔxɔ] nu zi gbɔ zi alafa ɖeka wu gakpo eye matso o.” Aleke yiyi wɔa seda sia si le etɔxɛ lae? Encyclopædia Britannica ɖe eme be tsi kpekẽ aɖe si nye protein dona tsoa do suesue siwo le yiyi ƒe ŋutilã ŋu me, eye protein la me nuwo gbugbɔ ɖoa wo ɖokui ale be tsia va trɔna zua ka sesẽ aɖe.

New Scientist ƒo nya ta be: “Yiyi la to asitɔtrɔlenuŋumɔnu siwo de ŋgɔ sasasã wu atikeŋutinunyala bibitɔ kekeake gɔ̃ hã vɛ.” Ðe gɔmesese le eŋuti be yiyie to asitɔtrɔlenuŋumɔnu si de ŋgɔ ale gbegbe si gɔme amegbetɔ mese haɖe o vɛa?

The Wall Street Journal me nyati aɖe si Phillip E. Johnson si nye California Yunivɛsiti sefiala ŋlɔ gblɔ be kpeɖodzi aɖeke mele nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia ŋu o, ke hã edzidelawo ɖua fewu le amesiwo hea nya ɖe eŋu la ŋu kokoko. Nyatia gblɔ be: “Womele kpeɖodzi kpɔm na nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia la kura o—ke hã emeléɖeasilawo melɔ̃na be woawɔ numedzodzro anukwaretɔe kple yewo o bene womagafɔ yewoƒe nukpɔsusuwo gɔme o.”

Kpɔɖeŋu bubu si ɖee fia be susu mele nɔnɔmetɔtrɔ dzixɔxɔse me o la ku ɖe numiemiewo ŋu. London ƒe The Daily Telegraph gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo nɔ nu me kum le Morocco ke ɖe archaeopteris si nye blema nu kukuwo ƒe susɔewo dometɔ 150 ŋu, “si nye esiwo ŋu woke ɖo siwo do ƒome kplikplikpli kple ati tseku gbãtɔwo wu, si wobu be enye ati akpa gãtɔ siwo li egbea ƒe blematɔ gbagbiagbãwo.” Nyadzɔdzɔgbalẽ sia ƒe dzɔdzɔme ŋuti nuŋɔŋlɔmetola gblɔ be numiemie sia “kpe asi ɖe asitɔtrɔ le egbe xexeame ŋu to aŋgbawo kple atilɔwo toto vɛ me.” “Be woato nane vɛ” fia be “woazã susu atsɔ awɔ nu yeyee.” Ðe susu le eme be woagblɔ be numiemie te ŋu bu tame to nu vɛa?

Salomo, si nye nunyala gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka, ɖo aɖaŋu na mí be ‘míakpɔ míaƒe tamebubu ŋutete ta,’ be míabu tame le mía ɖokui si. Tamebubu ŋutete ŋudɔwɔwɔ hiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe.—Lododowo 5:2.