Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

‘Ade Mía Dzi ne Míewɔ Wo’

Nufialagã Anatoly P. Zilber, si nye zimenɔla na Dɔléle Sesẽwo Gbɔkpɔƒe kple Amedealɔ̃meƒe le Petrozavodsk Yunivɛsiti kple Dukɔa ƒe Kɔdzi le Karelia, Russia, kafu Yehowa Ðasefowo gblɔ be: “Womemua aha o, womenoa atama o, ga mebiãa ŋu na wo o, womegbea woƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ alo ɖia aʋatso ɖase o . . . Womenye vivime kɔmama o, ke boŋ wonye dukɔmevi sedziwɔlawo.” Egblɔ kpee be: “Bubu le [wo] ŋu, dzi dzɔa wo, eye wotsia dzi ɖe ŋutinya, agbalẽŋɔŋlɔ, nutata, kple agbe ƒe akpa vovovoawo ŋu.” Emegbe esi nufialagã la gblɔ tɔtrɔ nyui siwo Ðasefoawo he vɛ le dɔwɔwɔname ʋumazamazãe me megbe la, egblɔ be: “Ne míagblɔ Voltaire ƒe nyawo bubui la, míate ŋu agblɔ be ne ɖe Yehowa Ðasefowo meli o la, ɖeko míato mɔ aɖe dzi awɔ wo.”

Atsyɔ̃ɖoɖo Me Tsonu Yea?

London ƒe The Times gblɔ be afɔkpa siwo gɔme tri kple afɔkpa kɔkɔ, “siwo sɔhɛ siwo tsia dzi ɖe atsyɔ̃ɖoɖo ŋu lɔ̃a dodo” hea nuveviwɔame siwo ade 10,000 vɛ le Britain ƒe sia ƒe. Steve Tyler, si nye Britaintɔwo ƒe Dedienɔnɔ Dɔwɔha ƒe nyanuɖela gblɔ be: “Nuvevi siwo wɔa ame wue nye tɔtɔ si vaa afɔkɔe ŋu kple afɔ ŋeŋe, gake afɔkpa siawo ate ŋu ana dzime dɔlélewo hã, vevietɔ le nyɔnuvi sue siwo ƒe ametia kpɔtɔ le tɔtrɔm gome.” Le Japan la, afɔkpa siwo gɔme tri na nyɔnu eve ku le dzinu siwo va yi nyitsɔ laa me gɔ̃ hã. Le nudzɔdzɔ ɖeka me la, abɔdzokpo dɔwɔla si xɔ ƒe 25, si do afɔkpa si gɔme tri ade sentimita 125 la ɖiɖi dze anyi hegba ta, eye emegbe wòku. Ðetugbi aɖe hã ku esime ʋu si me wònɔ la va lɔ kɔnkreti-ti aɖe le esi ʋukula la mete ŋu tɔ ʋua kaba o le afɔkpa si gɔme tri sentimita 150 si wòdo ta. Be amewo nagahe afɔkpawɔlawo yi ʋɔnui o la, wo dometɔ aɖewo dze nuxlɔ̃amenyawo kaklã ɖe woƒe afɔkpawo ŋu.

Aƒemedɔ Siwo Ðeviwo Awɔ

The Toronto Star ka nya ta be “dzila geɖe siwo li egbea siwo ɣeyiɣi mesuna o metsia dzi be yewoana dɔ yewo viwo woawɔ le aƒeme o.” Jane Nelsen, si ŋlɔ agbalẽ si nye Positive Discipline gblɔ be togbɔ be aƒemedɔwo “manye nu vevitɔ kekeake na ɖeviwo o hã la, ena wokana ɖe wo ɖokui dzi hedea asixɔxɔ wo ɖokui ŋu.” Numekuku aɖe si dze le magazine si nye Child me gblɔ be aƒemedɔ aɖewo siwo woana ɖevi siwo xɔ ƒe eve va ɖo etɔ̃ ate ŋu anye fefenuwo fɔfɔ ada ɖe wo nɔƒe kple awu ƒoɖiwo dada ɖe nu ƒoɖiwo daɖoƒe. Ðevi siwo xɔ ƒe etɔ̃ va ɖo atɔ̃ ate ŋu aɖo kplɔ̃, afɔ nuɖugbawo yi nuklɔƒe eye woakplɔ afisi wofe le. Amesiwo xɔ tso ƒe 5 va ɖo 9 ate ŋu aɖo woa ŋutɔ ƒe aba, afɔ gbeɖuɖɔwo, aho gbewo, eye esiwo xɔ ƒe 9 va ɖo 12 ate ŋu awɔ dɔwo abe nuɖugbawo kɔklɔ atutu wo ŋu, gbeɖuɖɔ tsɔtsɔ ƒu gbe, sɔgbewo ƒoƒo, kple nu kpɔkplɔ ene. Nelsen gblɔ kpee be “eɖea vi be nàɖo ɣeyiɣi si wòle be woawu dɔa nu.”

Sɔhɛwo Kple Nuvlowɔwɔ

Numekuku aɖe si Scotland Dziɖuɖua wɔ ɖee fia be le Scotland la, ŋutsuvi 85 le alafa me kple nyɔnuvi 67 le alafa me siwo xɔ tso ƒe 14 va ɖo 15 gblɔ be yewo wɔ nu vlo le ƒe si va yi me. Glasgow ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Herald ka nya ta be le sukuvi 1,000 siwo wobia gbee tso suku vovovo ade me la, wo dometɔ 12 le alafa me koe gblɔ be yewo mewɔ nu vlo aɖeke kpɔ o. Le nu vlo siwo wowɔ dome la, ŋutsuviawo dometɔ 69 le alafa me kple nyɔnuviawo dometɔ 56 le alafa me gblẽ nunɔamesiwo dome. Ŋutsuvi 66 le alafa me kple nyɔnuvi 53 le alafa me fi nuwo le fiasewo me, eye wo dometɔ afã kloe fi nuwo le suku. Nu vlo bubu siwo wowɔe nye dzotɔtɔ amewo ƒe nunɔamesiwo kple avuwɔnuwo tsɔtsɔ wɔ nu vevi amewoe. Sɔhɛ siwo xɔ ƒe siawo gblɔ be nusi koŋ na yewowɔ nu vlo mawoe nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, eye le amesiwo xɔ wu ƒe 15 gome la, anɔ eme be nusi ta koŋue nye be woakpɔ ga atsɔ aƒle atikemuame si zazã va zu numame na woe.

Sukuvi Dzeaglãwo

Tso blema ke la, ƒewuiviwo ƒe aglãdzedze mebɔ le Japan o. Gake sukunufiala siwo katã le Japan ka nya ta be eva le sesẽm ɖe dzi be woana woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu le sukuxɔwo me le sukuviwo ƒe momadzeanyi kple aglãdzenuwɔnawo ta. Tokyo dugãa ƒe dziɖulawo bia gbe sukuvi siwo xɔ ƒe 9, 11, kple 14 be woanya alesi wosena le wo ɖokui me ɖe ame bubuwo ŋu. Le The Daily Yomiuri ƒe nya nu la, wo dometɔ 65 le alafa me gblɔ be yewo xɔlɔ̃wo ƒe nya ti yewo, 60 le alafa me gblɔ be yewo dzilawo ƒe nya ti yewo, eye 50 le alafa me gblɔ be yewoƒe nufialawo ƒe nya ti yewo. Wo dometɔ 40 le alafa me gblɔ be yewomete ŋu ɖua yewoƒe dziku dzi o. Sukuvi 1 le 5 ɖesiaɖe me gblɔ be ne yewo do dziku la, yewo gbaa nuwo.

“Dɔlekui Manyatalenu Aɖe”

New Scientist ka nya ta be: “Dɔlékui manyatalenu aɖe le ʋu siwo woɖe le amewo ŋu la me ɖom le xexeame katã. Ame aɖeke menya ne dɔlékui sia si woyɔna be ‘TT’ gblẽa nu o, gake wole vɔvɔ̃m be ate ŋu ana aklãdɔléle.” Wotsɔ ŋkɔ na dɔlékuia be TT, si nye ŋɔŋlɔdzesi siwo dze Japantɔ si ƒe ʋu me wokpɔ dɔlékuia le zi gbãtɔ la ƒe ŋkɔwo gɔme, eye wokpɔe le “ʋunalawo kple dɔnɔ siwo ŋu aklãdɔléle le siwo wodo ʋu na la siaa ŋu.” Numekuku si wowɔ ɖee fia be dɔlékuia le ame 102 siwo na ʋu le California la dometɔ 8 ŋu, eye wonye amesiwo dodokpɔ ɖee fia be dɔlékui, siwo ƒe ɖee nye HIV kple aklãdɔlelé siwo nye hepatitis B kple C mele woƒe ʋu me o. Wobu akɔnta be amesiwo xɔnɛ ƒe agbɔsɔsɔme anɔ ame 2 le alafa me le Britain, ame 4 va ɖo 6 le alafa me le France, ame 8 va ɖo 10 le alafa me le United States, ame 13 le alafa me le Japan. Nyatia gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le “nu srɔ̃m tso TT ŋu le xexeame katã di be yewoaɖɔ ŋu ɖo be woagade vɔvɔ̃ lãme na amewo o,” ke boŋ wodi be “yewoaku nu me akpɔ nenye be dɔlékuia gblẽa nu le lãmesẽ ŋu.”

Kɔmega si Xɔa Lãwo Ðe Agbe

Eva dzɔ be lãnyilawo ƒe lãwo ƒe vi siwo amegãxiwo léna le South Africa ƒe nuto aɖewo me ƒe sia ƒe la ƒe agbɔsɔsɔ gogo alafa memama 40 vɔ. Menye ɖeko esia gblẽa nu le amewo ŋu le ganyawo gome o ke ena amegãxiwo dzi ɖe edzi hã. Agbagba siwo wodze be woatsrɔ̃ amegãxiawo medze edzi o, eye wògblẽ nu le lã wɔadã bubuwo ŋu gɔ̃ hã. Gake wodze aɖaŋu hewɔ egbɔkpɔnu nyui aɖe le nyitsɔ laa ƒewo me. Enye kɔmega aɖe si woxa gobaa si dede mesẽ akpa o eye woate ŋu azãe le mɔ bubu nu, eye alẽawo te ŋu tsana kplii evɔ mewɔa nuvevi amegãxi la hã o. Ðeko wòxea mɔ na amegãxi la be wòagalé alẽa awui o. Le Natal Witness nyadzɔdzɔgbalẽ ƒe nya nu la, lãnyila siwo zã kɔmegaawo “ka nya ta be amegãxiawo dzudzɔ alẽawo wuwu kura enumake.” Eye esi wònye nugbagbewo abe nudzodzoewo, lã suewo abe afiwo ene, kple lã kuku siwo amegãxiawo ɖuna xoxoxo koe wova ɖuna ta la, woƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.

Ʋaʋã Ðuatiwo

National Geographic ka nya ta be ʋaʋã ƒomevi aɖe li si ƒe ŋutinu si me wòɖaa azi toe nye “esi me tomenu sesẽ siwo nye manganese alo zinc le si wɔe be wòsẽ.” Ʋaʋã ƒomevi sia zãa eƒe tsyo tsɔ ɖea do ɖe ati me eye wòɖaa aziawo ɖe nudzodzoe siwo ɖua ati ƒe ŋɔvi siwo le atia me dzi alo ɖe wo ŋu. Donald Quicke, si le Britain Dukɔa ƒe Kɔledzi gblɔ be: “Wo dometɔ aɖewo te ŋu ɖea do ɖe ati siwo sẽ me wòdea sentimeta 7.6.” Ne ʋaʋã ƒe aziawo ƒo vi la, woɖua atiɖuŋɔvi siawo eye wozãa woƒe nu ƒe akpa siwo tomenu siwo wokpɔ tso ŋɔviawo ɖuɖu me na wòsẽ la tsɔ ɖua atia hedoa goe.

India ƒe “Ŋkubiãnya si Mele Nyanya O”

The Times of India ka nya ta be “togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyiwo le lãmesẽnyawo gome eye nu le edzi dzem na amewo wu le ƒe ʋɛ siwo va yi me hã la, nunyuimakpɔɖui kpɔtɔ nye ‘ŋkubiãnya si mele nyanya o’ le India.” Ga si India buna le lãmesẽnyawo kple dɔmawɔmawɔ gome le nunyuimakpɔɖui ta la wu dɔlar miliɔn 230. Le nyatakakaa nu la, ɖevi siwo le India siwo mexɔ ƒe ene haɖe o dometɔ siwo wu 50 le alafa me mekpɔa nu nyui ɖuna o, vidzĩ siwo wodzina dometɔ 30 le alafa me “ƒe kpekpeme medea alesi wòdze be wòanɔ kura o,” eye ʋu mele lãme na nyɔnuawo dometɔ 60 le alafa me o. Meera Chatterjee, si nye hadomeŋgɔyiyiwɔwɔ ŋuti nunyala bibi le Xexeame ƒe Gadzraɖoƒe Gã gblɔ be “menye ɖeko nunyuimakpɔɖui gblẽa amewo kple ƒomewo ƒe agbe dome o ke enaa ga si wogblẽ ɖe sukudede ŋu hã meɖea vi o eye wòna womewɔa ŋgɔyiyi le hadome kple ganyawo gome hã o.”

Dzi Medzɔa Nunɔlawo Oa?

Zi etɔ̃ le ƒe ade siwo va yi me la, wowɔ numekuku aɖe le France, ku ɖe nukpɔsusu si le amewo si le nunɔlawo ŋu la ŋuti. Abe alesi wotae ɖe Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Croix me ene la, numekuku yeyetɔ kekeake si wowɔ ɖee fia be Fransetɔ 45 le alafa me mebua nunɔlawo be dzi dzɔa wo alo woƒe dzi dzea eme o. Amewo gabua nunɔla be elɔ̃a ame eye wòɖoa to. Gake nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be “Fransetɔ geɖe va le wo bum be womehiã le hadome o” eye ame 56 le alafa me koe bunɛ be enye “Mawu ƒe ɖasefo le anyigba dzi.” Dukɔa me tɔ siwo mede 1 le 3 ɖesiaɖe me o kple sɔlemedela 51 le alafa me koe gblɔ be yewoade dzi ƒo na yewo viŋutsu alo ƒometɔ be wòava zu nunɔla.