Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Míaƒe Ƒomea Wɔ Gava Wɔ Ðeka

Alesi Míaƒe Ƒomea Wɔ Gava Wɔ Ðeka

Alesi Míaƒe Ƒomea Wɔ Gava Wɔ Ðeka

Abe alesi Lars kple Judith Westergaard gblɔe ene

WOƑE aƒeme le abe alesi ƒome kpɔdzidzɔ siwo le Denmark la tɔ le ene. Enye aƒe si me dzidzeme le, abɔ dzeani aɖe le eŋu, eye wòle kɔƒedu aɖe si me tomefafa le me. Le xɔa me la, foto gã aɖe le glia ŋu si me ɖevi siwo le ƒomea me siwo le lãmesẽ me eye woɖo nukomo la le.

Vifofoae nye Lars, eye enye hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me. Srɔ̃anyɔnu, Judith, nye mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela). Togbɔ be wonye srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔwo hã la, menye nenemae wònɔ ɣesiaɣi o. Lars kple Judith to kuxi kple vevesesewo me si wɔe be srɔ̃gbegbe kple ƒomea ƒe gbagba ye wòhe vɛ. Gake fifia la, woƒe ƒomea gawɔ ɖeka. Nukatae? Woa ŋutɔwo gblɔ nusi dzɔ.

Lars kple Judith lɔ̃ faa be yewoagblɔ masɔmasɔ si gbegbe ɖo yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me kple alesi wowɔ gawɔ ɖeka la ŋu nya. Wobui be yewoƒe nuteƒekpɔkpɔa ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu.

Nuwo Zɔ Nyuie Ŋutɔ Gbã

Lars: Dzidzɔ sɔŋ ye míetsɔ dze míaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ gɔmee le April 1973 me. Eye míekpɔ mɔ be nusianu azɔ nyuie na mí le xexeame. Míenya naneke le Biblia alo Yehowa Ðasefowo ŋu o, gake míeka ɖe edzi be agbenɔnɔ le xexeame ade ame dzi wu ne amesiame dze agbagba alesi dze le eŋu. Eyata míeƒo mía ɖokui ɖe dunyahenuwɔna geɖe me. Míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖe edzi esime ŋutsuvi etɔ̃ siwo nɔ lãmesẽ blibo me va kpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu—Martin, Thomas, kple Jonas.

Judith: Ðoƒe kɔkɔ aɖe nɔ asinye le dziɖuɖudɔwɔƒe ƒe alɔdze aɖe. Le ɣeyiɣi ma ke me la, meƒo ɖokuinye ɖe dunyahehe kple dɔwɔlawo ƒe habɔbɔ ƒe nuwɔnawo me. Vivivi la, wova dom ɖe dzi ɖoƒe kɔkɔwo su asinye.

Lars: Le gonyeme la, mewɔa dɔ le dɔwɔlawo ƒe habɔbɔ gã aɖe me, eye mewɔ ŋgɔyiyi va ɖo ɖoƒe vevi aɖe. Míenɔ ŋgɔyiyiwo wɔm le míaƒe dɔwɔnawo me eye naneke medo kplamatse mí o.

Kaklã Ða tso Mía Nɔewo Ŋu

Lars: Gake míenyrɔ mía ɖokui ɖe míaƒe dɔ vovovoawo me ale gbegbe be míegakpɔa vovo ɖe mía nɔewo ŋu o. Dunyahehabɔbɔ ɖeka mee míenɔ gake akpa siwo míewɔna le eme to vovo. Ame bubuwoe kpɔa mía vi etɔ̃awo dzi, wonɔa ame aɖe gbɔ loo alo ɖevidzikpɔƒewo le ŋkeke me. Esi mí ame evea míebua mía ŋutɔwo míaƒe nyawo ko ŋu ta la, míaƒe ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ me gblẽ. Ne eva eme be mí ame evea míele aƒeme la, nyahehe sesẽwoe doa mo ɖa zi geɖe. Emegbe meva tsɔ ahanono wɔ dzifatikee.

Judith: Míekpɔtɔ lɔ̃ mía nɔewo ya, gake míetu míaƒe lɔlɔ̃a ɖo abe alesi wòle be wòanɔ ene o; gbɔdzɔgbɔdzɔm ko wònɔ. Míaƒe ƒomedodoa me va gblẽ kura, eye esia na ɖeviawo kpe fu.

Lars: Esi meɖoe kplikpaa be magbugbɔ lé míaƒe ƒomea ɖe te ta la, medzudzɔ nye dɔ. Le ƒe 1985 me la, míeʋu le dugã la me yi kɔƒedu si me míele fifia me. Nɔnɔmeawo va ka ɖe eme ʋɛ ɣeyiɣi kpui aɖe, gake mía kple srɔ̃nye míeyi edzi ku ɖe nusiwo le vevie na mía dometɔ ɖesiaɖe la ŋu. Mlɔeba le February 1989 me la, míaƒe srɔ̃ɖeɖe si xɔ ƒe 16 wu enu ɖe srɔ̃gbegbe me. Míaƒe ƒomea gbã.

Judith: Enye nu sesẽ ŋutɔ be makpɔ alesi míaƒe ƒomea kaka kple alesi ɖeviawo kpe fui. Míedo dziku ale gbegbe be míete ŋu lɔ̃ ɖe ɖeviawo ƒe mía gbɔ nɔnɔ ƒe ɣeyiɣiwo mama gɔ̃ hã dzi o, eyata mexɔ wo ame etɔ̃a katã wova nɔ gbɔnye.

Lars: Mía kple Judith míeɖe afɔ vovovowo be míate míaƒe ƒome si kaka la aƒo ƒui. Míedo gbe gɔ̃ hã ɖa na Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu. Gake míenya nu boo aɖeke le Mawu ŋu o.

Judith: Míese le mía ɖokui me be Mawu mese míaƒe gbedodoɖaa o. Míeda akpe be tso ema dzi la, míeva kpɔe be Mawu sea gbedodoɖa.

Lars: Míebui kura be agbagbadzedze kple tɔtrɔwo wɔwɔ hiã le mía ŋutɔwo mía gome o. Eyata nublanuitɔe la, mía nɔewo gbegbea zu nu ŋutɔŋutɔ dzɔ.

Lars Wɔ Tɔtrɔ si Míekpɔ Mɔ Na O

Lars: Esi nye ɖeka menɔ anyi la, nɔnɔmeawo va trɔ nam kura, enye nusi nyemenɔ mɔ kpɔm na o. Gbeɖeka mexɔ magazine eve tso Yehowa Ðasefowo gbɔ. Do ŋgɔ la, ɖe menyãa Ðasefoawo. Gake esi meto magazine mawo me la, mekpɔ be le nyateƒe me, Ðasefowo xɔ Mawu kple Yesu Kristo siaa dzi se. Esia wɔ nuku nam ale gbegbe. Nyemenya gbeɖe be Kristotɔwoe wonye o.

Le ɣeyiɣi sia ke me la, mena nyɔnu aɖe si meva nɔ ha dem kplii la ʋu va tsi gbɔnye. Meva kpɔe be enye Yehowa Ðasefo kpɔ. Esi medze nya biabiae la, efiam le Biblia me be Yehowae nye Mawu ƒe ŋkɔ. Eyata “Yehowa Ðasefowo” fia be wonye “Mawu ƒe Ðasefowo”!

Nyɔnua wɔ ɖoɖo nam meva se dutoƒonuƒo le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ aɖe me. Nusi mekpɔ le afima nyɔ nye ɖetsɔleme vavã. Mede kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata si le mía gbɔ me be masrɔ̃ nu geɖe, eye míewɔ Bibia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo. Eteƒe medidi hafi meva kpɔe be alesi menɔa agbee mesɔ o, eyata meʋu le nye ahiãvia gbɔ eye nye ɖeɖe meyi ɖanɔ mía de. Le heheɖemegbe ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mete ɖe Yehowa Ðasefo siwo le afima ŋu eye meyi nye Biblia sɔsrɔ̃a dzi.

Gake ɖikeke aɖewo ganɔ menye kokoko. Mawu ƒe amewoe Yehowa Ðasefowo nye vavã? Ke nusiwo katã mesrɔ̃ le ɖevime ya ɖe? Esi wonyim menye Seventh-Day Adventisttɔ ta la, fifia meyi va di Adventist sɔfo aɖe. Elɔ̃ be yeasrɔ̃ nu kplim Kuɖa ɖesiaɖe, eye Yehowa Ðasefowo hã srɔ̃nɛ kplim Dzoɖa ɖesiaɖe. Menɔ mɔ kpɔm na nyabiabia vevi ene aɖewo ƒe ŋuɖoɖo si me akɔ la tso ƒuƒoƒo evea siaa gbɔ, esiwo nye: Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ, tsitretsitsi, Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia, kple ɖoɖo si nu wòle be hamea nazɔ ɖo. Nye ɖikekewo katã nu yi le ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe. Le biabia eneawo dometɔ ɖesiaɖe me—kple le nu bubu ɖesiaɖe me—la, Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo koe wotu ɖe Biblia dzi bliboe. Esia do dzidzɔ nam meva de ɖokuinye hamea me dɔwɔnawo katã me eye eteƒe medidi o meɖe adzɔgbe na Yehowa. Le May 1990 me la, mexɔ nyɔnyrɔ.

Ke Judith Ya Ðe?

Judith: Esi míaƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo va ɖo woƒe sesẽaƒe la, megadze sɔlemedede gɔme. Esi mese be Lars le ha dem kple Yehowa Ðasefowo la, ete ɖe dzinye ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi mía vi suetɔ Jonas, si nye ƒe 10 vi, va srãa fofoa kpɔ, gake nyemeɖe mɔ na Lars be wòakplɔ Jonas ayi Ðasefoawo ƒe kpekpe aɖekee o. Lars tsɔ nya la yi dziɖuɖumegãwo gbɔe, gake wode dzinye.

Meva ke ɖe ŋutsu bubu ŋu. Azɔ hã meva ƒo ɖokuinye ɖe dunyahehe kple hadomedɔ vovovowo me geɖe wu. Eyata ɣemaɣi ne ame aɖe gblɔ be míaƒe ƒomea agawɔ ɖeka ake la, adze nusi manya wɔ o.

Esi menɔ nusiwo matsɔ adze Yehowa Ðasefowo dzi dim la, meyi ɖe nutoa me sɔfo aɖe gbɔ; amesia lɔ̃ ɖe edzi enumake be yemenya naneke le Ðasefowo ŋu o eye woƒe agbalẽ aɖeke hã mele ye si o. Nusi ko wòte ŋu gblɔe nye be makpɔ ɖokuinye dzi nyuie le wo ŋu. Gake ema mena nukpɔsusu vɔ̃ si nɔ asinye ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu trɔ o. Ke hã nudzɔdzɔwo zi dzinye meva ke ɖe wo ŋu le mɔ aɖe si nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o nu.

Nɔvinyeŋutsu si le Sweden va zu Yehowa Ðasefo, eye wòkpem mede eƒe srɔ̃ɖeɖe me alɔléle wɔna wɔƒe le Fiaɖuƒe Akpata aɖe me! Nuteƒekpɔkpɔ ma trɔ nye nukpɔsusu le Ðasefowo ŋu kura. Nukutɔe la, womenye dzidzɔmakpɔlawo abe alesi mebunɛ ɣesiaɣi la ene o. Woƒe dɔme nyo eye wokpɔa dzidzɔ, eye wodoa nukokoe na ame gɔ̃ hã ne ehiã.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Lars, srɔ̃nye xoxoa, trɔ kura. Ezu amesi dzi woate ŋu aka ɖo wu, ekpɔa vovo ɖe ɖeviawo ŋu, enyoa dɔme eye wònya alesi woƒoa nui na ame, eye meganoa aha abe tsã ene o. Eƒe agbenɔnɔ nyo ame ŋu ale gbegbe! Fifia ezu ŋutsu si tututu ƒomevi medina ɣesiaɣi be wòanye. Ne mebu eŋu kpɔ be nyemeganye srɔ̃a o eye ɖewohĩ gbeɖeka nyɔnu bubu ava ɖee la, etena ɖe dzinye ŋutɔ!

Ale meva ɖoe be mawɔ aye “ava adze edzi.” Gbeɖeka esi Jonas nɔ fofoa gbɔ la, mewɔ ɖoɖo be mía kple nɔvinyenyɔnu eve míavae srã Jonas kple Lars kpɔ wònye ayemenuwɔwɔ be Jonas nɔɖia eveawoe di be yewoava kpɔ yewo nɔɖiyɔvia ɖa. Míekpɔ wo le fefewɔƒe aɖe. Esi Jonas nɔɖiawo nɔ egbɔ la, mía kple Lars míenɔ zikpui legbe aɖe dzi.

Nukutɔe la, kaka mado míaƒe etsɔme ŋuti nya ɖa ko la, Lars ɖe agbalẽ aɖe le kotoku me. Eŋkɔe nye Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me. * Etsɔ agbalẽa nam eye wòkafui be maxlẽ tanya si ƒo nu tso srɔ̃ŋutsu ƒe dɔ kple srɔ̃nyɔnu ƒe dɔ le ƒomea me la ŋu. Ete gbe ɖe edzi etɔxɛe be maxlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe eme la.

Emegbe esi mía kple Lars míetso le zikpuia dzi la, medi be malé eƒe asi gake egbe tufafatɔe. Lars medi be ƒomedodo yeye aɖeke naɖo mía dome esi menya nye nukpɔsusu le eƒe xɔse yeyea ŋu o. Ete ɖe dzinye vie, gake mekpɔe be susu le eƒe nuwɔnaa me eye ade nye ŋutɔ dzinye ne eva eme be egazu srɔ̃nyeŋutsu.

Esiawo katã na medi vevie wu be manya nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Le ŋufɔke la, mete ɖe nyɔnu aɖe si menya be enye Yehowa Ðasefo la ŋu eye míewɔ ɖoɖo be eya kple srɔ̃a nava ɖe nusiwo medi be manya le woƒe subɔsubɔhaa ŋu la me nam. Wotsɔ Biblia ɖo nye biabia gbogboawo katã ŋu nam. Meva kpɔe be Biblia dzie wotu nusiwo katã Yehowa Ðasefowo fiana ɖo. Le nyati ɖesiaɖe si me míedzro me la, ɖeko wòle be malɔ̃ ɖe nyateƒea dzi.

Le ɣeyiɣi ma me la, medo le Evangelical Lutheran Sɔlemehaa me eye medzudzɔ nye dunyahehe nuwɔnawo. Medzudzɔ atamanono gɔ̃ hã. Eyae nye afɔɖeɖe sesẽtɔ kekeake nam. Nye Biblia sɔsrɔ̃a dze egɔme le August 1990 me, eye le April 1991 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

Woƒe Alɔléle Zi Evelia

Judith: Fifia mí ame evea siaa míezu Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo. Togbɔ be mɔ vovovo dzie míeto hã la, mí ame evea siaa míesrɔ̃ Biblia. Eƒe nufiafia nyuiawo na míeva to vovo kura tso alesi míenɔ tsã gbɔ. Míekpɔtɔ gatsɔa ɖe le eme na mía nɔewo, magblɔ be le mɔ si de to wu tsã nu gɔ̃ hã. Eyata fifia míevo be míagaɖe mía nɔewo—ale míeɖe mía nɔewo. Míegaka atam na mía nɔewo zi evelia, gake fifia ya míewɔe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me.

Lars: Nusi dzi manya xɔ ase o la dzɔ—míaƒe ƒomea gawɔ ɖeka! Aleke gbegbe míele dzidzɔ kpɔm hele vivi sem fifiae nye si!

Judith: Mía viwo, ƒometɔ geɖewo, kple xɔlɔ̃ xoxo kple yeye geɖe va alɔléƒea. Enye nuteƒekpɔkpɔ wɔnuku aɖe. Vavalawo dometɔ aɖewo nye amesiwo nya mí le míaƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa me; edzɔ dzi na wo be wokpɔe míegawɔ ɖeka eye dzidzɔ vavã si wokpɔ le Yehowa Ðasefowo dome wɔ nuku na wo.

Ðeviawo

Lars: Tso míaƒe nyɔnyrɔxɔɣi ke la, dzi dzɔ mí esi míekpɔ mía viŋutsu eve tso nya me tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa.

Judith: Jonas ƒe dzi ku ɖe Biblia me nyateƒea ŋu tso keke esime wònya nu tso eŋu le eƒe ɖevime le fofoa sasrãkpɔ me. Ƒe ewo koe wòxɔ esime wògblɔ nam be yedi be yeaʋu ayi ye fofo gbɔ, eɖe eme be, elabena “Papa wɔna ɖe Biblia me nyawo dzi.” Jonas xɔ nyɔnyrɔ esi wòxɔ ƒe 14. Ewu suku nu, eye fifia enye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla.

Lars: Mía viŋutsu tsitsitɔ, Martin, xɔ ƒe 27 fifia. Tɔtrɔ siwo wòkpɔ míewɔ na wòbu tame vevie. Eʋu dzo va le dukɔa ƒe akpa bubu. Edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefo siwo le wo gbɔ ƒe evee nye sia. Esi wòsrɔ̃ nu ɣleti atɔ̃ ko la, edze hexɔ nyɔnyrɔ. Eyi edzi ɖoa taɖodzinu nyuiwo na eɖokui le eƒe Kristotɔnyenye ƒe etsɔmegbenɔnɔ ŋu.

Mía viŋutsu evelia, Thomas, mezu Yehowa Ðasefo haɖe o. Ke hã míekpɔtɔ lɔ̃e eye ƒomedodo nyui le mía dome. Ekpɔ dzidzɔ ɖe tɔtrɔ siwo va le míaƒe ƒomea me la ŋu. Eye mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be gɔmeɖose siwo mí dzilawo míesrɔ̃ tso Biblia mee na míaƒe ƒomea gawɔ ɖeka. Yayra ka gbegbee nye si wònye na mí be fifia míaƒe ƒomea te ŋu ƒoa ƒu edziedzi ɖekae, ŋutsuvi etɔ̃awo kple mí dzilawo siaa!

Míaƒe Agbenɔnɔ Egbea

Lars: Míagblɔ be míede blibo o. Gake míesrɔ̃ nane—be lɔlɔ̃ kple bubudede ame nɔewo ŋue nye nu vevitɔwo le srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze me. Nusi dzi míetu míaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖo fifia to vovo kura na nusi dzi wònɔ te ɖo tsã. Fifia mí ame evea siaa míelɔ̃ ɖe ŋusẽ si kɔ wu mía tɔ dzi, elabena mí ame evea siaa míekpɔe be Yehowae míele agbe na. Mía kple Judith míewɔ ɖeka vavã eye míetsɔ kakaɖedzi le mɔ kpɔm na etsɔme.

Judith: Mesusui be míenye kpeɖodzi si woate ŋu akpɔ be Yehowae nye srɔ̃ɖeɖe kple ƒome ŋuti ɖaŋuɖola nyuitɔ kekeake si li.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 30 Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ye tae le ƒe 1978 me; fifia womegale etam o.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Lars kple Judith le woƒe alɔléle gbãtɔ wɔɣi, le ƒe 1973 me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ŋutsuvi etɔ̃ bu woƒe ƒome wɔɖeka la eye wogakpɔe ake

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Lars kple Judith egbea, Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ na wogawɔ ɖeka