Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Nɔ Te Ðe Dzoto Nu

Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Nɔ Te Ðe Dzoto Nu

Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Nɔ Te Ðe Dzoto Nu

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE CAMEROON GBƆ

TO GÃ aɖe wó hegblẽ nu geɖe le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe dukɔ si nye Cameroon me le ƒe si va yi me. Cameroon-to sia nye dzoto si kɔkɔ meta 4,070 wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme. Wogblɔ be dzotoa ƒe wowó sia—si nye atɔ̃lia le ƒe alafa 20 lia me—ye nye esi vɔ̃ɖi hegblẽ nu geɖe wu esiwo katã dzɔ va yi.

Afɔkua dzɔ gbã le Memleɖa, March 27, 1999, ƒe ŋdɔ me. Eteƒekpɔla siwo nɔ du si nye Buea me le toa ƒe bali me tututu ka nya ta be, gliwo, aƒewo, kple atiwo gɔ̃ hã ʋuʋu ale gbegbe. Fiẽ si kplɔe ɖo, anɔ ga enyi kple afa la, anyigbaʋuʋu sesẽtɔ kekeake si gblẽ nu wu la dzɔ le nutoa me. Ede keke Douala si anɔ kilometa 70 tso afima ke. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Messager ƒe Braɖa, March 30, 1999, tɔ ƒe tanya gblɔ be: “Cameroon-to ƒe Wowó—Ame 250,000 ƒe Agbe Ðo Afɔku Me.” Eyi edzi be: “Anyigba ʋuʋu zi 50 le ŋkeke eve dome; eɖe do gã 4 ɖe toa tame xoxo; aƒe alafa nanewo gbã; Dukplɔla ƒe nɔƒe si le Buea la gbã gudugudu.”

Yehowa Ðasefo siwo ade 80 le Buea. Aƒe geɖe gbã gudugudu, eye ɖeka si nye woƒe Fiaɖuƒe Akpata hã le eme. Gake ame aɖeke meku o.

Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Wɔ Dɔ

Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ dze dɔwɔwɔ gɔme enumake be woaɖɔ nusiwo dzoto gã sia gblẽ la ɖo. Woɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti eye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa wɔ ɖoɖo be woadzɔ ga si hiã vevie la, gakpe ɖe eŋu la, Ðasefo alafa nanewo lɔ̃ faa tsɔ woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ga sa vɔe.

Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo ɖo nuɖuɖuwo ɖa. Ðasefo aɖe na xɔtukpe 1,000. Bubu wɔ ɖoɖo be wokpɔ xɔgbanuwo ƒle asi bɔbɔe. Nɔvi bubu hã zɔ kilometa 16 va di xɔtutiwo. Ðekakpui aɖe si dzra ga ɖo be yeatsɔ abia nyɔnu ta le nyɔnuvia dzilawo gbɔ he eƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe megbe eye wòzã gaa tsɔ dzra eƒe atitsomɔ̃ ɖoe. Edze mɔ yi ave me, eye le kwasiɖa etɔ̃ me la, etso ati siwo ade na aƒe blibo tutu! Nɔviŋutsu Kristotɔ ɖekakpui sesẽwo tsɔ atiawo ɖe ta yi afisi anɔ kilomita atɔ̃, eye agbatsɔʋu va lɔ wo.

Wodze xɔwo gbugbɔgatudɔa gɔme le April 24 dzi esime lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 60 va ƒo ƒu ɖe afisi afɔkua dzɔ le. Le kwasiɖanuwuwu siwo kplɔe ɖo me la, xexlẽme ma dzi ɖe dzi va ɖo ame 200, si nye gbogbotɔ kekeake. Ðasefo etɔ̃ siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔlawo va wɔa dɔ le xɔa tuƒe ne wokpã le dɔme eye wonɔa dɔa wɔwɔ dzi wòƒoa zã ga wuieve to eŋu kura. Ðasefo aɖe si tso Douala wɔa eƒe ŋutilãmedɔ ŋdi bliboa; emegbe edoa eƒe dzokeke kilometa 70 va wɔa dɔ se ɖe zãtiƒe hafi trɔna yia aƒeme. Wotu aƒe ade wu enu hafi dzinu eve nava yi. Le ɣeyiɣi mawo me la, Buea-hamea yi edzi wɔa kpekpewo le ame aɖe ƒe aƒeme, togbɔ be amesiwo vaa kpekpeawo sɔ gbɔ anɔ hamea me tɔwo ƒe xexlẽme teƒe eve hã.

Le ɣeyiɣi sia ke me la, kpekpeɖeŋunakɔmitia ma tsizrɔ̃kpe 40,000 be woatsɔ azrɔ̃ tsi si ƒoɖi lae eye wokpɔ ame ewo siwo aɖiya kple dzotoa ƒe dzofi siwo hlẽ ɖe yame la na gbɔgbɔtsixedɔ dze wo dzi la dzi le kɔdzi. Nya kawoe amesiwo kpɔ Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒe dɔwɔna sia teƒe la gblɔ?

Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Ðu Dzi

Esi ŋutsu aɖe si tso Nutoa me ƒe Agbledenyawo Gbɔkpɔha me lé ŋku ɖe aƒe siwo nɔviawo tu dometɔ ɖeka ŋu vɔ la, egblɔ be: “Aƒea ŋutɔ nye ɖaseɖiɖi gã aɖe le eɖokui si . . . , enye lɔlɔ̃ ɖeɖefia.” Nufiala aɖe gblɔ be: “Nyemekpɔ nusia tɔgbe kpɔ le nye agbe me o. . . . Esia nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesi nyateƒe.”

Amesiwo ŋu wokpe ɖo hã gblɔ ŋudzedzekpɔnya mawo ƒomevi. Timothy, si xɔ ƒe 65 eye wònye dɔnɔ ŋlɔ be: “Ɣesiaɣi si míakpɔ míaƒe aƒe yeyea la, aɖatsi lolóna ɖe míaƒe ŋku dzi. Míedaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi ɖe nusi wòwɔ na mí ta.” Ahosi aɖe si menye Yehowa Ðasefo o eye vi ene le esi la bu eƒe nunɔamesiwo katã esi woƒe aƒe gbã. Emegbe amesiwo wòhaya be woakpe ɖe ye ŋu la fi eƒe xɔgbanuwo. Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo va kpe ɖe eŋu. Egblɔ be: “Nyemenya alesi mada akpee o. Dzidzɔ yɔ dzime nam gba go.” Elizabeth, si nye Kristotɔ hamemegã aɖe srɔ̃ gblɔ be: “Edzɔ dzi nam be lɔlɔ̃ le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Eɖee fia be Mawu gbagbe subɔmee míele.”

Dzotoa nu sẽ ale gbegbe, gake mete ŋu tsi Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ sia ƒe lɔlɔ̃ nu o. Abe alesi gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔe ene la, “lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.”—Korintotɔwo I, 13:8.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Ba siwo hlẽ tso dzotoa me gblẽ nu ale gbegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔ dɔ sesĩe gbugbɔ tu xɔ siwo gbã

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Cameroon-to