Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Dɔmavɔleameŋu Dze Ƒomea Me Tɔ aɖe Dzi

Ne Dɔmavɔleameŋu Dze Ƒomea Me Tɔ aɖe Dzi

Ne Dɔmavɔleameŋu Dze Ƒomea Me Tɔ aɖe Dzi

DU TOIT ƒomea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe. Vividodoɖeameŋu ƒe lɔlɔ̃ si woɖena fiaa wo nɔewo nya kpɔna ŋutɔ. Ne èdo go wo la, màbui gbeɖe be woto nɔnɔme sesẽ ŋutɔwo me o.

Le gɔmedzedzea me, esime woƒe vi gbãtɔ si nye Michelle, xɔ ƒe eve la, Braam kple Ann kpɔe be dɔmavɔleameŋu vɔ̃ɖi aɖe si nana lãmekawo gbɔdzɔna, si wotsɔ dzii la le eŋu.

Dadaa si nye Ann ɖe eme be, “eva hiã zi ɖeka kpata be nàsrɔ̃ alesi nàkpe akɔ kple dɔmavɔleameŋu si gblẽa nu le ame ŋu ale gbegbe. Àva kpɔe be ƒomegbenɔnɔ maganɔ abe tsã ene o.”

Gake esime wogadzi nyɔnuvi kple ŋutsuvi bubu megbe la, afɔku bubuwo gadze ƒome sia dzi. Gbeɖeka, esime ɖevi etɔ̃awo nɔ fefem le gota la, nyɔnuvi evea si du va aƒea me. Wonɔ ɣli dom be “Dada! Dada! Si du va. Nane le dzɔdzɔm ɖe Neil dzi!”

Esi Ann si du yi la, ekpɔ be Neil si xɔ ƒe etɔ̃ la ƒe ta glɔ̃ ɖe akpa ɖeka hetsi nenema. Megate ŋu wòafɔ ta ɖe te o.

Ann gblɔ be: “Eʋuʋum ŋutɔ, eye metsi yaa enumake. Evem be lãmekatutudɔ vɔ̃ɖi si le edaa tsitsitɔ ŋu la le ɖevi sue sia si le lãmesẽ me hã ŋu eye wòanɔ eŋu ɖaa.”

Braam si nye ɖeviawo fofo gblɔ be: “Medidi o, kuxi sesẽtɔ kekeake siwo míedo goe kpɔ o la va vu tsyɔ dzidzɔ si míetsɔ dze ƒome si nɔ lãmesẽ me gɔmee la dzi.”

Mlɔeba, togbɔ be wowɔ atike nyuitɔ kekeake na Michelle le kɔdzi hã la, nusiwo dɔlélea gblẽ le eŋu va wui. Ƒe 14 koe wòxɔ ɣemaɣi. Neil kpɔtɔ le kame tem kple eƒe dɔlélea.

Esia fɔ biabiaa ɖe te be, Aleke ƒomewo, abe Du Toit ƒomea ene nɔa te ɖe dɔmavɔleameŋu si adze ƒomea me tɔ aɖe dzi la nui? Be míaɖo biabia ma ŋu la, mina míalé ŋku ɖe mɔ siwo nu dɔmavɔleameŋu gblẽa nu le ƒomewo ŋui la dometɔ aɖewo ŋu.