Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nusita Wòle Be Míalé Ŋku Ðe Mawu ƒe Dɔ Wɔnukuwo Ŋu”

“Nusita Wòle Be Míalé Ŋku Ðe Mawu ƒe Dɔ Wɔnukuwo Ŋu”

Va se dutoƒonuƒo femaxee

“Nusita Wòle Be Míalé Ŋku Ðe Mawu ƒe Dɔ Wɔnukuwo Ŋu”

TSO ƒe sia me ƒe November vaseɖe January 2001 me la, woaƒo nuƒo si ƒe tanya dze le etame wòanye ŋkeke etɔ̃ “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe geɖe siwo woawɔ le xexeame godoo kpakple le Ghana kple Togo hã ƒe nuƒo vevitɔwo dometɔ ɖeka. Woawɔ takpekpeawo le gbegbɔgblɔ siwo nye Dangme, Eŋlisigbe, Eʋegbe, Frafra, Fransegbe, Gɛgbe, Kabyégbe, Nzema, Tokunɔgbe, kple Twi me. Woaƒo nu tso tanya si dze le etame ŋu le takpekpe mawo siwo awu 2,000 me le dukɔ 150 kple edzivɔwo me le xexeame katã.

Le ƒe alafa 20 lia me la, amegbetɔwo wɔ nu wɔnuku geɖewo eye ɖikeke mele eme o be woagawɔ geɖe wu le ƒe alafa 21 lia me. Gake aleke gbegbe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ siawo le tsɛ enye si ne míetsɔ wo sɔ kple Mawu ƒe nuwɔwɔwo! Mewɔ nuku o be blema nunyala aɖe xlɔ̃ nu be: “Zi ɖoɖoe, eye nalé ŋku ɖe Mawu ƒe [dɔ wɔnukuwo] ŋu!”—Hiob 37:14.

Nukawoe wòle be míasrɔ̃ tso nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mí, abe ƒutsotsoewo, tsidzadza, sno, kple ya ene, la gbɔ? Aleke wòle be alesi nusiawo wɔ va dzɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzii egbea? Woaɖo biabia siawo kple bubuwo ŋu le nuƒoa me.

Be nànya ewɔƒe si tsɔ gbɔwò wu la, bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe magazine sia talawo. Afisiwo woawɔ takpekpeawo dometɔ aɖewo le le Ghana, Togo, United States, Canada, Britain, kple Ireland la dze le míaƒe magazine sia ƒe kpeɖeŋutɔ si nye Gbetakpɔxɔ, February 15, 2000, tɔ me.