Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vifofo Sisilawo—Ðe Woate Ŋu Asi Vavãa?

Vifofo Sisilawo—Ðe Woate Ŋu Asi Vavãa?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Vifofo Sisilawo—Ðe Woate Ŋu Asi Vavãa?

“Esi wògblɔ nam be ‘viwò ƒe fu le ƒonye la,’ dzidzi ƒom. Amekae akpɔ vidzĩa dzi? Nyemate ŋu akpɔ ƒome dzi o. Sisi dzrom.”—Jim. *

ALAN GUTTMACHER Nusrɔ̃ƒe ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be “ƒe sia ƒe la nyɔnuvi ƒewuivi siwo ade miliɔn ɖeka kloe . . . fɔa fu.” Vi siwo wodzi na ƒewuiviwo dometɔ gbogbo si nye “78 le alafa me nye gbɔmeyaviwo.”

Tsã la, ŋutsuwo tsɔa dzitsinya nyui tsɔa wo viwo dzi kpɔkpɔ ƒe agba. Gake agbalẽ si nye Teenage Fathers (Vifofo Ƒewuiviwo) gblɔ be “womegabua gbɔmeyafufɔfɔ be enye ŋukpenanu kple gbɔɖiamenuwɔna abe alesi wònɔ [tsã] ene o.” Le nuto aɖewo me la, sɔhɛ aɖewo bua vidzidzi be enye ŋkɔxɔxɔ ƒe dzesi! Ke hã ɖekakpui ʋɛ aɖewo siwo wodzi vi na tsɔa wo vi dzi kpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzi ɣeyiɣi didi. Gake wo dometɔ geɖe dzona—alo sina—godoo. *

Gake ɖe ɖekakpui ate ŋu asi le agbegbegblẽnɔnɔ me tsonu vɔ̃wo nu keŋkeŋua? Biblia meɖe mɔ nɛ be wòasi le enu o. Exlɔ̃ nu be: “Migable mia ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Abe alesi míele ekpɔ ge ene la, zi geɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ gblẽa nu le ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa ŋu tegbee. Sɔhɛwo ate ŋu aƒo asa na emetsonu vɔ̃ mawo ne wowɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si me kɔ nyuie be woatsri gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ la dzi.

Sisi AdzoMele Bɔbɔe Nenema O

Vidzikpɔkpɔ bia ɣeyiɣi, ga, kple ame ŋutɔ ƒe ablɔɖe geɖe tsɔtsɔ sa vɔe. Agbalẽ si nye Young Unwed Fathers (Vifofo Ðekakpui Srɔ̃manɔsitɔwo) gblɔ be: “Ðekakpui aɖewo medina be ‘yewoakpɔ ame bubu dzi o,’ kple susu be ana yewoagblẽ ga.” Gake wo dometɔ geɖe va xɔa woƒe ɖokuitɔdidi ŋu fetu mlɔeba. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be, ʋɔnudrɔ̃ƒewo kple sewɔlawo ƒe ŋku biã ɖe ŋutsu siwo gbe wo viwo dzi kpɔkpɔ la ŋu vevie le dukɔ geɖe me. Ne wonya kpɔ kpeɖodzi le amesi vifofoa nye ŋu ko la, wote ŋu biana tso sɔhɛ vifofowo si be woaxe vidzikpɔfe ƒe geɖe—eye esɔ nenema. Ezua dzizizi na sɔhɛ geɖe wodzudzɔa sukudede alo wowɔa dɔ siwo ƒe fetu mede afi aɖeke o hena woƒe agbanɔamedzi mawo tsɔtsɔ. Agbalẽ si nye School-Age Pregnancy and Parenthood (Fufɔfɔ le Suku Kple Dzilanyenye) gblɔ be: “Ne wometsi kura hafi zu vifofo o la, ewɔnɛ be ame ƒe sukudede me gblẽna kaba.” Eye ne ame aɖe gbe vidzikpɔfe xexe la, eƒe fenyinyi ate ŋu adzi ɖe edzi.

Gake menye ɖekakpuiwo katãe sẽa tagbɔ le wo viwo ŋu o. Susu nyui nɔ wo dometɔ geɖe si ɖe woƒe agbanɔamedziwo ŋu gbã. Numekuku aɖe ɖee fia be vifofo ƒewuivi 75 le alafa me srã wo viwo kpɔ le kɔdzi. Ke hã eteƒe medidina hafi vidzikpɔgba la tsɔtsɔ va wua ɖekakpui vifofo akpa gãtɔ o.

Wo dometɔ geɖe kpɔnɛ be dɔnyanya alo nuteƒekpɔkpɔ si ana yewoakpɔ dɔ si ŋu fetu nyui le mele yewo si o. Esi wònye ŋukpe na wo be yewomete ŋu le gakpekpeɖeŋu nam o ta la, wova ɖea ta le agbanɔamedzia tsɔtsɔ te mlɔeba. Gake emegbe fɔbuameɖokui ƒe seselelãmewo ate ŋu awɔ fu ɖekakpui ƒe geɖe. Ðekakpui vifofo aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Ɣeaɖewoɣi mebiana ɖokuinye ne vinyeŋutsuvia le dedie. . . . Etena ɖe dzinye be medzo le egbɔ, gake fifia nyemenya afisi wòle o. Ðewohĩ ava ke ɖe ŋunye gbeɖeka.”

Nusi Wògblẽna le Ðeviwo Ŋu

Vifofo sisilawo ate ŋu adze ŋgɔ ŋukpe ƒe seselelãme si nu sẽ ƒe fuwɔamewo hã—ŋukpe si nye ame ŋutɔ ƒe vi domegbegblẽ. Ne èbu eŋu kpɔ la, Biblia ɖee fia be ɖevi hiã vidada kple vifofo siaa. (Mose II, 20:12; Lododowo 1:8, 9) Ne ŋutsu aɖe gblẽ via ɖi la, ate ŋu ana ɖevia nadze ŋgɔ kuxi geɖe. United States ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Lãmesẽ Kple Kpekpeɖeŋunana Amewo ƒe Nya Gbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ðevi siwo le vidada dzilaɖekɛƒomewo me medzea agbagba le nuƒoƒo kple akɔntabubu dodokpɔwo me le suku o. Ðevi siwo wonyi le dzilaɖekɛƒomewo me siwo xɔ tso ƒe 7 va ɖo 10 la xɔa dzesi ʋɛwo wu, wowɔa nu maɖɔʋuwo wu, woléa dɔ siwo nɔa ame ŋu didina kple tagbɔdɔwo kabakaba wu. Le ƒewuiviwo kple ɖekakpui kple ɖetugbiwo gome la, wo nyinyi le vidada dzilaɖekɛƒome me dzia kuxi si nye ƒewuiviwo ƒe vidzidzi, kɔledzidede si nu womawu o, gamenɔnɔ, kple amesiwo mele dɔ wɔm o eye womele suku hã dem o ƒe dzidziɖedzi vɛ.”

Atlantic Monthly magazine ƒo nyaa ta be: “Hadomegbenɔnɔŋutinusɔsrɔ̃ me kpeɖodzi siwo le dzidzim ɖe edzi ɖee fia be nɔnɔmewo dea ɖevi siwo le dzila eve siwo nye wo dzilawo ŋutɔŋutɔ gbɔ dzi le go geɖe me wu ɖevi siwo le ƒome siwo me ma le srɔ̃gbegbe ta kple esiwo wodzi wonye gbɔmeyaviwo. Alesi wòate ŋu adzɔe be ɖevi siwo le dzilaɖekɛƒomewo me nada ahe le bɔbɔe zi gbɔ zi ade wu esiwo le dzilaeveƒomewo me. Ate ŋu adzɔ bɔbɔe hã be woatsi ahedadaa me.”

De dzesii be ƒuƒoƒowo ŋue numekuku ƒe akɔntabubu siwo wobu la ku ɖo ke menye ame ɖekaɖekawo o. Ðevi geɖe tsina va zua ame ɖɔʋuwo, kple ame tsitsi siwo wɔa nu wòdana sɔna togbɔ be ƒome ƒe nɔnɔmewo mede wo dzi le ɖevime o hã. Togbɔ be edzɔna nenema hã la, fɔbubu ƒe seselelãmewo ate ŋu aɖe fu na ɖekakpui si gblẽ via ɖi la vevie ŋutɔ. Vifofo srɔ̃manɔsitɔ aɖe gblɔ be: “Ete ɖe dzinye be megblẽ eƒe agbe dome tegbee.”—Teenage Fathers.

Kpekpeɖeŋunana ƒe Kuxia

Gake menye ɖekakpui vifofowo katãe sina o. Esɔ be ɖekakpui aɖewo sena le wo ɖokui me be ele be yewoakpɔ yewo viwo dzi eye wodina le anukware me be yewoana kpekpeɖeŋu le wo dzi kpɔkpɔ me. Gake zi geɖe la, menye egbɔgblɔ kple nue nye nya la o. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be gome ʋɛ aɖewo koe anɔ vifofo srɔ̃manɔsitɔ si le se nu, eye esia awɔe be nyɔnuvia kple nyɔnuvia dzilawoe aɖe mɔ ɖe ŋusẽ si gbegbe vifofoa akpɔ—alo makpɔ ɖe ɖevia dzi o—ƒe mɔ nɛ. Jim, si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me gblɔ be: “Enyea nu sesẽ ɣesiaɣi be woaxɔ wò nukpɔsusu si nàdo ɖa le ɖevia ŋu.” Eyata wote ŋu wɔa nyametsotso aɖewo siwo ŋu ɖekakpui vifofo tsia tre ɖo sesĩe, abe ɖevia tsɔtsɔna woaxɔ anyi—alo fuɖeɖe gɔ̃ hã ene. * Ðekakpui vifofo aɖe fa konyi be: “Esesẽ nam ŋutɔ be maɖe mɔ woatsɔ vinye ana ame saga aɖe ko, gake mebui be nu bubu aɖeke hã meli mawɔ o.”

Ðekakpui aɖewo lɔ̃na be yewoaɖe yewo via dada. * Nyateƒee, srɔ̃ɖeɖe ana alesi nyɔnuvia atɔtɔe la dzi naɖe akpɔtɔ eye ana be dzila eve nanyi ɖevia. Togbɔ be ɖekakpuia kple ɖetugbia nɔ agbe manyomanyo hã la, anɔ eme gɔ̃ hã be wolɔ̃ wo nɔewo vevie. Gake ŋutsuvi ƒe tsitsi adzi vi mefia be tsitsi le susu me kple seselelãme gome ƒe ŋutete si hiã be wòanɔ srɔ̃ŋutsu si nye vifofo si la le esi o. Eye mefia hã be ate ŋu akpɔ srɔ̃anyɔnu kple via dzi o. Numekukuwo ɖee fia be srɔ̃ siwo woɖe kpata le fudodoame ta menɔa anyi didina o. Eyata menye dzitsitsi aɖe srɔ̃e nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ kuxia gbɔ ɣesiaɣi o.

Ðekakpui geɖe lɔ̃ be yewoana gakpekpeɖeŋu le yewo viwo dzi kpɔkpɔ me. Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, ebia tameɖoɖo kplikpaa hafi ɖekakpui vifofo nayi kpekpeɖeŋu sia nana dzi ɣeyiɣi didi—ɖewohĩ ƒe 18 alo wu nenema! Gake eƒe veviedodonu le gakpekpeɖeŋu sia nana me ate ŋu axe mɔ ɖe vidadaa kple ɖevia ƒe ahedada nu.

Ke gomekpɔkpɔ le ɖevia nyinyi ŋutɔŋutɔ me ya ɖe? Esia hã ate ŋu anye kuxi gã. Ɣeaɖewoɣi la, ŋutsuvia kple nyɔnuvia siaa dzilawo vɔ̃na be ate ŋu adzɔ be ame eveawo agava dɔ wo nɔewo gbɔ eyata womelɔ̃na be woagate ɖe wo nɔewo ŋu o—alo wodea se gɔ̃ hã ɖe enu. Nyɔnuvia ŋutɔ gɔ̃ hã ate ŋu atso nya me be yemana ye vi “nado ka” kple ŋutsu si menye ye srɔ̃ o. Aleke ke nya la le o, ne woɖe mɔ na vifofoa wòtena ɖe via ŋu edziedzi la, anyo be ƒomewo nakpɔ egbɔ be ame aɖe nanɔ ŋku lém ɖe wo ŋu, be nu tovo aɖeke magadzɔ ake o.

Esi vifofo srɔ̃manɔsitɔ aɖewo di be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ yewo kple yewo viwo dome ta la, wo dometɔ aɖewo srɔ̃ dzilanyenye ƒe agbanɔamedzi vevi aɖewo wɔna, abe tsiléle, nuɖuɖu nana, alo nuxexlẽ na wo viwo ene. Ðekakpui si kpɔa ŋudzedze ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo ŋu ate ŋu adze agbagba be yeafia Mawu ƒe Nya ƒe gɔmeɖose aɖewo gɔ̃ hã ɖevia. (Efesotɔwo 6:4) Gake ɖikekemanɔmee la, togbɔ be vifofo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna ʋɛ aɖewo si wòaɖe afia via nyo wu ɖekematsɔleme nɛ kura hã la, magogo vifofo si gbɔ ɖevia anɔ gbesiagbe la tɔ o. Eye ne vidadaa va ɖe srɔ̃ emegbe la, ɖekakpui vifofoa anɔ eteƒe kpɔm ŋutsu bubu nava nɔ via nyim eye mate ŋu ade nu eme o.

Eyata eme kɔ ƒã be ne wodzi gbɔmeyavi la, ehea nɔnɔme wɔnublanui geɖe vɛ—na dzilawo kple ɖevia siaa. Le alesi wòaɖe fu na wòe megbe la, afɔku bubu si li enye be Yehowa Mawu, amesi lé fu gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, makpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò o. (Tesalonikatɔwo I, 4:3) Togbɔ be woate ŋu adze agbagba atrɔ asi le nɔnɔme madeamedzi siwo ƒe ɖee nye ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ ŋu wòaka ɖe eme vie hã la, eme kɔ ƒã be nu nyuitɔ kekeakee nye be woagaƒo ame ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me kura o. Ðekakpui vifofo aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne ènya dzi gbɔmeyavi ko la, wò agbe magaɖo eƒe nɔnɔ gbeɖe o.” Nyateƒee, ate ŋu adzɔ be ɖekakpui vifofo nakpe eƒe vodada me tsonuwo ƒe fu le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me. (Galatiatɔwo 6:8) Le afisia hã la, nunya le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa me esi wògblɔ be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu!”—Korintotɔwo I, 6:18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Vidzidzi—Eyae Naa Ame Zua Ŋutsu Ðɔʋua?” le May 8, 2000, ƒe Nyɔ! me. Ne èdi be yeakpɔ numeɖeɖe le nusiwo vidada srɔ̃manɔsitɔ nyenye gblẽna le ɖetugbiwo ŋu la, kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Vidada Srɔ̃manɔsitɔnyenye—Ate Ŋu Adzɔ Ðe Dzinyea?” le July 22, 1985, Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

^ mm. 16 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Fuɖeɖe—Eyae Nye Egbɔkpɔnua?” le March 8, 1995, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

^ mm. 17 Mose ƒe Sea bia be ŋutsu si ble ɖetugbi nɔaƒe dɔ egbɔ la naɖee. (Mose V, 22:28, 29) Gake menye se be neɖee kokoko o, elabena nyɔnuvia fofo ate ŋu agbe etsɔtsɔna. (Mose II, 22:15, 16) Togbɔ be egbea Kristotɔwo megale Se ma te o hã la, esia te gbe ɖe alesi nuvɔ̃ si nye gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nye ŋkubiãnyae la dzi.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le November 15, 1989, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nu nyuitɔ kekeakee nye be woagaƒo ame ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me kura o