Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Mava Nɔ Dukɔ Bubu Mea?

Ðe Wòle Be Mava Nɔ Dukɔ Bubu Mea?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Wòle Be Mava Nɔ Dukɔ Bubu Mea?

“Medi be mava nɔ afi bubu.”—Sam.

“Ðeko medi be maɖi tsa. Medi be makpɔ nu yeyewo.”—Maren.

“Xɔ̃nye vevi aɖe gblɔ nam be ne meɖe ɖe aga tso aƒe gbɔ vie la, ade dzinye.”—Andreas.

“Medi vevie be makpɔ nu yeyewo.”—Hagen.

EDZROA wò be yeanɔ dukɔ bubu me—ɖewohĩ hena ɣeyiɣi kpui aɖe koa? Sɔhɛ geɖe wɔnɛ nenema ƒe sia ƒe. Andreas gblɔ le eƒe nuteƒekpɔkpɔ le duta ŋu be: “Edzroam be magayi ake.”

Sɔhɛ aɖewo ʋuna yia duta ɣeyiɣi aɖe le esi wodi be yewoadi ga alo asrɔ̃ dutagbe aɖe ta. Le kpɔɖeŋu me le dukɔ geɖe me la, ebɔ be woaxɔ dutatɔ be wòadze ƒome aɖe gbɔ. Esia ʋua mɔ na dutatɔ siwo nye sɔhɛwo be woawɔ aƒemedɔwo na ƒomea ale be woana xɔdɔme kple nuɖuɖu wo, eye wote ŋu zãa woƒe ɣeyiɣi susɔea tsɔ srɔ̃a afima gbee. Azɔ sɔhɛ aɖewo zɔa mɔ yia duta va dea suku. Bubuwo zɔa mɔ be yewoadi dɔ ale be yewoate ŋu akpe ɖe yewoƒe ƒomewo ŋu le ganyawo gome. Ame aɖewo hã li siwo menya nusi woawɔ ne wodo le suku o, eyata wodina be yewoayi mɔkeke kpui aɖe le duta.

Nukutɔe la, Kristotɔ sɔhɛ aɖewo ʋu yi dukɔ siwo me nyanyuigblɔlawo mesɔ gbɔ le o bene yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe nu. Eɖanye susu ka tae wozɔ mɔ o, woate ŋu asrɔ̃ nu veviwo le dutagbenɔnɔ me si akpe ɖe ame ŋu ne wova tsi. Ate ŋu akeke wò nukpɔsusu ɖe nu le kɔnuwo gome. Àte ŋu asrɔ̃ dutagbe gɔ̃ hã—si ate ŋu ade dziwò le dɔwɔɖui didi me.

Gake menye ɣesiaɣie dutanɔnɔ hea nu nyuiwo vɛ o. Le kpɔɖeŋu me, Sussane de suku le duta ƒe ɖeka. Egblɔ be: “Menɔ mɔ kpɔm be anye dzidzɔ sɔŋ tso gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu. Menɔ nenema o.” Woba sɔhɛ aɖewo gɔ̃ hã, alo woɖo kuxi sesẽwo me. Eyata hafi nàdo agba la, nunya anɔ eme be nànɔ anyi abu emetsonuawo ŋu gbã.

De Ŋugble le Wò Taɖodzinuwo Ŋu

Emetsonuawo ŋu bubu abia godoo be nàbu nusita nèdi be yeazɔ mɔ ayi dukɔ bubu me ŋu. Mɔzɔzɔ be woado gbɔgbɔmenuwo ɖe ŋgɔ alo be woakpɔ ƒomegbanɔamedziwo gbɔ le vovo. Gake abe sɔhɛ siwo míeyɔ le gɔmedzedzea me ene la, ame geɖe dina be yewoazɔ mɔ le esi wodi be yewoakpɔ nu yeyewo, akpɔ ablɔɖe geɖe, alo ɖe agbeɖuɖu ɖeɖe dzaa ko ta. Menye nugbegblẽe wònye o. Ne èbu eŋu kpɔ la, Nyagblɔla 11:9 de dzi ƒo na sɔhɛwo be ‘woakpɔ dzidzɔ le woƒe ɖekakpuime.’ Gake kpukpui 10 xlɔ̃ nu be: “Ðe dziku ɖa le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã.”

Ne taɖodzinu si ta nèdi be yeazɔ mɔ ayi duta enye be yeadzo le dzilawo ƒe mɔxenuwo te la, ekema anɔ eme be èle “vɔ̃” dim na ɖokuiwò. Èɖo ŋku Yesu ƒe lododo si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu la dzia? Eku ɖe ɖekakpui aɖe si edze ƒã be etsɔ ɖokuitɔdidi zɔ mɔ yi duta, be yeakpɔ ablɔɖe geɖe la ŋu. Gake eteƒe medidi o, vɔ̃ va tui, dɔ va nɔ ewum, eɖo ko, eye wòdze dɔ le gbɔgbɔme.—Luka 15:11-16.

Azɔ ame aɖewo hã dina be yewoazɔ mɔ le esi wodi be yewoasi le kuxiwo nu le aƒeme ta. Gake abe alesi Heike Berg ŋlɔe ɖe eƒe agbalẽ si nye What’s Up me ene la, “nenye esi dzi medzɔa wò o ta koe nèdi be yeadzo . . . eye nèsusu be nusianu anyo wu le afi bubu la,—ke èble ɖokuiwò!” Le nyateƒe me la, anyo wu be nàkpe akɔ kple kuxiwo aɖu wo dzi. Viɖe aɖeke manɔ eme be míasi le nɔnɔme siwo medze mía ŋu o la nu o.

Taɖodzinu bubu siwo me afɔku le enye ŋukeklẽ kple ŋutilãmenudidi. Esi sɔhɛ geɖe di be yewoazu hotɔwo ta la, wova nɔa ebum vodadatɔe be agbe le edzi dzem na amewo le dukɔ deŋgɔwo me ale gbegbe. Ame aɖewo susuna be Ɣetoɖoƒedukɔwo me tɔwo katã nye hotɔwo. Gake menye nyateƒe kura o. Ne sɔhɛ geɖe zɔ mɔ megbe la, wova kpɔnɛ be yewole dzronyigba dzi, eye wonɔa dagbadagbam hafi akpɔ woƒe nuhiahiãwo. * Biblia xlɔ̃ nu be: “Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:10.

Èsu Tea?

Nu bubu li si ŋu wòle be nàbu: Ètsi ŋutɔŋutɔ ale be nàte ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme sesẽwo, kuxi, kple masɔmasɔ siwo ado mo ɖa le duta? Ðewohĩ ahiã be nànɔ xɔme kple ame aɖe alo anɔ ƒome bubu aɖe gbɔ eye nàtrɔ ɖe woƒe ɖoɖowo nu. Eyata aleke mia kple wò ƒometɔwo dome kadodowo le fifia? Ðe dziwòlawo toa nyatoƒoe be mèsea nu gɔme o eye nènye ɖokuiŋudzela? Ðe nètiaa nuɖuɖu mea? Ðe nèlɔ̃na faa wɔa wò aƒemedɔwoa? Ne esiawo wɔwɔ sesẽna na wò fifia la, ekema bu alesi gbegbe wòasesẽ na wò le dzronyigba dzi ŋu kpɔ!

Ne Kristotɔe nènye la, ɖe nàte ŋu akpɔtɔ alé wò gbɔgbɔmemenyenye me ɖe asia? Alo ɖe wòhiãna be dziwòlawo nanɔ ŋku ɖom edzi na wò ɖaa be nàgagblẽ Biblia sɔsrɔ̃, Kristotɔwo ƒe kpekpewo, kple gbeƒãɖeɖedɔa ɖi oa? Ðe nàsẽ ŋu le gbɔgbɔme ale be nàte ŋu anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu kple tetekpɔ siwo nàdo goe le duta siwo màdo goe le mia de o la nua? Ŋkeke gbãtɔ si sɔhɛ Kristotɔ aɖe yi suku le duta la, wogblɔ afisi wòate ŋu akpɔ atikevɔ̃ɖi manɔsenuwo le nɛ. Emegbe eƒe sukuhati si nye nyɔnuvi va bia be yeado kplii. Le wo de la, medzɔna gbeɖe be nyɔnuvi nadi ŋutsu nenema o. Afrikatɔ sɔhɛ aɖe si ʋu yi Europa hã gblɔ be: “Le mía de la, màkpɔ agbegbegblẽnɔnɔ ƒe fotowo le dutoƒo gbeɖe o. Gake le afisia la, wobɔ.” Mɔzɔzɔ ayi duta ate ŋu ana woagbɔdzɔ le gbɔgbɔme ne amea ‘mele tsitre sesĩe le xɔse me o.’—Petro I, 5:9.

Ku Nu Me!

Hafi nàzɔ mɔ la, ehiã be nàku nusianu me. Mèganɔ te ɖe nusiwo amewo se gblɔ ko dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ne èdi be yeakpɔ gome le ɖoɖo si me sukuviwo ɖɔa li wo nɔewo yia suku le ame kemɛa de me la, ho nenie wòabia? Ðewohĩ awɔ moyaa na wò be zi geɖe la, ebia ga dɔlar akpe geɖe. Ehiã hã be nàku nu me nenye be wodea bubu hehe si nàva xɔ la ŋu le mia de. Azɔ hã di nyatakaka geɖe alesi nàte ŋui ku ɖe dukɔa ŋu—eƒe sewo, dekɔnu kple kɔnuwo. Ga gbegblẽ kawoe le afima nɔnɔ me? Adzɔ kawoe wòahiã be nàxe? Ðe lãmesẽfɔku aɖewo li siwo ŋu wòle be nàbua? Akpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu kple amesiwo nɔ afima ŋutɔŋutɔ kpɔ.

Azɔ xɔdidi ƒe nyawo hã li. Zi geɖe la, dzila siwo gbɔ sukuviwo va dzena le duta mebiana be woaxe fe o. Ke hã amesiwo medea bubu Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o gbɔ nɔnɔ ate ŋu ahe xaxa kple nuxaxa geɖe vɛ. Ðewohĩ xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo gbɔ nɔnɔ anyo wu. Gake kpɔ nyuie be nàgava zu agba na wo o—ne woƒoe ɖe nuwò be nànɔ anyi gɔ̃ hã. Esia ate ŋu ade abi alo agblẽ mia kple wo ƒe ƒomedodo me gɔ̃ hã.—Lododowo 25:17.

Ne èdi be yeanɔ dɔ wɔm esi yele duta la, megaŋlɔ wò Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi si bia be nàde bubu xexeame dziɖuɖuwo ŋu la be o. (Romatɔwo 13:1-7) Ðe se ɖe mɔ be nàwɔ dɔ le dukɔ ma mea? Ne mɔɖeɖe li la, ke le nɔnɔme kawo me? Ne èwɔ dɔ esi se meɖe mɔ na wò o la, ate ŋu ana tenɔnɔ nyui maganɔ asiwò be yenye Kristotɔ anukwareɖila o eye màgadze na ametakpɔɖoɖowo, abe nugblẽfexexe ne afɔku dzɔ ɖe dziwò ene o. Ne se ɖe mɔ be nàwɔ dɔ gɔ̃ hã la, ahiã be nàɖɔ ŋu ɖo ahadze aɖaŋu. (Lododowo 14:15) Zi geɖe la, dɔtɔ maɖɔʋuwo baa amedzrowo.

Nyametsotsowɔwɔ

Eme kɔ ƒã be nya gã aɖee wònye be woatso nya me be woaʋu ayi duta—eye mele be woabui nu tsɛe o. Mia kple dziwòlawo minɔ anyi ne miade ŋugble le viɖe siwo miakpɔ mɔ na kple afɔku siwo ate ŋu ado mo ɖa ŋu. Dze agbagba be didi si le mewò nagavu tsyɔ wò nugɔmesese dzi o. Ði anukware na ɖokuiwò ne èle tame bum le wò taɖodzinuwo ŋu. Ðo to dziwòlawo nyuie. Ne èbu eŋu kpɔ la, woakpɔtɔ anye dziwòlawo, ne ègale adzɔge tso wo gbɔ kilometa alafa nanewo gɔ̃ hã. Anɔ eme be àhiã woƒe gakpekpeɖeŋu be nàte ŋu anɔ agbe.

Ðewohĩ ne ède ŋugble le nusiawo katã ŋu vɔ la, adze na wò be nunya manɔ eme be nàzɔ mɔa—ɖewohĩ fifia o. Ðewohĩ esia aɖe dzi le ƒowò, gake nu dodzidzɔname bubu geɖewo li nàte ŋu awɔ. Le kpɔɖeŋu me, èbu tame le teƒe dodzidzɔname siwo nàte ŋu ava srã kpɔ le wò ŋutɔ wò dukɔa me ŋua? Alo nukata màdze dutagbe aɖe sɔsrɔ̃ gɔme fifia o? Ðewohĩ le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mɔnukpɔkpɔ aʋu be nàzɔ mɔ ayi duta.

Ke ne ètso nya me be yeazɔ mɔa ɖe? Nyati aɖe si ava emegbe adzro alesi nàte ŋu awɔ anɔ duta akpɔ dzidzedze la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Kpɔ nyati si nye “Nusi Ʋuʋu Yi Afisi Kesinɔnu Bɔ ɖo Biana la Ŋu Bubu,” si dze le April 1, 1991, ƒe Gbetakpɔxɔ, si Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ta me.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Sɔhɛ aɖewo zɔa mɔ be yewoado Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ƒo nu kple dziwòlawo ku ɖe viɖe kple afɔku siwo ate ŋu anɔ mɔzɔzɔ me ŋu