Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aspirin Zazã Gbesiagbe—Enyo alo Menyo O?

Aspirin Zazã Gbesiagbe—Enyo alo Menyo O?

Aspirin Zazã Gbesiagbe—Enyo alo Menyo O?

Nya siwo gbɔna la nye alesi ɖɔkta aɖe ɖɔ agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖee. Nusia ɖe kuxi aɖe si bɔ si ŋu ame geɖe faa konyi le la fia.

ƑOMEA me tɔwo katã tsi dzodzodzoe. Fifia ɖɔktaa gɔ̃ hã va tsi dzodzodzoe. Ðɔktaa gblɔ be: “Ne eƒe ʋua ƒe ɖuɖu le eŋu nu metso kaba o la, abia be míado ʋu nɛ.”

Ŋutsua ƒe dɔkavi va nɔ ʋu ɖuɖum kwasiɖa geɖe eye esia na ʋu nɔ vɔvɔm le lãme nɛ vivivi, eye wokpɔe be dɔgbomebie nɔ fu ɖem nɛ. Ðɔkta sia si tɔtɔ bia be: “Èka ɖe edzi be yemele atike aɖeke zãm oa?”

Ŋutsua gblɔ be: “Ao. Negbe atike bɔbɔ sia koe mezãna le nye ƒunukpeƒetetedɔ ta.”

Enumake ɖɔktaa ke to nyuie wu. Eye wògblɔ be, “makpɔe ɖa.” Esi wòlé ŋku ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe goa ŋu be woawoe wotsɔ wɔ atikeae ŋuti nyuie la, eke ɖe nusi dim wònɔ la ŋu. Acetylsalicylic acid (si me koŋ woɖe vevesesenutsitike si nye aspirin tsoe)! Wokpɔ ta na kuxia mlɔeba. Esi dɔnɔa dzudzɔ aspirin la mimi eye wona iron (si nye nunyiamenatike si me gayibɔ le) kple abiwuledɔmetikee la, ʋua ƒe ɖuɖu tɔ te eye eƒe ʋumenugbagbevidzĩwo dzi ɖe edzi vivivi va ɖo eƒe nɔnɔ.

Ʋuɖuɖuleameŋu si Tso Atikezazã Gbɔ

Le nyateƒe me la, dɔgbo kple dɔkavi me ƒe ʋuɖuɖu si tso atikezazã gbɔ nye kuxi gã aɖe le dɔdada me egbea. Togbɔ be ate ŋu atso atike vovovowo zazã gbɔ hã la, kuxi mawo ƒe akpa gãtɔ tsoa ƒunukpeƒetetedɔ kple vevesese nutsitikewo koŋ zazã gbɔ. Atike hatsotso si woyɔna be nonsteroidal anti-inflammatory drugs, alo kpuie ko be NSAIDS, hã le wo dome. Woƒe ŋkɔwo ate ŋu ato vovo le dukɔ vovovo me.

Aspirin le atike bɔbɔ siwo li la dome, eye ame ɖekaɖekawo ƒe aspirin zazã gbesiagbe dzi ɖe edzi le ƒe siawo me. Nukatae?

Vividodo Ðe Aspirin Ŋu

Le ƒe 1995 me la, Harvard Health Letter ka nya ta be “aspirin mimi gbesiagbe xɔa ame ɖe agbe.” Esi numekulaawo yɔ numekuku geɖe siwo wowɔ le xexeame katã, si wogbugbɔ wɔ zi geɖe tso ɣemaɣi vɔ megbe la, woƒo nya ta be: “Ele be amesiwo dzidɔ loo tutudɔ, alo akɔtave ɖe fu na kpɔ, alo amesiwo wowɔ dɔ na eye wotrɔ woƒe dziŋutiʋuka ƒe ʋusiƒe la katã kloe nanɔ aspirin-tikekui afã va ɖo ɖeka mim gbesiagbe negbe ɖe atikea menyo na wo o.” *

Numekula bubuwo gblɔ be aspirin mimi gbesiagbe ade ŋutsu siwo xɔ wu ƒe 50 siwo dzidɔ ate ŋu aɖe fu na kple nyɔnu siwo wòate ŋu aɖe fu na bɔbɔe siaa dzi. Gakpe ɖe eŋu la, numekuku aɖewo fia be aspirin mimi gbesiagbe ate ŋu aɖe alesi wòate ŋu adzɔ be kansa naɖe fu na dɔgbomedɔkagãe la dzi akpɔtɔ eye be aspirin mimi sɔgbɔ ɣeyiɣi didi ate ŋu aɖe sukli agbɔsɔsɔme si le suklidɔlélawo ƒe ʋu me dzi akpɔtɔ.

Aleke aspirin wɔa dɔe be wòate ŋu ahe viɖe siawo siwo gblɔm wole la vɛ? Togbɔ be womenya nusianu le alesi wòwɔa dɔe ŋu o hã la, kpeɖodziwo ɖee fia be aspirin wɔnɛ be ʋumenugbagbevi gbabɛ siwo naa ʋu blana ƒe léle ɖe wo nɔewo ŋu dzi ɖena kpɔtɔ, eye esia xea mɔ ɖe ʋu ƒe babla ɖe lãme na ame nu. Wosusui be esia wɔnɛ be ʋuka sue siwo yi dzia kple ahɔhɔ̃a gbɔ me mexena o, to mɔ sia dzi la, nu megblẽna le ŋutinu veviwo ŋu o.

Esi wogblɔ be viɖe siawo gbegbe le aspirin ŋu ɖe, nukatae amesiame mazãe o? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be nu geɖe kpɔtɔ li siwo womenya le eŋu o. Womekpɔ kpeɖodzi gobi aɖeke na agbɔsɔsɔme si sɔ be woazã gɔ̃ hã o. Agbɔsɔsɔme vovovo siwo wokafuna be woazãe nye eƒe atikekui si melolo akpa o ɖeka mimi zi eve gbeɖeka va ɖo suetɔ kekeake si nye esi wowɔ na ɖeviwo ƒe ɖeka mimi zi ɖeka le ŋkeke etɔ̃ ɖesiaɖe gbe. Ðe wòle be agbɔsɔsɔme si nyɔnuwo nazã nato vovo na ŋutsuwo tɔa? Ðɔktawo meɖo kpe edzi o. Togbɔ be wobui le mɔ aɖewo nu be aspirin-tikekuiwo ade ame dzi hã la, viɖe si le eƒe tsi tɔa ŋu kpɔtɔ nye nusi ŋu woʋlia nya le.

Susu Siwo Ta Wòle Be Woaɖɔ Ŋu Ðo

Togbɔ be ne míagblɔe tututu la, dzɔdzɔmenuwo mee woɖe aspirin tsoe—ati aɖe ƒe akpa mee Amerika Indiatɔwo ɖea nusi wotsɔ wɔnɛ tsoe—hã la, nusiwo ezazã gblẽna le ame ŋu sɔ gbɔ. Le alesi aspirin naa ʋu ɖuɖuna le ame aɖewo ŋui megbe la, kuxi gbogbo bubu siwo wòagate ŋu ahe vɛ li, siwo ƒe ɖee nye alesi wògblẽa nu le amesiwo ezazã menyo na kura o ŋu vevie. Eme kɔ ƒã be menye amewo katãe aspirin mimi gbesiagbe nyo na o.

Gake anyo be amesi dzi dzidɔ alo tutudɔ ate ŋu adze bɔbɔe alo amesi ŋu dɔ siawo le, nabia eƒe ɖɔkta anya kuxi kple viɖe siwo aspirin mimi gbesiagbe ate ŋu ahe vɛ nɛ. Le nyateƒe me la, ele be dɔnɔa nakpɔ nyuie be ʋu meɖuɖuna le ye ŋu o, yemenye amesi ŋu aspirin gblẽa nu le o, eye dɔmeɖui alo dɔgbo kple dɔkavi me dɔ aɖeke mele ye ŋu o. Ele be wòadzro kuxi bubu siwo ate ŋu ado mo ɖa alo atike siwo zãm wòle la me kple ɖɔktaa do ŋgɔ na ezazã.

Abe alesi míegblɔe va yi ene la, aspirin kple atike siwo wɔa dɔ abe aspirin ene ate ŋu ana ʋu naɖuɖu le ame ŋu. Eye ʋuɖuɖuleameŋu sia ate ŋu aflu ame, womakpɔe adze sii kaba o, eye eƒe agbɔsɔsɔme nanɔ ŋgɔ yim vivivi ɣeyiɣi didi. Ehiã be woabu atike bubuwo zazã hã ŋu le ŋuɖɔɖɔɖo me, vevietɔ vevesesenutsitike bubuwo. Ne èle wo dometɔ aɖe zãm la, kpɔ egbɔ be yegblɔe na yeƒe ɖɔkta. Zi geɖe la, nunya anɔ eme be nàdzudzɔ wo zazã do ŋgɔ na ɣeyiɣi si woawɔ dɔ na wò. Ðewohĩ kɔdzi dede edziedzi ava nɔ wò ʋu dom kpɔ ade dziwò.

Ne míedi be míakpɔ mía ɖokui ta tso kuxi siwo ate ŋu ado mo ɖa le etsɔme si me la, ele be míawɔ ɖe Biblia ƒe lododo sia dzi, be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Le atikewɔnya sia me la, mina míanye nunyalawo be míagade míaƒe agbe afɔku me o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Nyɔ! mekafua atikewɔmɔnu aɖe koŋ na ame o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 30, 31]

Amesiwo Ate Ŋu Abu Aspirin Mimi Gbesiagbe Ŋu

● Amesiwo dzidɔ si tso dziŋuʋuka me xexe gbɔ le fu ɖem na alo woƒe ʋuka gã siwo to woƒe kɔme me mia.

● Amesiwo tutudɔ (si tso ʋukɔ ƒe ʋuka me xexe gbɔ) ɖe fu na kpɔ, alo woƒe ʋukawo me xena enuenu si wɔnɛ be ʋu megasina nyuie o (si nye tutudɔ ƒomevi aɖe si dzea ame dzi ɣeyiɣi kpui aɖe wogahayana).

● Ŋutsu siwo xɔ wu ƒe 50 eye nusiawo siwo yɔ ge míala siwo dea dɔ míaƒe dzi kple ʋukawo ŋu dometɔ ɖeka alo esi wu nenema le fu ɖem na: atamanono, ʋusɔgbɔdɔ, suklidɔ, ʋumemi agbɔsɔsɔme si wòle be wòanɔ ʋu me ƒe dzi yiyi, ʋumemi si nye HDL (high-density lipoprotein) ƒe agbɔmasɔmasɔ ɖe lãme na ame, lolo akpa, ahatsunono, ne dzidɔ alo tutudɔ dzea ƒome si me wotso me tɔwo dzi kaba (doa ŋgɔ na ƒe 55 xɔxɔ), kple teƒeɖekanɔnɔ.

● Nyɔnu siwo xɔ wu ƒe 50 eye nusiwo míeyɔ siwo dea dɔ dzi kple ʋukawo ŋu dometɔ eve alo esi wu nenema le fu ɖem na.

Anyo be nàbia wò ɖɔkta hafi awɔ nyametsotso aɖe le nya siawo ŋu.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyawo Tsoƒe: Consumer Reports on Health