Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esi Ahom la Tu Vɔ—Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Wowɔ Le France

Esi Ahom la Tu Vɔ—Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Wowɔ Le France

Esi Ahom la Tu Vɔ—Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Wowɔ Le France

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE FRANCE GBƆ

FRANÇOISE ʋu ʋɔa be yeafɔ nake na dzododo. Egblɔ be: “Nusi mekpɔ la wɔ mo yaa nam ŋutɔ. Tsi ɖɔ va ɖo ʋɔtrua nu, eye wònɔ sisim bababa to megbeʋɔtrua nu gbɔna.” Srɔ̃aŋutsu Thierry zɔ to tsi si va ɖo eƒe kɔme la me va tsɔ aŋutsrɔe tso ʋudaɖoƒea. Ƒomea te ŋu ɖo xɔa ƒe dzisasrã gbɔ, eye Thierry ŋɔ xɔa tame. Srɔ̃tɔawo kple wo vi etɔ̃ siwo ƒo tsi eye vɔvɔ̃ ɖo wo la lala gaƒoƒo geɖe be woava xɔ na yewo. Mlɔeba Franse kpovitɔwo ƒe helikɔpta aɖe kpɔ wo eye woda ka ɖe wo hekɔ wo yi dedienɔƒee.

Tsi gã siwo dza la na tɔwo ɖɔ gbagba hegba anyikpo siwo woɖo ɖe wo ŋu eye wogblẽ tɔdzisasrãwo. Tsi ƒoɖi si yi dzi wu meta 10 la si bababa kplɔ nusianu si wòlɔ la dzoe. Ahom la wu amesiwo wu 30—wotsi woƒe ʋuwo me alo wonɔ alɔ̃ me tsia va ɖe wo. Ame aɖe si woxɔ na tsɔ November ƒe zã dziŋɔ la sɔ kple “nuwuwua.” Woɖe gbeƒã be France ƒe anyieheɣetoɖoƒe bliboa katã—si me du kple kɔƒe 329 nɔ—enye afɔkuteƒe.

Nu Dziŋɔwo Wu Gale Ŋgɔ

Womeɖɔ nuwo ɖo le anyieheɣetoɖoƒe nutoa me vɔ hafi afɔku bubu gadzɔ o. Ya sesẽ aɖe ƒo le Atlantic-ƒua dzi si na ahom sesẽ aɖe tu. Ya sesẽ gbãtɔa ƒo to France ƒe dziehe gome le December 26, 1999, dzi, eye evelia gblẽ nuwo le anyiehe gome le zã si kplɔe ɖo me. Yaƒoƒo la ƒe ablaɖeɖe si wolé ɖie nye kilometa 200 le gaƒoƒo ɖeka me. Le dukɔa ƒe nuŋlɔɖiwo nu la, ne mede ɖeke o la, ne wobui tso ƒe alafa 17 lia me ya teti la, ahom ma ƒomevi megadzɔ le France kpɔ o.

Dzinu enyi ƒe fu nɔ Hélène ƒo esime ahom la tu. Eɖo ŋku edzi be: “Dzidzi ƒom ale gbegbe. Srɔ̃nyeŋutsu nɔ eƒe dzokeke dzi gbɔna aƒeme, eye mekpɔ ahom la kɔ atilɔwo ɖe yame le afisiafi. Vɔvɔ̃ ɖom eye mesusu be manɔ agbe akpɔ eƒe vidzĩ la o. Srɔ̃nye va ɖo aƒea me teti koe tsi te míaƒe aƒea ɖeɖe. Eva hiã be míadzo to fesre nu.”

Ame 90 ya teti ku le France. Tsie ɖe ame aɖewo eye xɔgbanu, dzudzɔdotoƒe, alo ati siwo ge tso yame dze ame bubuwo dzi woku. Nuvevi wɔ ame alafa bubuwo vevie, eye dumevi dzrowo kple asrafo siwo nɔ kpekpem ɖe amewo ŋu hã nɔ eme. Ahom la gblẽ nu le dukɔ siwo nɔ nutoa me hã me, hewu ame 40 le Britain, Germany, Spain, kple Switzerland.

Emegbe

Le France ƒe Nutowo me dziɖuɖudɔwɔƒe 96-awo dome la, dziɖuɖua ɖe gbeƒã tso wo dometɔ 69 ŋu be wonye “dzɔdzɔmefɔkuteƒewo.” Wobu akɔnta be nusiwo gblẽ la ƒe home ade franc biliɔn 70 (dɔlar biliɔn 11). Duwo, kɔƒewo, kple melidzeƒe siwo gbã la na eteƒekpɔlawo ɖo ŋku aʋawɔteƒewo dzi. Atiwo kple ati siwo ŋu wohe elektrik-kawo ɖo mu xe mɔwo kple ketekemɔwo dzi. Xɔgbanuwo klo le xɔwo tame, xɔtumɔ̃ siwo wotsɔ kɔa nu kpekpewo yia yamee mu, eye ahom la nyama tɔdziʋuwo va ɖo godzi. Seƒoƒositsala geɖe ƒe dɔwɔɖui gblẽ esime seƒoƒoze siwo me wovia seƒoƒowo ɖo kple abɔmetiwo dome gblẽ.

Le gaƒoƒo vɛ aɖewo ko me la, ya la gblẽ nu geɖe le France ƒe avewo kple abɔwo me, heɖi gbɔlo avenyigba si ade agbleka akpe alafa nanewo keŋkeŋ. Le France Dukɔa ƒe Avewo Ŋutidɔwɔƒe ƒe nya nu la, ahom la tsrɔ̃ ati siwo ade miliɔn 300. Ahom la ho ati gã siwo xɔ ƒe alafa nanewo alo woŋe bɔbɔe abe matsesitiwo ene. Yaƒoƒo la mu ati geɖe le Aquitaine kple Lorraine veawo me.

Bernard, si nye Yehowa Ðasefo si nye aveŋudzɔla gblɔ be: “Le ahom la ƒe ŋufɔke la, meyi avea me. Ewɔ nuku ŋutɔ. Ne èkpɔ eteƒe la, awɔ dɔ ɖe dziwò godoo! Le afisia la, avea mee hamea me tɔ 80 le alafa me kpɔa woƒe dɔwɔɖui le. Dzidzi ƒo amewo ale gbegbe, vevietɔ ame tsitsiwo.” Ati 10,000 mu le Versailles Fiasã ƒe abɔawo me. Abɔmedɔwɔlawo ƒe amegã ɖeka xa nu be: “Axɔ ƒe alafa eve hafi abɔa nagaɖo eƒe nɔnɔ.”

Ati siwo ŋu wohe elektrik-kawo ɖo mu, eye Francetɔwo memama ade ƒe akpa ɖeka tsi viviti me. Togbɔ be hadomedɔwɔƒewo dze agbagba vevie hã la, ame akpe nanewo mete ŋu kpɔ elektrik-ŋusẽ azã o, eye woƒe telefon hã mewɔ dɔ o hena kwasiɖa eve le ahom la megbe. Kɔƒe sue aɖewo ya tsi eme kura si womate ŋu aɖo wo gbɔ o. Ƒome siwo wòva zu dzizizi na be woaku tsi tso vudowo me ahasi bosomikaɖi se le wo ɖokui me abe ƒe alafa ɖeka si va yi mee wonɔ ene tsɔ wu be wòanye ƒe alafa 21 lia ƒe agbo nu!

Ahom la megblẽ duxɔwo, mɔwo, alo sɔlemexɔwo gɔ̃ hã ɖi o. Tadeaguƒe geɖe, si me Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata 15 hã nɔ la gbã. Le teƒe aɖewo la, wozãa bosomikaɖiwo alo wosia gomekaɖiwo tsɔ kpena ɖe eŋu.

Ahom la gblẽ nu le Yehowa Ðasefo siwo ade 2,000 ƒe nunɔamesiwo ŋu, eye nusiwo gbɔ wòtsoe nye ati siwo mu gblẽ nu, alo xɔgbanu siwo gblẽ esime tɔwo ɖɔ gbagba va ɖe aƒewo. Nuvevi wɔ Ðasefo geɖe. Nublanuitɔe le Charente nutoa me la, tsi lé Ðasefo aɖe si xɔ ƒe 77, eye srɔ̃anyɔnu nɔ ekpɔm evɔ naneke meli wòate ŋu awɔ o. Ame bubuwo de kuku ge kloe. Gilbert, si xɔ ƒe 70 ɖo ŋku edzi be: “Nukunu koe wònye be nyemeku o. Ʋɔtru la ʋu zi ɖeka, eye tsia va xɔa me ŋusẽtɔe. Kasia tsia ɖɔ va ɖo meta ɖeka kple afã. Ðe meku ɖe nye tsitrenuɖaka ŋu goŋgoŋ hafi te ŋu tsi agbe.

Kpekpeɖeŋu si Hiã Nana

Ahom la na ame geɖe ɖe lɔlɔ̃ fia le France kple Europa katã wòwɔ nuku ale gbegbe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Midi libre gblɔ be: “Edzɔna ɣeaɖewoɣi be dɔmenyowɔwɔ va nyea dzizizi kloe, woɖawɔe le ameɖokuisi, le xɔlɔ̃wɔwɔ ta, alo le dzitsinya ta o.”

Le ahom la megbe teti la, woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋunakɔmitiwo be woakpe ɖe hame siwo nɔ afima me tɔwo kple ame bubu siwo ŋu afɔkua gblẽ nu le ŋu. Nutoa me Xɔtukɔmiti siwo ƒe dɔ koŋue nye Fiaɖuƒe Akpata tutu la ɖo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖe hatsotsowo me. Le November ƒe ahom si tu le anyieheɣetoɖoƒe megbe la, Ðasefo 3,000 kpɔ gome le kpekpeɖeŋunana kple teƒeawo dzadzraɖo dɔwo me, eye wokpe ɖe amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ŋu be woaha ba kple tsi siwo va ɖe woƒe aƒewo la ɖa. Ðasefowo nɔ ame gbãtɔ siwo tsɔ wo ɖokui na faa va ɖo kɔƒe aɖewo me la dome. Ðasefoawo dzra hadomexɔwo, abe sukuwo, posudɔwɔƒewo, dutakpexɔwo, ame tsitsiwo ƒe nɔƒewo, kple ameɖibɔwo gɔ̃ hã ene me ɖo. Le go geɖe me la, wowɔ dɔ aduadu kple kpekpeɖeŋunahawo.

Wokpe ɖe amesiame ŋu, eɖanye subɔsubɔdzixɔse kawoe le wo si o. Ðasefo aɖe gblɔ be: “Míekpe ɖe nunɔla si nɔ kɔƒea me ŋu. Míeha ba le eƒe aƒe ŋu.” Egblɔ le ame bubu siwo ŋu Ðasefoawo kpe ɖo ŋu be: “Amewo nɔ mía kpɔm abe dziƒoe míetso va be míakpe ɖe wo ŋu ene.” Dumegã aɖe gblɔ be: “Àte ŋu abu nusia be enye woƒe Nyanyuiawo xexlẽ kple kpekpe ɖe wo haviwo ŋu ɖeɖefia. Mesusu be amesiwo va la nɔa agbe ɖe Nyanyuia kple woƒe subɔsubɔ nu.” Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe gblɔ be: “Wò dzi aʋa wò be nàva ana kpekpeɖeŋu alea. Dzidzɔ ŋutɔe wònye be míate ŋu awɔ nane na mía haviwo.”

Le ahom eve siwo tu le December me megbe la, kadodo aɖeke meva nɔ Ðasefowo ƒe ƒome gbogbo aɖewo kple wo nɔvi Kristotɔwo dome o hena ŋkeke geɖe. Woƒo kpekpeɖeŋunuwo nu ƒu le dzikpɔla mɔzɔlawo kple hamemegãwo ƒe dzikpɔkpɔ te. Ɣeaɖewoɣi la, mɔ siwo dzi xe kple telefonwo ƒe dɔmawɔmawɔ wɔe be womete ŋu ɖo xɔlɔ̃ siwo gbɔ didi anɔ kilometa ʋɛ aɖewo ko gbɔ o. Be Ðasefoawo nakpe ɖe hamea me tɔ siwo sa ɖe aga ŋu la, wo dometɔ aɖewo zɔ afɔ alo do gasɔ to ave siwo tsrɔ̃ me, togbɔ be afɔku li ŋutɔ be ati ate ŋu amu adze wo dzi hã. Le ɣeyiɣi sia me hã la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔ dɔ vevie dzra sukuwo, agbalẽdzraɖoƒewo, ƒuƒoƒewo, kple wo haviwo ƒe aƒewo ɖo eye wolã atiwo le aveme mɔwo dzi.

Lɔlɔ̃ “Ðeɖefia”

Amesiwo ŋu afɔkuawo gblẽ nu le, vevietɔ ɖeviwo kple ame tsitsiwo ƒe susu tɔtɔ ale gbegbe. Amesiwo ƒe aƒe gblẽ, alo lɔlɔ̃tɔ aɖe ku la ahiã ɣeyiɣi geɖe kple ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo ƒe kpekpeɖeŋu be woagbugbɔ woƒe agbe aɖɔ ɖo. Le tsiɖɔɖɔ si va Aude nutoa me megbe la, Ðk. Gabriel Cottin, si tso susumedɔléle ŋuti tike kpatawo wɔƒe aɖe gblɔ be: “Kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si subɔsubɔha ɖeka me tɔ ana ehavi si ŋu nu gblẽ le la wɔa dɔ ale gbegbe.”

Yehowa Ðasefowo bua kpekpeɖeŋu mawo ƒomevi nana be enye dzɔdzɔme kple Ŋɔŋlɔawo me nudidi. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mamã aɖeke naganɔ [Kristotɔwo ƒe ha vavã la] me o, ke ŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe boŋ. Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti.”—Korintotɔwo I, 12:25, 26.

Hélène, si míeyɔ va yi, si dzi vinyɔnuvi nyui aɖe fifia gblɔ be: “Le gaƒoƒo siwo kplɔ ahom la ɖo me la, Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe va míaƒe aƒeme va dzra teƒea ɖo. Ðasefo siwo ŋu ahom la gblẽ nu le gɔ̃ hã va na kpekpeɖeŋu. Woƒe kpekpeɖeŋua wɔ dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe—wowɔe le wo ɖokui si tso dzi me!”

Odette, si ƒe aƒe gbã le tsiɖɔɖɔa me gblɔ le hati Ðasefowo ŋu be: “Wofa akɔ nam ŋutɔ. Màte ŋu aɖe wò seselelãme agblɔ o. Nusiwo katã wowɔ nam la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Ame bubu ɖe ame geɖe ƒe seselelãme gblɔ esi wòɖee gblɔ be: “Lɔlɔ̃ ƒo xlã mí vavã!”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20, 21]

“ƑUTSOTSOE YIBƆ”

Le December ƒe domedome, hafi ahom la natu teti la, amitsɔmeli gã si woyɔna be Erika nyrɔ ɖe atsiaƒu me anɔ kilometa 50 tso France ƒe anyieheƒuta, eye ami si ƒe agbɔsɔsɔme anɔ ton 10,000 kɔ ɖe tsia me. Ewɔe be tsiawo ƒo ɖi ade kilometa 400, tso Brittany va ɖo Vendée ƒuta. Ahom la va dzi afɔku sia ƒe nugbegblẽ le nutoa me ɖe edzi esi wòna amia bla suesuesue ɖe tsiawo me, eye wòkaka ɖiƒoƒoa, si wɔe be wòva sesẽ be woaɖe wo le tsia me. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla akpe geɖe, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa tso France ƒe akpa ɖesiaɖe va be yewoakpe asi ɖe eŋu woaɖe ami gblẽnu sia le kpeawo ŋu kple kea me.

Afɔkua gblẽ nu vevie le yame kple nugbagbe siwo le atsiaƒu me ŋu. Egblẽ nu geɖe le dɔwɔƒe siwo dzraa fɔlĩ kple gomelãwo ŋu ŋutɔ. Le xeviŋutinunyalawo ƒe nya nu la, ne mede ɖeke o la, ƒutaxevi 400,000 ya teti—tsalɛwo, dayi, gbekpakpaxewo, kple vevietɔ atsiaƒu me hɔnɛwo—ku. Xexlẽme ma de esiwo ku esime amitsɔʋu si nye Amoco Cadiz, nyrɔ le teƒe si didi tso Brittany-ƒuta le March 1978 me la teƒe ewo. England, Ireland, kple Scotland, ye xeviawo dometɔ geɖe tso va France ƒe ƒutawo le vuvɔŋɔlia me. Rochefort Xeviwo Takpɔha ƒe amegã gblɔ be: “Enye mɔ̃memi si gbagba ɖe tsi dzi si gblẽ nu ŋutɔ. Eyae nye vɔ̃ɖitɔ kekeake kura si míekpɔ kpɔ. . . . Míele vɔvɔ̃m be ŋusẽ avɔ le xevi siwo mebɔ o ŋu alo woavɔ kura gɔ̃ hã le France ƒe ƒutawo.”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© La Marine Nationale, France

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Wozã helikɔpta tsɔ ɖe ame geɖe abe alesi wòdze le Cuxac d’Aude afisia ene

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

B.I.M.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ketekemɔ sia si to weingble si tsrɔ̃ me la meganyo woazã o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

B.I.M.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ʋu alafa nane siwo gbã kaka ɖe afisiafi

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Le Villedaigne la, ahom la sika ŋutsu sia gaƒoƒo adre

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

J.-M Colombier

[Nɔnɔmetata si le axa 18, 19]

Pine tiwo ŋe abe matsesitiwo ene le Creuse dɔwɔƒea

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Chareyton/La Montagne/MAXPPP

[Nɔnɔmetata si le axa 18, 19]

Le Versailles Fiasã ƒe abɔwo ɖeɖe me la, ati 10,000 mu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Charles Platiau/Reuters/MAXPPP

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ŋufɔke le Saint-Pierre-sur-Dives, Normandy

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© M. Daniau/AFP

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Yehowa Ðasefowo ƒe hatsotsowo le ame tsitsiwo ƒe aƒe aɖe dzram ɖo le La Redorte (etame) dutakpexɔ le Raissac d’Aude (ɖusime)