Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ko Alɔgbɔnu—Eɖea Vi na Wò!

Ko Alɔgbɔnu—Eɖea Vi na Wò!

Ko Alɔgbɔnu—Eɖea Vi na Wò!

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE JAPAN GBƆ

NE ETSO dzi me la, ewɔnɛ be vɔ̃bubuɖeameŋu ƒe seselelãme sẽŋu nu yina. Eɖea nazãbubu si wonɔa kɔ lim ƒe geɖe ɖa. Ebɔbɔa dzi siwo ku atri le dzimaxɔse kple kakaɖedzimanɔamesi ta me. Ehea gbɔdzɔe kple dzidzɔ vɛ na ame geɖe. Egblɔna na ame be, “Mese eme. Mègatsi dzi o.” Egblɔna na amewo be, “mekpɔ be míate ŋu adze xɔ̃.” Ke nukae nye nu vevi sia? Eyae nye alɔgbɔnukoko. Ate ŋu anye WÒ alɔgbɔnukoko.

Nukae nye alɔgbɔnukoko? Nyagɔmeɖegbalẽwo lɔ̃a alɔgbɔnukoko gɔmeɖeɖe be enye ‘moɖoɖo le mɔ si wɔnɛ be nuyi ƒe dzogoewo xana yia dzi vie, si ɖea nu ƒe kokoeɖiɖiname, nu ƒe ameŋudzedze, alo dzidzɔ fiana.’ Nusi gbɔ wòtso be alɔgbɔnukoko si tso dzi me ɖea vi enye si. Alɔgbɔnukoko nye ame ƒe seselelãmewo ɖeɖe fia alo wo gbɔgblɔ na amewo numakemakee. Nyateƒee, woate ŋu ako alɔgbɔnu atsɔ aɖe alɔme le ame ŋu alo wòanye gbɔɖiɖi ame hã ya, gake ema nye nya bubu kura.

Ðe alɔgbɔnukoko ɖea vi aɖe vavãa? Enyo, èɖo ŋku edzi esime ame aɖe ƒe nukomoɖoɖo na wò na gbɔdzɔe wò alo wɔe be wò dzi dze emea? Alo èɖo ŋku edzi kpɔ be esi womeɖo nukomo na ye o la, ena yetsi dzi alo yese le ye ɖokui me kura gɔ̃ hã be womexɔ ye oa? Ẽ, nukoko vie te ŋu naa nuwo trɔna bubui kura. Eɖea vi na nua kola kple amesi wòle ekom na siaa. Hiob, si ƒe ŋutinya le Biblia me gblɔ le eƒe futɔwo ŋu be: “Ne dzi ɖe le wo ƒo la, mekoa nu na wo ŋɔnyɔe, eye womete ŋu nana nye nukomo la ɖoa adã o.” (Hiob 29:24) Hiob ƒe “nukomo la” ate ŋu afia eƒe mokɔkɔɖeame alo vividodoɖeameŋu.

Alɔgbɔnukoko gale vi nyui sia ke ɖem na ame vaseɖe egbe. Nukokoɖeame vividodoɖeameŋutɔe ate ŋu ana gbɔdzɔe ame tso nuteɖeamedziwo me. Ðeko wòle abe yatoƒe si wowɔ ɖe nuɖamɔ̃ ŋu be ya si sɔ gbɔ wu mɔ̃a nato eme ado ene. Ne nu te ɖe mía dzi alo dzi ɖe le mía ƒo la, nukoko vie ate ŋu awɔe be nuteɖeamedzia dzi naɖe akpɔtɔ eye wòana míanɔ te ɖe dziɖeleameƒoa nu. Le kpɔɖeŋu me, Tomoko de dzesii zi geɖe be amewo lɔ̃a ye kpɔkpɔ. Ebui be vodada dim wole le ye ŋu le esi woɖea ŋku ɖa enumake ne wokpɔ be yele wo kpɔm ta. Ena Tomoko se le eɖokui me be yetsi akogo eye dzi medzɔnɛ o. Gbeɖeka exɔlɔ̃ aɖe do susu ɖa be ne eƒe ŋku gakli ameawo azɔ la, wòako nu ɖe wo. Tomoko tee kpɔ kwasiɖa eve eye ewɔ nuku nɛ be ameawo dometɔ ɖesiaɖe koa nu ɖe ye hã! Eƒe nuteɖeamedziawo nu yi. Egblɔ be: “Mese vivi ŋutɔŋutɔ na agbe azɔ.” Ẽ, nukomoɖoɖo wɔnɛ be wònɔa bɔbɔe be míaƒe susu nadze akɔ anyi ɖe amewo ŋu eye wònana míezua xɔlɔ̃ nyuiwo wu.

Vi si Wòɖena na Mia Kple Ame Bubuwo

Nukomoɖoɖo ate ŋu aɖe vi na ame le seselelãme gome. Enaa ame ƒe susu dzea akɔ anyi. Edea lãmesẽ hã dzi. Wogblɔna be, “Nukoko nye atike nyui aɖe.” Le nyateƒe me la, atikeŋutinunyala bibiwo gblɔ be ame ƒe susu ƒe nɔnɔme wɔa akpa vevi aɖe le amea ƒe lãmesẽ me nɔnɔ ŋu. Numekuku geɖe ɖee fia be ne nu te ɖe ame dzi didi, seselelãme manyomanyowo, kple emawo tɔgbe gbɔdzɔa ame ƒe ŋutilã ƒe avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo ƒe ŋutete. Gake alɔgbɔnukoko naa dzi dzɔa mí, eye nukoko ŋutɔŋutɔ doa ŋusẽ míaƒe ŋutilã ƒe avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo ƒe ŋutete gɔ̃ hã.

Alɔgbɔnukoko kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ŋutɔ. Kpɔe ɖa le susu me be wole aɖaŋu ɖom na wò alo le nu xlɔ̃m wò. Aleke nàdi be aɖaŋuɖolaa nawɔ moe? Moyɔyɔ alo moɖoɖo ate ŋu afia dziku, dɔmedzoedodo, amegbegbe, alo fuléle gɔ̃ hã. Gake ɖe manɔ eme be aɖaŋuɖolaa ƒe nukomoɖoɖo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ana wò dzi nadze eme eye aɖaŋuɖoɖoa nanya xɔ na wò wu oa? Le nyateƒe me la, nukoko vie ɖea ame nɔewo gɔmemasemase le nɔnɔme sesẽwo me dzi kpɔtɔna.

Tamebubu si Sɔ Naa Nukomoɖoɖo Nɔa Bɔbɔe Wu

Nyateƒee, menye fefewɔla bibi siwo te ŋu ɖoa nukomo enumake le ɣeyiɣi ɖesiaɖe ko me lae mía dometɔ akpa gãtɔ nye o; eye míedi be míawɔ nu nenema hã o. Míedi be míaƒe nukoko nanye esi le dzɔdzɔme nu eye wòtso dzi me. Dzeɖoɖoŋutinusrɔ̃ƒe nufiala aɖe gblɔ be: ‘Ele vevie be nàɖe dzi ɖi ako alɔgbɔnu tso dzi me, ne menye nenema o la, wò nukomo manɔ dzɔdzɔme nu o.’ Aleke míawɔ aɖo nukomo wòanye akuakua si tso dzi me? Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me. Egblɔ tso míaƒe nuƒoƒo ŋu le Mateo 12:34, 35 be: “Nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna. Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la.”

Ðo ŋku edzi be míaƒe seselelãmewo gbɔgblɔ nu makemakee ƒe mɔnue alɔgbɔnukoko nye. Ne ele susu me na wò be ‘nya, si ke wu dzi’ lae míegblɔna, eye be “nu nyuiwo” doa go tsoa “nunyuidzraɖoƒe” la, eme akɔ na wò ƒã be nu vevi si ana míaƒe nukoko natso dzi me la le míaƒe tamesusuwo kple seselelãmewo me. Ẽ, ɖikeke mele eme o be nusi le míaƒe dzi me ava do go míagblɔ godoo, menye le nyagbɔgblɔ alo nuwɔna me ko o ke le alesi míeɖoa moe hã me. Eyata ehiã be míadze agbagba anɔ nusiwo sɔ ŋu bum ɣesiaɣi. Alesi míebuna le amewo ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe moɖoɖo dzi ŋutɔ. Eyata mina míanɔ míaƒe ƒometɔwo, amesiwo le míaƒe nutoa me, kple mía xɔlɔ̃ veviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu bum. Ana wòanɔ bɔbɔe wu na mí be míaɖo nukomo na wo. Anye nukomo akuakua, elabena dzi si me dɔmenyonyo, nublanuikpɔkpɔ, kple dɔmekɔkɔ yɔ fũ mee wòtso. Awɔe be míaƒe ŋku dzi akɔ eye amewo akpɔe be etso míaƒe dzi me vavã.

Gake ele be míade dzesii be nusiwo me ame aɖewo to le agbe me alo nuto si me wonɔ na wòsesẽna na wo wu ame bubuwo be woako alɔgbɔnu. Ne wo haviwo ƒe nu dze wo ŋu gɔ̃ hã la, alɔgbɔnu koko ɖe amewo menya wɔna na wo o. Le kpɔɖeŋu me, Japantɔwo kpɔa mɔ tso blema ke be ele be Japan ŋutsuwo naɖo mo ta eye woalé wo ɖokui kpoo ɣesiaɣi. Eyata wo dometɔ geɖe meɖoa nukomo na amesiwo wobu be wonye amedzrowo o. Ate ŋu anɔ nenema le dukɔ bubuwo hã me. Alo ɖewohĩ ame aɖewo nye amesiwo kpea ŋu tso dzɔdzɔme eye nukomoɖoɖo na amewo ate ŋu asesẽ na wo. Eyata menye alesi amewo te ŋu koa alɔgbɔnu wòdzena nyuie alo alesi wote ŋu konɛ kabakaba ŋue míalé ŋku ɖo agblɔ be wole ale kple ale o. Menye amesiamee sɔ o, eye nenema ke amewo ƒe agbenɔnɔ kple woƒe dzeɖoɖo kple amewo hã meto mɔ ɖeka o.

Ke hã la, ne èkpɔe be esesẽna na ye be yeaɖo nukomo na amewo la, nukata màdze agbagba le eŋu o? Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o . . . Mina míawɔ nu nyui na amesiame.” (Galatiatɔwo 6:9, 10) Mɔ siwo nu míawɔ “nu nyui” na amewo le dometɔ ɖekae nye be míaɖo nukomo na wo—eye àte ŋu awɔe! Eyata dze agbagba nàtre gbedodo na amewo eye naɖo nukomo agblɔ dzideƒonamenya aɖe na wo. Woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ale gbegbe. Azɔ hã, ne èna nukomoɖoɖo zu numame na wò la, àva kpɔe be ewɔwɔ agava nɔ bɔbɔe wu.

[Aɖaka si le axa 12]

Nuxlɔ̃amenya Aɖee Nye Si

Nublanuitɔe la, enye nyateƒe be menye nukomo ɖesiaɖe si míekpɔnae tso dzi me o. Ameflulawo, adzodalawo, nudzrala gblẽkuwo, kple ame bubuwo ako nu na wò ŋɔnyɔɔ. Wonya be alɔgbɔnukoko ate ŋu ana amewo naɖe dzi ɖi eye womanɔ ŋudzɔ o. Amesiwo nɔa agbe ƒaƒã alo amesiwo ɖoa susu vɔ̃ hã ate ŋu aɖo nukomo na ame ŋɔnyɔe. Gake woƒe nukokoa metso dzi me o; ameflutɔe. (Nyagblɔla 7:6) Eyata togbɔ be mele be míabu nazã ɖe amewo ŋu akpa o hã la, ehiã be míalɔ̃ ɖe edzi be agbenɔnɔ le “ŋkeke mamlɛawo,” si nye ɣiyiɣi siwo me nɔnɔ sẽ me bia tso mía si be ‘míadze aɖaŋu abe dawo ene, eye miadza abe ahɔ̃nɛwo ene,’ abe alesi Yesu ŋutɔ xlɔ̃ nui ene.—Timoteo II, 3:1; Mateo 10:16.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Dze agbagba nàtre gbedodo na amewo kple nukomo